Philippians 2
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Midze Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu yome
1Azɔ ne nuxɔxlɔ̃ aɖe li le Kristo me, ne lɔlɔ̃ ƒe dzideƒonya aɖe li, ne gbɔgbɔ ƒe hadede aɖe li, ne dɔmetɔtrɔ aɖe kple nublanuikpɔkpɔ aɖe li la, 2ekema mina makpɔ dzidzɔ vavãtɔ to miaƒe taɖodzinu ɖeka kple mia nɔewo lɔlɔ̃ me; eye mitsɔ gbɔgbɔ ɖeka kple susu ɖeka wɔ dɔe aduadu.
3Miganye ɖokuitɔdilawo o; migawɔ nu be miadze ame bubuwo ŋu o. Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mibu ame bubuwo be wonyo wu mi. 4Tɔnye ko nenyo meganɔ mia me o; ke boŋ mibu ame bubuwo hã ŋuti, eye miatsɔ ɖe le nu si wɔm wole la me.
5Mina susu ma ke si nɔ Kristo Yesu hã me la nanɔ miawo hã mia me.
6Ame si, esi wònye be Mawu ƒe nɔnɔme mee wònɔ hã la,
mebui be yesɔ kple Mawu o,
7ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui hetsɔ dɔla ƒe nɔnɔme do,
eye wòva le ame ƒe nɔnɔme me.
8Esi wònɔ ame ƒe nɔnɔme me la,
ebɔbɔ eɖokui,
ɖo to yi ɖase ku me,
yi ɖase atitsogaŋutiku me ke!
9Eya ta Mawu doe ɖe dzi yi ɖase teƒe kɔkɔtɔ kekeake,
eye wòtsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔwo katã ta la nɛ.
10Be le Yesu ƒe ŋkɔ me, ame sia ame,
adze klo nɛ le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te,
11eye aɖe sia aɖe aʋu eme be Yesu Kristoe nye Aƒetɔ,
hena Mawu Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe.
Ɣletivi keklẽwo
12Esia ta xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, abe ale si mienye sedziwɔlawo ene, esi menɔ mia gbɔ la, ele be miagalé seawo dzi wɔwɔ me ɖe asi sesĩe wu, esi nyemegale mia gbɔ o. Miwɔ miaƒe xɔxɔkpɔkpɔ ŋu dɔ le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me, 13elabena Mawue le dɔ wɔm le mia me. Eyae kpena ɖe mia ŋu be miaɖo toe, eye miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.
14Miwɔ nu sia nu liʋĩliʋĩlilĩ kple nyahehe manɔmee, 15ale be miazu mokakamanɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo. Minɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o, abe Mawu ƒe vi siwo le xexe si me do viviti tsiɖitsiɖi heyɔ fũu kple ame mawɔnuteƒewo kple kɔlialiatɔwo la ene. Miklẽ le wo dome abe ɣletiviwo ene, 16eye migblɔ Agbenya la na wo, be mate ŋu aƒo adegbe le Kristo ƒe vavagbe be nyemewɔ dɔ vlo o.
Ekema nenye be Kristo gava la, makpɔ dzidzɔ gã aɖe be nyemewɔ dɔ si meɖe vi aɖeke o. 17Eye nenye be wokɔ nye ʋu ɖi abe nunonovɔsa ene na Mawu ɖe miaƒe xɔse ta hã la, anye dzidzɔ nam, eye makpɔ dzidzɔ kpli mi. 18Eya ta miawo hã, mikpɔ dzidzɔ kplim.
Timoteo kple Epafrodito
19Mele mɔ kpɔm be ne Aƒetɔ Yesu lɔ̃ la, maɖo Timoteo ɖa be wòava kpɔ mi ɖa kpuie. Ekema ne etrɔ gbɔ la, nu siwo wòava gblɔ nam tso nu siwo katã wɔm miele kple ale si miele dɔa dzii ŋu la, ana dzi nagaɖo ƒonye. 20Ame aɖeke megali si tsɔ ɖe le miaƒe nya me le nyateƒe me wu Timoteo o. 21Edze abe ɖe bubuawo katã tsi dzi ɖe woawo ŋutɔ ƒe ɖoɖowo ŋuti, eye menye ɖe Yesu Kristo tɔwo ŋu o ene. 22Ke mienya Timoteo nyuie. Ɖe wòle nam abe vi ene, eye wòwɔa dɔ kplim le nyanyui la gbɔgblɔ me. 23Mele mɔ kpɔm be maɖoe ɖe mi kpuie; mekpɔ nu siwo le dzɔdzɔm ɖe dzinye la gbɔ vɔ. 24Eye mele dzi ɖom ɖe Aƒetɔ la ŋu be ana be nye ŋutɔ hã mava kpɔ mi ɖa kpuie.
25Le ɣeyiɣi sia me la, mebui be enyo be magbugbɔ nɔvinye Epafrodito aɖo ɖe mi. Ezu nɔvinye, nye dɔwɔhati, asrafo, ame si nye miaƒe dɔla si mieɖo ɖa be wòana kpekpeɖeŋum le nye hiahiãwo me la. 26Azɔ la, megbugbɔe le ɖoɖom ɖe mi, elabena ele mia susum, eye esi miese be edze dɔ la, ele nu xam. 27Le nyateƒe me la, edze dɔ, eye wòku kloe, gake Mawu kpɔ nublanui na nye kplii siaa, be metsɔ eƒe ku ƒe nuxaxa tsɔ kpe esiwo le dzinye xoxo la o.
28Eya ta metsi dzi vevie be maɖoe ɖe mi, eye ne miegakpɔe la, miakpɔ dzidzɔ, eye esia aɖe nye nuxaxawo dzi kpɔtɔ. 29Mido dzaa nɛ le Aƒetɔ la me kple dzidzɔ gã aɖe eye miɖe miaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiae, 30elabena eƒe agbe ɖo xaxa gã aɖe me ɖe Kristo ƒe dɔ la ta, eye wòku kloe le esime wònɔ agbagba dzem be yeawɔ nu siwo miete ŋu wɔ nam o la, ɖe ale si miele adzɔge le gbɔnye ta.
Did you know?
Unity and the Humility of Christ
- Timothy was a young disciple and Paul’s companion on many journeys, and Paul called him his own son in the faith; the name Timotheus is explained as meaning “Honouring God.” In Philippians 2 Paul says he has no one else like Timothy, who will genuinely care for the Philippians’ needs, and that Timothy has served with him as a child with his father to advance the gospel.Sources: Timotheus · the Bible text itself
- In Philippians 2 Paul sends back Epaphroditus, calling him his brother, fellow worker, and fellow soldier, and also the Philippians’ messenger and the one who ministered to Paul’s needs. Epaphroditus had been ill, nearly to death, and Paul says he risked his life for the work of Christ to make up for the service the Philippians could not give in person.Sources: the Bible text itself
- In Philippians 2 Paul asks the Philippians to have the same mind that was in Christ Jesus: existing in the form of God, he did not consider equality with God something to be grasped, but emptied himself, took the form of a servant, and became obedient to death, even death on a cross. The chapter says God therefore exalted him and gave him the name above every name, so that every tongue would confess that Jesus Christ is Lord, to the glory of God the Father.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org