Numbers 29
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Kpẽwo ƒe Ŋkekenyui
1“Woaɖu Kpẽwo ƒe Ŋkekenyui le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe. Ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe aɖe gbe ma gbe, eye womawɔ dɔ aɖeke o. 2Gbe ma gbe la, miatsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko la awɔ numevɔsa na Yehowa. Vɔsalã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo. Vɔsa siawo nye nu siwo dzea Yehowa ŋu. 3Tsɔ nuɖuvɔsa si wowɔ kple wɔ memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la akpe ɖe nyitsu la ŋu, nàtsɔ wɔ lita ene kple afã akpe ɖe agbo la ŋu, 4eye nàtsɔ wɔ memee lita eve akpe ɖe alẽvi adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 5Hekpe ɖe esiawo ŋu la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hena avuléle ɖe miawo ŋutɔ ta. 6Vɔsa tɔxɛ siawo akpe ɖe ɣleti sia ɣleti ƒe numevɔ siwo miesana ɖaa la ŋuti gbe ma gbe abe ɣleti yeye ƒe numevɔsa ene. Miawɔ esia akpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, siwo miewɔna kple nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu abe ale si seawo xlẽe fia la ene.”
Avuléŋkeke ƒe vɔsawo
7“Le ŋkeke ewo megbe la, ameawo katã agakpe ta. Ame sia ame abɔbɔ eɖokui le Yehowa ŋkume, eye womawɔ dɔ aɖeke ƒomevi o. 8Gbe ma gbe la, miasa numevɔ si adze Yehowa ŋu ŋutɔ la kple nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka. Lã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me. 9Sa nuɖuvɔ kple wɔ memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la kpe ɖe nyitsu la ŋu kple wɔ memee lita ene kple afã kpe ɖe agbo la ŋu, 10eye wɔ memee lita eve akpe ɖe alẽvi adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 11Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hã. Esia akpe ɖe avuléŋkeke la ƒe nu vɔ̃ vɔsa si miesana ƒe sia ƒe le ŋkeke ma dzi la ŋuti, hekpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti.”
Agbadɔmeŋkekenyuiwo
12“Le ŋkeke atɔ̃ megbe la, ameawo katã agawɔ takpekpe, eye ame aɖeke mawɔ dɔ sesẽ aɖeke o. Esia nye ŋkeke adre ƒe ŋkekenyui si woaɖu le Yehowa ŋkume la ƒe gɔmedzedze. 13Miaƒe gbe ma gbe ƒe numevɔsa tɔxɛ la ado dzidzɔ gã ŋutɔ na Yehowa. Miasa vɔ sia kple nyitsuvi wuietɔ̃, agbo eve kple agbovi wuiene siwo xɔ ƒe ɖeka. Lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo le go ɖe sia ɖe me. 14Miatsɔ nu siawo akpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nuɖuvɔsa la ŋu ale: wɔ memee lita ade kple afã, si wobaka kple ami la nakpe ɖe nyitsuvi wuietɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu; wɔ memee lita ene kple afã nakpe ɖe agbo eveawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, 15eye wɔ memee lita eve nakpe ɖe alẽvi wuieneawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 16Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hã kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu.
17“Le ŋkeke adre Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke evelia gbe la, miatsɔ nyitsu wuieve, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ 18kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me. 19Kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa ŋu la, ele be miagatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa akpe ɖe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu.
20“Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke etɔ̃lia gbe la, miatsɔ nyitsuvi wuiɖekɛ, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ. Vɔsalã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo. 21Miatsɔ miaƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu. 22Kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa ŋuti la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye miatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe eŋu.
23“Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke enelia dzi la, miatsɔ nyitsuvi ewo, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa vɔe. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me. 24Woatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu. 25Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hã kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu.
26“Le ŋkeke atɔ̃lia gbe la, mitsɔ nyitsu asiekɛ, agbo eve kple agbovi wuiene, ɖe sia ɖe si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke megblẽ le eŋu o la asa vɔe. 27Sa nyitsuawo, agboawo kple agbovi fɛ̃ ƒe nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo ɖe xexlẽme siwo woɖo ɖi la nu. 28Kpe ɖe esiawo ŋuti la, mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa vɔe kpe ɖe miaƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa siwo miesana ɖaa la ŋuti abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe vɔsawo ŋuti.
29“Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke adelia gbe la, miasa vɔ kple nyitsu enyi, agbo eve kple alẽvi wuiene siwo xɔ ƒe ɖeka. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me. 30Mitsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa kpe ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu. 31Kpe ɖe esiawo ŋu la, mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa vɔe kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe vɔsawo kple nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo ŋu abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene.
32“Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke adrelia gbe la, misa vɔ kple nyitsu adre, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka. Vɔsalã siawo nade blibo. 33Mitsɔ vɔsa siawo kpe ɖe miaƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu. 34Migasa nu vɔ̃ ŋuti vɔ kple gbɔ̃tsu ɖeka kpe ɖe miaƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa kple miaƒe gbe sia gbe ƒe vɔsawo ŋuti.
35“Le ŋkeke enyia gbe la, ameawo agawɔ takpekpe kɔkɔe. Miawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o. 36Mitsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre siwo xɔ ƒe ɖeka la sa numevɔ na Yehowa. Vɔsalãwo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo. 37Miawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsu la, agbo la kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu. Vɔsa siawo dzea Yehowa ŋu ŋutɔ. 38Mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa vɔe kpe ɖe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe vɔsawo ŋu.
39“Ele na mi be miasa vɔ siawo le miaƒe ƒe sia ƒe Ŋkekenyuiɖuɣiwo dzi kpe ɖe miaƒe adzɔgbeɖevɔsawo, lɔlɔ̃nuvɔsawo, numevɔsawo, nuɖuvɔsawo, nunovɔsawo kple ŋutifafavɔsawo ŋu.”
40Ale Mose de se siawo katã na Israelviwo.

Did you know?
Offerings of the Seventh Month
- The seventh month in the biblical calendar was marked by major sacred convocations: the sounding of trumpets on the first day, a solemn day of self-humbling on the tenth day, and a week-long feast starting on the fifteenth day, concluding with an assembly on the eighth day.Sources: the Bible text itself
- During the week-long feast beginning on the fifteenth day, the daily burnt offerings followed a unique descending pattern for bulls: starting with thirteen bulls on the first day and decreasing by one each day until seven were offered on the seventh day.Sources: the Bible text itself
- These prescribed festival sacrifices did not replace standard worship; they were offered in addition to the regular daily burnt offerings, monthly offerings, and any personal vow, freewill, or peace offerings brought by worshippers.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org