Numbers 25
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Israel ŋutsuwo dze Moab nyɔnuwo yome
1Esime Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sitim la, woƒe ɖekakpui aɖewo de asi ahasiwɔwɔ me kple Moab ɖetugbiwo. 2Ɖetugbi siawo kplɔa wo yia woƒe mawuwo ƒe vɔsawo teƒewo. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ɖekakpuiawo megadea vɔsawo teƒewo ɖeɖe ko o, ke boŋ wodea ta agu na woƒe legbawo. 3Sẽe kple sẽe ko la, Israelviwo katã de asi Moabtɔwo ƒe mawu, Baal Peor subɔsubɔ me. Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe Israelviwo ŋu.
4Yehowa de se sia na Mose be, “Wu Israel ƒe towo katã ƒe kplɔlawo. Trɔ wo ɖe ati nu le Yehowa ŋkume le ŋdɔkutsu dzati nu ale be nye dɔmedzoe ɖe ameawo ŋu nu natso.”
5Ale Mose ɖe gbe na Israel ʋɔnudrɔ̃lawo be woawu ame siwo katã subɔ Baal Peor.
6Gbe ɖeka la, Israel ŋutsu aɖe kplɔ Midian ɖetugbi aɖe amemabumabutɔe va asaɖa la me le Mose kple ameawo katã ŋkume, esime wonɔ avi fam le Agbadɔ la ƒe ʋɔtru nu. 7Esi Finehas, nunɔla Eleazar ƒe viŋutsu kple nunɔla Aron ƒe tɔgbuiyɔvi kpɔ nu sia la, etso zia, tsɔ akplɔ, 8ƒu du ti Israel ŋutsu la yome yi eƒe agbadɔ me, afi si wòkplɔ ɖetugbi la yii. Etɔ akplɔ ŋutsu la wòto eƒe dɔ me do heŋɔ dɔme na ɖetugbi la hã. Ale dɔvɔ̃ la nu tso 9esime wòwu ame akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) xoxo.
10Yehowa gblɔ na Mose be, 11“Finehas, Eleazar ƒe viŋutsu kple nunɔla Aron ƒe tɔgbuiyɔvi na nye dɔmedzoe nu tso, elabena eya hã do dɔmedzoe abe nye ke ene le nye bubu ta. Eya ta nyemagatsrɔ̃ Israel blibo la abe ale si meɖo ene o. 12Eya ta gblɔ nɛ be, mele nye ŋutifafa ƒe nubabla wɔm kplii. 13Eya kple eƒe dzidzimeviwo anɔ nubabla me kplim tso nunɔladɔwɔwɔ tegbetegbe ŋu, elabena etsi dzi ɖe eƒe Mawu ƒe bubu ŋu ele wòlé avu ɖe Israelviwo nu.”
14Israelvi si wowu kple Midian ɖetugbi la ŋkɔe nye Zimri si nye Salu, ame si nye Simeon ƒe to la ƒe kplɔla aɖe la ƒe viŋutsu. 15Ɖetugbi la ŋkɔe nye Kozbi si nye Zur, Midiantɔwo ƒe fiavi aɖe ƒe vinyɔnu.
16Yehowa gblɔ na Mose be, 17“Miwɔ Midiantɔwo abe miaƒe futɔwo ene, eye miawu wo, 18elabena wole mia tsrɔ̃m kple woƒe nu vɔ̃wo. Wona miele Baal subɔm, eye wona miele mɔ tram hele dɔvɔ̃ lém abe ale si miekpɔe fifi laa to Kozbi ƒe ku me ene.”
Did you know?
A Crisis of Idolatry at Shittim
- The name Shittim means "acacias." Located in the plains of Moab east of the Jordan River, this valley served as the final encampment of the Israelites before they entered the land of Canaan.Sources: Shittim · Moab · the Bible text itself
- Baal was the principal male deity in Phoenician and regional Canaanite religion. Associated with the nearby peak of Mount Peor, the local cult of Baal of Peor involved sacrifices and sacred meals that lured the Israelites into widespread apostasy.Sources: Baal · Peor · the Bible text itself
- Phinehas was the son of the high priest Eleazar and the grandson of Aaron. After his intervention halted a devastating plague that killed 24,000 Israelites, God granted him a permanent covenant of peace and priesthood for his descendants.Sources: Phinehas (Levite) · Eleazar · the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Moab · Today: Moab 1 · 31.181, 35.701 · verses 1, 2
- Peor · Today: within 1 km of Khirbet Ayun Musa · 31.777, 35.738 · verses 3, 5, 18
- Midian · 28.495, 35.012 · verses 15, 18
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org