Nations Bible

Revelation 5

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Alẽvi la kple agbalẽ la

1Tete mekpɔ agbalẽ aɖe le ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la ƒe nuɖusime. Woŋlɔ nu ɖe agbalẽ la me kple egodo siaa, eye wotree kple nutrenu adre. 2Eye mekpɔ mawudɔla dzɔatsu aɖe le gbeƒã ɖem kple gbe sesẽ aɖe le gbɔgblɔm be, “Ame kae dze aɖe nutrenuawo ɖa alo aʋu agbalẽ la?” 3Gake ame aɖeke mele dziƒo, anyigba dzi loo alo anyigba te si ate ŋu aʋu agbalẽ la alo akpɔ eme o. 4Mefa avi vevie, elabena ame aɖeke meli si ŋu wokpɔ ŋudzedze le si dze be wòaʋu agbalẽ la alo akpɔ eme o. 5Tete amegãxoxoawo dometɔ ɖeka gblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, mègafa avi o, elabena Yuda ƒe to la ƒe Dzata si tso David ƒe ke me la ɖu dzi. Eyae ate ŋu aʋu agbalẽ la, eye wòaɖe nutrenu adreawo ɖa.”

6Eye mekpɔ Alẽvi aɖe, wòdze abe ɖe wowui ene, eye wònɔ tsitre ɖe fiazikpui la titina. Nu gbagbe eneawo kple amegãxoxoawo ƒo xlãe. Dzo adre kple ŋku adre nɔ esi, esiwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo, esiwo wodɔ ɖo ɖe anyigba blibo la dzi. 7Eyae va xɔ agbalẽ la le ame si nɔ fiazikpui la dzi la ƒe nuɖusime. 8Esi wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo dze klo tsyɔ mo anyi ɖe Alẽvi la ŋgɔ. Kasaŋku nɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe si, eye sikagba si yɔ fũu kple dzudzɔʋeʋĩdonu siwo nye ame kɔkɔeawo ƒe gbedodoɖa la hã nɔ woƒe asi me. 9Wodzi ha yeye be,

“Wòe dze be nàʋu agbalẽ la,

eye nàɖe nutrenu adreawo ɖa,

elabena wowu wò kpɔ,

eye nètsɔ wò ʋu ƒle amewoe na Mawu.

Tso to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ,

Nuto ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me,

10Èwɔ wo be woanye fiaɖuƒewo kple nunɔlawo ne woasubɔ míaƒe Mawu la,

eye woaɖu fia le anyigba dzi.”

11Tete mekpɔ, eye mese mawudɔla gbogbo aɖewo ƒe gbe siwo ƒe xexlẽme anye akpeakpewo kple akpe ewo (10,000) teƒe akpe ewo (10,000). Woɖe to ƒo xlã fiazikpui la, nu gbagbe eneawo kple amegãxoxoawo. 12Wole ha dzim kple gbe sesẽ be,

“Alẽvi si wowu la, eyae dze,

be wòaxɔ ŋusẽ, kesinɔnu, nunya kple ŋutete,

kple bubu, ŋutikɔkɔe kple kafukafu.”

13Esia megbe la, mese nu gbagbe siwo katã le dziƒo, anyigba dzi, anyigba te, atsiaƒu me kpe ɖe nu siwo katã nɔ wo me la ŋuti nɔ ha dzim be,

“Alẽvi si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la tɔe

nye kafukafu, bubu, ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ,

tso mavɔ me yi mavɔ me!”

14Nu gbagbe eneawo gblɔ be, “Amen.” Tete amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo tsyɔ mo anyi, eye wosubɔe.

Did you know?

The Lamb Worthy to Open the Scroll

  • One of the elders tells the weeping narrator not to weep, because the Lion of the tribe of Judah, the Root of David, has triumphed to open the scroll and its seven seals. The entry on David calls him Beloved and identifies him as the eighth and youngest son of Jesse, a citizen of Bethlehem, who tended his father's sheep on the uplands of Judah.Sources: the Bible text itself · David
  • What is seen next is not a lion but a Lamb that appeared to have been slain, standing in the center of the throne, with seven horns and seven eyes. The vision itself says that those horns and eyes represent the seven Spirits of God sent out into all the earth.Sources: the Bible text itself
  • When the Lamb takes the scroll, the four living creatures and the twenty-four elders fall down before him; each has a harp, and they hold golden bowls full of incense, which the passage identifies as the prayers of the saints. The new song says that he was slain and that by his blood he purchased for God those from every tribe, tongue, people, and nation.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.