Nations Bible

Revelation 3

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Gbedeasi na Sardis hame la

1“Ŋlɔ agbalẽ na Sardis hamea ƒe mawudɔla be,

Esiawoe nye nya siwo ame si lé Mawu ƒe Gbɔgbɔ adreawo kple ɣletivi adreawo ɖe asi la gblɔ.

Menya wò dɔwɔwɔwo; wò ŋkɔ ɖi le teƒewo be èle agbe, gake èku 2Nyɔ! Do ŋusẽ nu siwo susɔ, eye wole kumɔ dzi la, elabena nyemekpɔ be wò dɔwɔwɔ de blibo le nye Mawu ŋkume o, 3eya ta ɖo ŋku nu si nèxɔ, eye nèse la dzi; wɔ edzi, eye nàtrɔ dzi me. Ke ne mènyɔ o la, mava gbɔwò abe fiafitɔ ene, eye mànya ga si me mava gbɔwò o.

4Ke hã la, ame ʋɛ aɖewo le asiwò le Sardis, ame siwo meƒo ɖi woƒe awuwo o. Woazɔ kplim, eye woanɔ awu ɣiwo me, elabena wodze nɛ. 5Ame si ɖu dzi la hã anɔ abe wo ameawo ene, anɔ awu ɣi me. Nyematutu eƒe ŋkɔ ɖa le agbegbalẽa me gbeɖe o, ke boŋ maʋu eƒe ŋkɔ me le Fofonye kple eƒe mawudɔlawo ŋkume. 6Ame si to senu li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.

Gbedeasi na Filadelfia hame la

7“Ŋlɔ agbalẽ na Filadelfia hamea ƒe mawudɔla be,

Esiawo nye ame si le kɔkɔe, nye nyateƒetɔ, eye David ƒe safui le esi la ƒe nyawo. Nu si wòʋu la, ame aɖeke mate ŋu atui o, eye nu si wòtu la, ame aɖeke mate ŋu aʋui o.

8Menya wò dɔwɔwɔwo. Kpɔ ɖa, metsɔ ʋɔ si le ʋuʋu si ame aɖeke mate ŋu atu o la ɖo ŋkuwòme. Menya be wò ŋusẽ le sue, ke hã la, èlé nye nya me ɖe asi, eye mègbe nu le nye ŋkɔ gbɔ o. 9Mana ame siwo nye Satana ƒe ƒuƒoƒemenɔlawo, ame siwo gblɔ be yewonye Yudatɔwo, evɔ womenyee o, ke boŋ wonye alakpatɔwo la ava de ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woaʋu eme be melɔ̃ wò. 10Esi nèlé nye sedede me ɖe asi be nànɔ te le dzigbɔɖi me ta la, nye hã maɖe wò le dodokpɔ ƒe gaƒoƒo si gbɔna xexea me katã dzi, be woado anyigbadzinɔlawo kpɔ la me.

11Kpɔ ɖa, megbɔna kaba! Lé ŋusẽ sue si le asiwò la me ɖe asi sesĩe ale be ame aɖeke maxɔ wò fiakuku la le asiwò o. 12Ame si aɖu dzi la, mawɔe wòazu sɔti le Mawu ƒe gbedoxɔ me, eye magado go akpɔ o. Maŋlɔ nye Mawu ƒe ŋkɔ ɖe eŋu, eye wòazu dumevi, atso nye Mawu ƒe du, Yerusalem Yeye la me. Du sia aɖiɖi tso nye Mawu gbɔ le dziƒo. Mawu ana woaŋlɔ nye ŋkɔ yeye la ɖe ame sia ŋu. 13Ame sia ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.

Gbedeasi na Laodikea hame la

14“Ŋlɔ agbalẽ sia na hame si le Laodikea ƒe mawudɔla,

Nya siawo tso ame si nye Amen, ame si nye ɖaseɖila, nuteƒewɔla kple anukwaretɔ, ame si nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la gbɔ.

15Menya wò nyuie be mèfa o, eye mèxɔ dzo hã o. Madi be nàfa alo nàxɔ dzo hafi! 16Ke esi nèle evedome si alea ta la, matu wò aƒu gbe tso nye nu me! 17Ègblɔ be, ‘Menye kesinɔtɔ. Nu sia nu si mehiã la le asinye. Naneke mehiãm o!’ Ke mènyae be yenye nublanuitɔ, ame dahe kple ŋkuagbãtɔ, eye yele amama o. 18Nye aɖaŋuɖoɖo na wòe nye be nàƒle sika nyuitɔ si ŋu wokɔ kple dzo la le gbɔnye. Eya koe ana nànye kesinɔtɔ vavãtɔ. Emegbe la, nàƒle awu ɣi kɔkɔewo le gbɔnye, ale be màganɔ amama, eye ŋu nakpe wò o. Kpe ɖe esia ŋu la, nàƒle ŋkutike le gbɔnye, ada gbe le wò ŋkuwo ŋu, eye nàgakpɔ nu.

19Mehea to na ame sia ame si melɔ̃na la enuenu, eya ta ele be mahe to na wò, negbe ɖeko nàɖe asi le wò ɖekematsɔleme ŋu, eye nàtsɔ dzo ɖe nu siwo ku ɖe Mawu ŋu la ŋuti hafi. 20Kpɔ ɖa! Metsi tsitre ɖe ʋɔtru la nu, eye mele eƒom. Ne ame aɖe se nye gbe, eye wòʋu ʋɔa la, mage ɖe eme, eye mi kplii míade asi agba me aɖu nu ɖekae.

21Mana ame si ɖu dzi la nanɔ nye axadzi le nye fiazikpui dzi abe ale si nye hã meɖu dzi, eye mele Fofonye gbɔ le eƒe fiazikpui dzi ene. 22Ame siwo to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.”

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Letters to Sardis, Philadelphia, and Laodicea

  • Revelation 3 is a set of letters to churches in three cities of Asia Minor. Sardis, the metropolis of Lydia, stood on the river Pactolus at the foot of Mount Tmolus. Philadelphia, a name that means “brotherly love,” lay about twenty-five miles southeast of Sardis, while Laodicea stood on the Lycus, where Phrygia and Lydia meet, about forty miles east of Ephesus.Sources: Sardis · Philadelphia · Laodicea · the Bible text itself
  • Laodicea was first called Diospolis and then Rhoas. It was later named Laodicea after Laodice, the wife of Antiochus II, king of Syria, who rebuilt it. Easton's Bible Dictionary (1897) calls it one of the most important and flourishing cities of Asia Minor and an early leading center of Christianity; in the letter, that church is said to claim that it is rich, has grown wealthy, and needs nothing.Sources: Laodicea · the Bible text itself
  • The letter to Philadelphia speaks of a “synagogue of Satan” and of people who claim to be Jews but whom it calls liars. Satan means “adversary” or “accuser,” and in the New Testament the name is used interchangeably with the devil.Sources: Satan · the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Sardis · 38.488, 28.040 · verses 1, 4
  • Philadelphia · Today: Alaşehir · 38.350, 28.517 · verse 7
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 12
  • Laodicea · Today: Laodicea on the Lycus · 37.836, 29.108 · verse 14

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.