Nations Bible

Revelation 9

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

1Mawudɔla atɔ̃lia ku eƒe kpẽ la, eye mekpɔ ɣletivi si ge tso dziƒo va dze anyigba dzi la. Wotsɔ ʋe globo la ƒe safui na ɣletivi sia. 2Esi wòʋu nu le ʋe globo la nu la, dzudzɔ do tso eme abe abolokpo gã aɖe mee dzudzɔ le dodom le ene. Dzudzɔ gã la na be ɣe kple dziŋgɔli do viviti. 3Ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe do go tso dzudzɔ la me va anyigba dzi, eye wòna ŋusẽ wo be woawɔ nu abe ahɔ̃ siwo le anyigba dzi la ene. 4Wode se na wo be womegagblẽ gbe siwo le anyigba dzi, numiemie loo alo atiwo o, ke boŋ woagblẽ ame siwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o la. 5Womena ŋusẽ wo be woawu wo o, ke boŋ be woawɔ funyafunya wo dzinu atɔ̃. Ale fukpekpe si me woto la nɔ abe ale si ame si ahɔ̃ te la sea vevee ene. 6Le ŋkeke mawo me la, amewo adi ku, gake womakpɔe o. Ku adzro wo vevie, gake ku asi abu ɖe wo.

7Ʋetsuviawo ƒe dzedzeme le abe sɔ siwo bla akpa hena aʋayiyi ene. Woɖɔ nane ɖe ta si le abe sikafiakuku ene, eye woƒe mowo ɖi amegbetɔwo tɔ. 8Woƒe ɖa le abe nyɔnuwo ƒe ɖa ene, eye woƒe aɖuwo le abe dzatawo tɔ ene. 9Wodo akɔtakpoxɔnu siwo le abe gayibɔkɔtakpoxɔnuwo ene, eye woƒe aʋalawo ƒe hoowɔwɔ le abe sɔwo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ne wolũ ɖe aʋa me la ene. 10Asiketiwo kple tiwo le wo si abe ahɔ̃wo tɔ ene, eye ŋusẽ le woƒe asiketiwo me be woawɔ funyafunya amewo hena ɣleti atɔ̃. 11Woƒe fiae nye mawudɔla si le ʋe globo la dzi kpɔm, ame si ƒe ŋkɔe nye Abadon le Hebrigbe me kple Apolion le Grikgbe me (si gɔmee nye Nugblẽla).

12Vɔ̃ gbãtɔ nu va yi, eye vɔ̃ eve bubuwo le mɔ dzi gbɔna.

13Mawudɔla adelia ku eƒe kpẽ la. Tete mese gbe aɖe tso sikavɔsamlekpui si nɔ Mawu ŋkume la ƒe lãdzowo gbɔ. 14Gbe la gblɔ na mawudɔla adelia si lé kpẽ la ɖe asi la be, “Ɖe ga mawudɔla ene siwo wobla da ɖe Frat tɔsisi gã la to la.” 15Ale woɖe ga mawudɔla ene siwo wodzra ɖo ɖi na gaƒoƒo vevi, ŋkeke vevi, dzinu vevi kple ƒe vevi sia be woayi aɖawu amegbetɔƒomea ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka. 16Asrafo siwo do sɔ la ƒe xexlẽme anɔ miliɔn alafa eve (200,000,000). Nye ŋutɔ mekpɔ woƒe xexlẽme.

17Sɔ kple sɔdola siwo mekpɔ le nye ŋutega me la ƒe dzedzeme nɔ ale: Woƒe akɔtakpoxɔnu biã hẽe abe dzo ene; ɖewo nye blɔ, eye ɖewo hã ɖi aŋuti ɖiɖi abe sulfakpe ene. Sɔawo ƒe tawo ɖi dzatawo ƒe ta, eye dzudzɔ kple sulfakpe do tso woƒe nuwo me. 18Dzo, dzudzɔ kple sulfakpe si do go tso sɔawo ƒe nu me la wu amegbetɔƒomea ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka. 19Sɔawo ƒe ŋusẽ le woƒe nuwo kple asiketiwo me, elabena woƒe asiketiwo le abe dawo ene, eye ta li na asiketiawo, esiwo wotsɔna dea abi amewo ŋui.

20Amegbetɔƒomea si susɔ, ame siwo dɔvɔ̃ siawo mewu o la gbe tɔtrɔ le woƒe asiwo ƒe nu tovowo wɔwɔ me. Wogbe be yewomaɖe asi le gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ, sika, klosalo, akɔbli, kpe kple ati legba siwo metea ŋu kpɔa nu, sea nu loo alo zɔna o la subɔsubɔ ŋuti o. 21Nenema ke wometrɔ le woƒe amewuwu, afakaka, ahasiwɔwɔ alo fififi yome o.

Did you know?

The Abyss, the Destroyer, and the Euphrates

  • In Revelation 9, the locusts are ruled by the angel of the Abyss, named Abaddon in Hebrew and Apollyon in Greek. Easton's Bible Dictionary (1897) explains the Hebrew name as destruction and the Greek name as destroyer, and suggests taking the word as a personification of the idea of destruction or as Sheol, the realm of the dead. It notes that the Hebrew word is translated destruction in Job and Proverbs, while the Revised Version keeps Abaddon in the last three of those passages.Sources: the Bible text itself · Apollyon
  • In Revelation 9, the sixth trumpet releases four angels bound at the great river Euphrates. Easton's Bible Dictionary (1897) gives the Hebrew name Perath, the Assyrian name Purat, and the Persian cuneiform form Ufratush, from which the Greek Euphrates comes; it says the Greek name means sweet water and the Assyrian name means the stream or the great stream. In Scripture the river is often simply the river or the great river, named as one of the rivers of Paradise and as a boundary of the land promised to Abraham's descendants.Sources: the Bible text itself · Euphrates
  • Revelation 9 presents the fifth trumpet as the first of three woes. Its locusts may torment people for five months with a sting like a scorpion's, but they are not permitted to kill. After that woe passes, the horses seen at the sixth trumpet kill a third of humankind by fire, smoke, and sulfur from their mouths.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Euphrates · Today: Euphrates River · 31.004, 47.442 · verse 14

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.