Revelation 21
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Yerusalem yeye la
1Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, elabena dziƒo gbãtɔ kple anyigba gbãtɔ nu va yi, eye atsiaƒu aɖeke hã megali o. 2Mekpɔ Du Kɔkɔe la si nye Yerusalem yeye la le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye woɖo atsyɔ̃ nɛ abe ŋugbetɔ si wowɔ leke na hena srɔ̃a ene. 3Tete mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be, “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe nɔƒe le amegbetɔwo dome azɔ, eye wòanɔ wo gbɔ. Woanye eƒe dukɔ, Mawu ŋutɔ anɔ wo gbɔ, eye wòanye woƒe Mawu. 4Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo dzi; ku alo konyifafa alo avifafa alo vevesese maganɔ anyi o, elabena nuɖoanyi xoxoawo nu va yi.”
5Ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la gblɔ be, “Mele nuwo katã wɔm yeyee!” Tete wògblɔ be, “Ŋlɔ nu sia da ɖi, elabena nya siawo nye nya siwo dzi woaka ɖo, eye wonye nyateƒenyawo hã.”
6Eyi edzi gblɔ nam be, “Wowɔe vɔ. Nyee nye Alfa kple Omega, Gɔmedzedze kple Nuwuwu. Ame si tsikɔ le wuwum la, mana tsii wòano tso agbetsivudo la me femaxee. 7Ame si ɖu dzi la, anyi nu siawo katã ƒe dome, eye manye eƒe Mawu, eye eya hã anye vinye, 8gake vɔvɔ̃nɔtɔwo, dzimaxɔsetɔwo, ame vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dolawo, ahasiwɔlawo, akunyawɔlawo, trɔ̃subɔlawo kple alakpatɔwo katã la, woƒe nɔƒe anye aŋɔdzota si le bibim ŋɔdzitɔe la me. Esiae nye ku evelia.”
9Mawudɔla adre siwo lé kplu adre siwo me dɔvɔ̃ adre mamlɛawo le la dometɔ ɖeka va gblɔ nam be, “Va, ne mafia ŋugbetɔ si nye Alẽvi la srɔ̃ la wò.” 10Tete wòkɔm dzoe le Gbɔgbɔ la me heyi ɖe to gã kɔkɔ aɖe dzi, eye wòɖe Du Kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ la fiam. 11Ele keklẽm kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, eye eƒe keklẽ le abe kpe xɔasi aɖe ene, eye wòle abe yaspakpe ene, eye eme kɔ keŋkeŋkeŋ abe kristalokpe ene. 12Wotɔ kpɔ titri kɔkɔ aɖe ɖe eŋu, eye woɖe mɔnu wuieve siwo nu agbo le la ɖe gli la me, eye mawudɔla wuieve le agboawo nu. Woŋlɔ Israel ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe agboawo dzi. 13Agbo etɔ̃ le ɣedzeƒe, etɔ̃ le anyiehe, etɔ̃ le dziehe, eye etɔ̃ le ɣetoɖoƒe. 14Woɖo gɔmeɖokpe wuieve na du la ƒe gliwo, eye woŋlɔ Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.
15Mawudɔla si ƒo nu kplim la lé sikanudzidzenu ɖe asi be yeadzidze du la, eƒe agbowo kple eƒe gliwo. 16Wotso du la ale be eƒe kekeme kple didime siaa sɔ. Edzidze du la, eye wòkpɔ be eƒe didime, kekeme kple kɔkɔme katã nye dzidzeme ɖeka si nye kilomita akpe eve kple alafa eve (2,200). 17Edzidze gli la ƒe titrime, eye le amegbetɔ ƒe dzidzeka si mawudɔla la lé la nu la, titrime la le mita blaade-vɔ-atɔ̃. 18Wotsɔ yaspakpe xɔasi ɖo gli lae, eye wotsɔ sika si me kɔ abe ahuhɔ̃e ene la tso du lae. 19Wotsɔ kpe xɔasi vovovowo ɖo atsyɔ̃ na dua ƒe gli ƒe gɔmeɖokpee. Yaspakpe nye fli gbãtɔ, wotsɔ safirkpe ɖo fli eveliae, fli etɔ̃lia nye kalkedonikpe, fli enelia nye emeraldkpe; 20woɖo fli atɔ̃lia kple sardonixkpe, fli adelia nye karneliakpe, adrelia nye krisolitekpe, enyilia nye berilkpe, asiekɛlia nye topazkpe, ewolia nye krisoprasekpe, wuiɖekɛlia nye yakintkpe, eye wuievelia nye ametistkpe. 21Agbo wuieveawo nye kpe xɔasi wuieve, eye wowɔ agbo ɖe sia ɖe kple kpe xɔasi ɖeka. Wowɔ dumɔ gã la kple sika akuakua, eye eme dza abe ahuhɔ̃e ene.
22Nyemekpɔ gbedoxɔ aɖeke le du la me o, elabena Aƒetɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ kple Alẽvi lae nye eƒe gbedoxɔ. 23Du la mehiã ɣe alo ɣleti be woaklẽ nɛ o, elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe naa kekelii, eye Alẽvi lae nye eƒe akaɖi. 24Dukɔwo azɔ le eƒe kekeli nu, eye anyigbadzifiawo atsɔ woƒe atsyɔ̃ age ɖe eme. 25Eƒe agbowo anɔ ʋuʋu ɖi ɖaa, elabena zã mado le afi ma o. 26Woatsɔ dukɔwo ƒe ŋutikɔkɔe kple bubu ava eme. 27Nu makɔmakɔ aɖeke mage ɖe eme gbeɖe o; nenema kee nye ŋunyɔnuwɔlawo kple ameblelawo hã, negbe ame siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽ la me koe age ɖe eme.

Did you know?
The New Jerusalem
- In this vision the city coming down from heaven is called the holy city, the new Jerusalem. Jerusalem was also known as the holy city and the city of God, and in Arabic it is el-Khuds, meaning the holy. Its name is in a dual form and means possession of peace or foundation of peace.Sources: the Bible text itself · Jerusalem
- The seer is carried in the Spirit to a great and high mountain and shown that holy city descending. Jerusalem is described as a mountain city enthroned on a mountain stronghold, and the dual form of the name probably refers to the two mountains on which it was built, Zion and Moriah, or, as some suppose, to the upper and lower city.Sources: the Bible text itself · Jerusalem
- The city wall has twelve gates, three on each side, inscribed with the names of the twelve tribes of Israel. Israel is another name for Jacob, explained as one who follows on another's heels, or as a supplanter.Sources: the Bible text itself · Jacob (Israel)
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org