Numbers 19
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Ameŋukɔkɔ
1Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, 2“Esiae nye se si Yehowa de. Migblɔ na Israelviwo be woatsɔ nyinɔ dzĩ si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o, eye womede kɔkuti kɔ nɛ kpɔ o la vɛ na mi. 3Mitsɔe na nunɔla Eleazar, miana wòahee ayi asaɖa la godo, eye wòana ame aɖe nawui le eŋkume. 4Ekema nunɔla Eleazar ade eƒe asibidɛ ʋu la me, eye wòahlẽ ʋu la zi adre ɖe Agbadɔ la ƒe mɔnu lɔƒo. 5Le esia megbe la, wòana woatɔ dzo nyinɔ la, eƒe agbalẽ, eƒe lã, eƒe ʋu kple eƒe afɔdzi siaa le eŋkume. 6Nunɔla Eleazar atsɔ sedati kple kakle ƒe alɔdze kple ka dzĩ ada ɖe dzo la me. 7Le esia megbe la, nunɔla anya eƒe awuwo, ale tsi, atrɔ ayi asaɖa la me, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. 8Ame si tɔ dzo lã la hã anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eya hã ŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ.
9“Ekema ame si ŋu kɔ la, aƒo nyinɔ la ƒe afi nu ƒu, eye woadae ɖe teƒe si ŋuti kɔ le asaɖa la godo afi si woadzrae ɖo na Israelviwo abe afi si woaku tsi le ene hena nuŋukɔkɔ ƒe wɔnawo na nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa. 10Ame si ƒo ƒu nyinɔ la ƒe afi la anya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. Esia nye se na Israelviwo kple amedzro siwo le wo dome la tegbetegbe.
11“Ame sia ame si ka asi ame kuku ŋu la ŋuti makɔ o ŋkeke adre. 12Ele be wòakɔ eɖokui ŋuti le ŋkeke etɔ̃lia kple adrelia gbe kple tsi, si tso nyinɔ la ƒe afi me. Ekema eŋuti akɔ. Ne mewɔ esia le ŋkeke etɔ̃lia dzi o la, ekema eƒe ŋutimakɔmakɔ la ayi edzi adze le ŋkeke adrelia gɔ̃ hã ŋu. 13Ame sia ame si aka asi ame kuku aɖe ŋu, eye mekɔ eɖokui ŋu le mɔ sia dzi o la gblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe agbadɔ la, eye woaɖee ɖa le Israelviwo dome. Womehlẽ tsi kɔkɔe la ɖe eŋu o, eya ta makɔmakɔnyenye la gale eŋu ko.
14“Se siwo dzi woawɔ ne ŋutsu aɖe ku le agbadɔ aɖe me la woe nye esiawo: Ame sia ame si ge ɖe agbadɔ la me kple ame siwo nɔ agbadɔ la me ɣe ma ɣi la ŋuti mekɔ o ŋkeke adre. 15Nu sia nu si nu nutunu mele o la ŋuti mekɔ o.
16“Ne ame aɖe le gbedzi, eye wòka asi ame si wowu le aʋa me alo ame si ku le mɔ bubu aɖe nu ƒe kukua ŋuti alo ka asi ame kuku aɖe ƒe ƒu alo yɔdo ŋu la, eŋuti mekɔ o ŋkeke adre.
17“Hena amea ŋuti kɔkɔ la, woatsɔ dzowɔ tso nyinɔ la ƒe numevɔsa ƒe dzowɔ me ade tsi dzidzi ƒe tsi me le tsiɖonu me. 18Ekema ame si ŋuti kɔ la, atsɔ kakle ƒe alɔdzewo ade tsi la me, eye wòahlẽ tsi la ɖe agbadɔ la kple ze kple gagbɛ siwo katã nɔ agbadɔ la me kple ame si ƒe agbadɔ la me nɔnɔ alo eƒe asikaka ameƒu alo ame kuku aɖe alo yɔdo aɖe ŋu na be eŋuti mekɔ o la ŋu. 19Woawɔ nu sia le ŋkeke etɔ̃lia kple adrelia gbewo. Emegbe la, amea anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋuti akɔ le fiẽ.
20“Ke ne ame aɖe ŋuti mekɔ o, gake wògbe be yemakɔ ye ɖokui ŋuti o la, woaɖee ɖa le ha me, elabena egblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe kɔkɔeƒe la, eye esi womehlẽ ameŋukɔtsi la ɖe eŋu o ta la, eŋuti mekɔ o. 21Esia nye se na mi tegbetegbe. Ele be ame si hlẽ tsi kɔkɔe la ɖe amea ŋu la nanya eƒe awuwo emegbe. Ame sia ame si ka asi tsi la ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. 22Nu sia nu si ŋu ame si ŋuti mekɔ o la ka asii la ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.”

Did you know?
The Red Heifer and Purification from Death
- Unlike typical sacrifices offered at the tabernacle altar, the unblemished red heifer that had never worn a yoke was taken outside the camp. There it was slaughtered in the presence of the priest Eleazar and burned whole along with cedar wood, hyssop, and scarlet wool.Sources: the Bible text itself · Eleazar
- The ashes of the heifer were stored outside the camp to prepare the water of purification. Paradoxically, while this mixture purified individuals who were defiled by death, everyone who handled the burning heifer, gathered its ashes, or sprinkled the water became temporarily unclean until evening.Sources: the Bible text itself
- Contact with a corpse, a human bone, a grave, or merely being inside a tent where someone died caused seven days of ceremonial uncleanness. To be restored, the person had to be sprinkled with the purification water on the third and seventh days and wash their clothes and body.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org