Nations Bible

Revelation 17

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Gbolo gã la kple lã wɔadã la

1Mawudɔla adreawo dometɔ ɖeka si lé kplu adreawo ɖe asi la va gblɔ nam be, “Va, mafia tohehe si woana gbolo gã si nɔ anyi ɖe tsi geɖewo dzi la wò. 2Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigbadzitɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe wain mu.”

3Tete mawudɔla la kɔm le gbɔgbɔ me yi gbedzi. Afi ma mekpɔ nyɔnu aɖe si nɔ anyi ɖe lã dzĩ aɖe dzi, esi ŋu busuŋkɔwo le la. Lã la to ta adre kple dzo ewo. 4Nyɔnu la do awu legbe si wotɔ kple avɔ blɔ kple avɔ dzĩ, eye wòde sikakɔga keklẽwo, kpe xɔasi dzonuwo kple dzonu bubuwo kɔ. Sikakplu si yɔ fũu kple ŋunyɔnuwo kple eƒe ahasiwɔwɔ ƒe ŋunyɔnu la le esi. 5Woŋlɔ ŋkɔ si nye nya ɣaɣla la ɖe eƒe ŋgonu be:

Babilonia gã la,

gbolowo kple anyigbadziŋunyɔnuwo dada.

6Mekpɔ be nyɔnu la mu ame kɔkɔewo kple ame siwo ɖi ɖase le Yesu ŋuti la ƒe ʋu. Esi mekpɔe la, nye mo wɔ yaa. 7Tete mawudɔla la biam be, “Nu ka ta wò mo wɔ yaa ɖo? Maɖe nyɔnu la kple lã si dom wòle, lã si to ta adre kple dzo ewo la ƒe nu ɣaɣla me na wò. 8Lã si nèkpɔ la nɔ anyi tsã, gake megali fifia o, eye ado tso ʋe globo la me ayi eƒe tsɔtsrɔ̃ la me. Anyigbadzitɔ siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me o la ƒe mo awɔ yaa ne wokpɔ lã la, elabena enɔ anyi tsã, ke megali fifia o, gake agatrɔ ava.

9“Nya sia hiã na susu si me nunya le. Ta adreawo nye togbɛ adre siwo dzi nyɔnu la nɔ anyi ɖo la. Woganye fia adrewo hã. 10Wo ame atɔ̃ dze anyi, ɖeka li fifia, eye ɖeka mekpɔ va haɖe o. Ke ne eva la, anɔ anyi hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko. 11Lã si nɔ anyi kpɔ, eye megali fifia o lae nye fia enyilia. Enye fia adreawo dometɔ ɖeka, eye wòyina ɖe eƒe tsɔtsrɔ̃ la me.

12“Dzo ewo siwo nèkpɔ la nye fia ewo siwo si fiaɖuƒe mesu haɖe o la, gake woana dziɖuɖuŋusẽ wo abe fiawo ene, kpe ɖe lã la ŋu hena gaƒoƒo ɖeka. 13Taɖodzinu ɖeka le wo si, eye woatsɔ woƒe ŋusẽ kple dziɖuɖuŋusẽ ana lã la. 14Woawɔ aʋa kple Alẽvi la, gake Alẽvi la aɖu wo dzi, elabena eyae nye aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ kple fiawo ƒe Fia la, eye eƒe ame tiatiawo, ame siwo wòyɔ kple ame siwo dze eyome le anukware me la anɔ egbɔ.”

15Mawudɔla la yi edzi gblɔ nam be, “Tsi siwo nèkpɔ, esiwo dzi gbolo la nɔ anyi ɖo la nye amewo, amehawo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo. 16Lã la kple eƒe dzo ewo siwo nèkpɔ la alé fu gbolo la, woahee va gbegblẽ me, eye woagblẽe ɖi amamae; woaɖu eƒe lã, eye woatɔ dzoe, 17elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me be woana eƒe tameɖoɖo nava eme ne woalɔ̃ atsɔ woƒe ŋusẽ ana lã la ne wòatsɔ aɖu dzii va se ɖe esime Mawu ƒe nyawo nava eme. 18Nyɔnu si nèkpɔ la, eyae nye du gã si le anyigbadzifiawo dzi ɖum.”

Did you know?

The mystery of Babylon the Great

  • A mysterious name is written on the woman's forehead: Babylon the Great, mother of prostitutes and of the abominations of the earth. The angel explains that the woman is the great city that rules over the kings of the earth.Sources: the Bible text itself
  • A place entry records Babylon as the Greek form of Babel, and the Semitic form Babilu as meaning "The Gate of God." It also says that in Assyrian tablets the name means "the city of the dispersion of the tribes." The same entry places the city on the Euphrates, about two hundred miles above that river's junction with the Tigris.Sources: Babylon
  • The angel interprets images in the vision. The waters where the prostitute sits are peoples, multitudes, nations and tongues. The seven heads are seven mountains on which the woman sits; the passage also speaks of seven kings, and the ten horns are ten kings who have not yet received a kingdom.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Babylon · Today: Rome · 41.892, 12.485 · verse 5

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.