Romans 12
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Vɔsa gbagbewo
1Eya ta nɔvinyewo, le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, mele ŋusẽ dom mi be miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsa gbagbe si le kɔkɔe, eye wòdzea Mawu ŋu, wòanye miaƒe subɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ. 2Migazɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o, ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me, ekema miate ŋu anya, eye miakpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu; eƒe lɔlɔ̃nu si nyo, eye wòdze hede blibo la.
3Le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si wònam nu la, mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be: migabu mia ɖokuiwo amegãwoe wu ale si dze o, ke boŋ mibu mia ɖokuiwo ɖokuibɔbɔlawoe le xɔse ƒe dzidzenu si Mawu na mi la nu. 4Abe ale si ŋutinu geɖewo le miaƒe ŋutilãwo ŋu, eye ŋutinu siawo katã mewɔa dɔ ɖeka o ene la, 5nenema ke wole Kristo hã ƒe ŋutilã ŋui, eye ŋutinu siawo nye wo nɔewo tɔ, ame sia ame hiã nɔvia.
6Mawu na amenuveve ƒe nunana mía dometɔ ɖe sia ɖe be wòawɔ nu tɔxɛ aɖe nyuie. Eya ta ne Mawu na nunana wò be nàgblɔ nya ɖi la, ekema ele na wò be nàgblɔ nya ɖi ɣe sia ɣi si nàte ŋui kple zi geɖe ale si wò xɔse asẽ ŋu, ale be nàte ŋu axɔ nya tso Mawu gbɔ. 7Ne wò nunanae nye be nàsubɔ ame bubuwo la, ekema nàsubɔ wo nyuie. Ne ènye nufiala la, nàfia nu nyuie. 8Ne ènye mawunyagblɔla la, ekema ele be nàkpɔ egbɔ be ŋusẽ le yeƒe mawunya ŋu, eye wòkpena ɖe amewo ŋu. Ne Mawu na hotsui wò la, tsɔe nyo dɔ me, eye nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu. Ne Mawu na dzikpɔkpɔ ƒe nunana wò, eye wòna be nàkpɔ ame bubuwo ƒe dɔwo dzi la, ele na wò be nàlé fɔ ɖe wò dɔdeasi sia ŋu vevie. Ele na ame siwo faa akɔ na konyifalawo la be woatsɔ kristotɔwo ƒe dzidzɔ awɔe.
Miɖe lɔlɔ̃ fia mia nɔewo
9Migalɔ̃ mia nɔewo le ŋkume ko o, ke boŋ milɔ̃ wo tso dzi vavã me ke. Milé fu nu vɔ̃. Mide nu nyui dzi. 10Mitsɔ dadaviwo ƒe lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo, eye mide bubu mia nɔewo ŋu wu miawo ŋutɔ mia ɖokuiwo. 11Migagbɔdzɔ le vevidodo nu me o, ke boŋ mixɔ dzo le gbɔgbɔ me, eye misubɔ Aƒetɔ la kple dzi blibo.
12Mikpɔ dzidzɔ le ɖoɖo siwo katã Mawu le wɔwɔm ɖe mia ŋu la ŋuti. Mido dzi le xaxawo me, eye mianɔ gbedodoɖa dzi ɣe sia ɣi. 13Ne ame kɔkɔewo ge ɖe hiã me la, miɖe wo tso eme. Mikpe amewo va miaƒe aƒewo me enuenu ne woaɖu nu kpli mi; ne dzeƒe hiã wo la, mina wo.
14Ne ame aɖe wɔ nu masɔmasɔ aɖe ɖe ŋuwò le wò kristotɔnyenye ta la, mègaƒo fi dee o; do gbe ɖa ɖe eta, eye nàyrae. 15Mikpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm la; mifa konyi kple ame siwo le konyi fam la. 16Miwɔ dɔ kple mia nɔewo dzidzɔtɔe. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo o. Migadze agbagba be yewoadze amegãwo ŋu o, ke boŋ mide ha kple ame gblɔewo. Migabu be yewonya nu sia nu o.
17Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o. Miwɔ nyui, ale be ame sia ame nate ŋu akpɔe be mienye nyateƒetɔwo le goawo katã me. 18Migawɔ dzre kple ame aɖeke o, ke boŋ minɔ anyi kple ame sia ame le ŋutifafa me abe ale si miate ŋui ene.
19Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o. Migblẽ hlɔ̃biabia ɖe Mawu ƒe asi me, elabena eya ŋutɔe gblɔ be yeabia hlɔ̃ ame siwo dze na hlɔ̃biabia la.
20Le hlɔ̃biabia teƒe la,
ne dɔ le wò futɔ wum la, na nuɖuɖui.
Ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano.
Ekema àna ŋu nakpee le nu si wòwɔ ɖe ŋuwò la ta.
21Mègana nu vɔ̃ naɖu dziwò o, ke boŋ tsɔ nu nyui wɔwɔ ɖu nu vɔ̃ dzii.

Did you know?
Living Sacrifice and One Body
- Romans 12 urges the brothers, on account of God’s mercy, to offer their bodies as living sacrifices, holy and pleasing to God, and calls this their spiritual service of worship. That image of a sacrifice that remains alive stands beside the appeal not to be conformed to this world, but to be transformed by the renewing of the mind, so as to test and approve what is God’s good, pleasing, and perfect will.Sources: the Bible text itself
- The community is compared to one body with many members that do not all have the same function: in Christ the many are one body, and each member belongs to the others. Different gifts are traced to the grace given—prophecy in proportion to faith, serving, teaching, encouraging, generous giving, diligent leading, and cheerful mercy—while each person is told to think with sober judgment, according to the measure of faith God has given, and not more highly than he ought.Sources: the Bible text itself
- The chapter forbids repaying evil for evil and taking vengeance, telling the beloved to leave room for God’s wrath and, if possible on their part, to live at peace with everyone. It appeals to what is written—that vengeance belongs to the Lord, who will repay, and that a hungry enemy should be fed and a thirsty one given a drink, which will heap burning coals on his head—and it ends by urging them not to be overcome by evil, but to overcome evil with good.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org