Nehemiah 9
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Israelviwo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me
1Le ɣleti sia ke ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia gbe la, Israelviwo gava kpe ta. Azɔ la, wotsi nu dɔ, ta akpanya, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me. 2Israelviwo ɖe wo ɖokui ɖe aga tso amedzrowo gbɔ. Wotsi tsitre ɖe wo nɔƒewo, eye woʋu woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ kple wo fofowo ƒe nu tovowo wɔwɔ me. 3Woxlẽ Seawo tso Yehowa, woƒe Mawu, ƒe Segbalẽ la me gaƒoƒo etɔ̃, eye wowɔ gaƒoƒo etɔ̃ bubu ŋu dɔ heʋu woƒe nu vɔ̃wo me hesubɔ Yehowa, woƒe Mawu la. 4Levitɔ aɖewo nɔ agba la dzi, eye wonɔ Yehowa kafum kple aseyetsohawo. Ame siawoe nye, Yesua, Bani, Kadmiel, Sebania, Buni, Serebia, Bani kple Kenani.
5Levitɔwo ƒe kplɔlawo gblɔ na ameawo be, “Mitsi tsitre miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la, elabena eli tso mavɔ me yi mavɔ me. Mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la! Elolo sãa wu nu si míate ŋu abu kple ale si míate ŋu agblɔ!” Kplɔla siawoe nye Yesua, Kadmiel, Bani, Hasabneia, Serebia, Hodia, Sebania kple Petahia. 6Ezra do gbe ɖa be, “O! Yehowa, wò ɖeka koe nye Mawu. Wòe wɔ dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo, anyigba kple atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me. Wòe kpɔa wo katã dzi, eye wòe mawudɔlawo katã subɔna.
7“Wòe nye Yehowa Mawu, ame si tia Abram, eye nèkplɔe do goe tso Ur le Kaldea, eye nètrɔ ŋkɔ nɛ be Abraham. 8Esi wòwɔ nuteƒe na wò la, èbla nu kplii tegbee be yeatsɔ Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigba anae kple eƒe dzidzimeviwo tegbetegbe. Èwɔ wò ŋugbedodo dzi, elabena ènye nuteƒewɔla.
9“Èkpɔ mía tɔgbuiwo ƒe fukpekpe kple nuxaxa le Egipte, eye nèse woƒe ɣlidodo tso Ƒu Dzĩ la to. 10Èwɔ dzesi kple nukunu triakɔwo fia Fia Farao kple eƒe amewo, elabena ènya fu siwo Egiptetɔwo nɔ wo wɔm. Èxɔ ŋkɔ gã le nu gã siwo nèwɔ, eye womaŋlɔ wo be akpɔ o la ta. 11Èma atsiaƒu la ɖe akpa eve me, ale be wò amewo nate ŋu azɔ anyigba ƒuƒui dzi atso atsiaƒu la! Gake ètsrɔ̃ woƒe futɔwo ɖe atsiaƒu la ƒe gogloƒe. Wonyrɔ abe kpe ene ɖe atsiaƒu la me. 12Ètsɔ lilikpo dodo kplɔ mía tɔgbuiwo le ŋkeke me, eye nèkplɔ wo kple dzosɔti le zã me, ale be woate ŋu akpɔ mɔ.
13“Èɖiɖi va Sinai to la dzi, èƒo nu kpli wo tso dziƒo, eye nèna Se kple ɖoɖo nyui siwo le eteƒe la wo. 14Ède Se na wo tso Dzudzɔgbe kɔkɔe la ŋu, ède Seawo na wo to wò dɔla, Mose dzi be woawɔ wo katã dzi.
15“Esi dɔ wu wo la, èna nuɖuɖu wo tso dziƒo, eye esi tsikɔ wu wo la, èna tsi wo tso agakpe la me. Èɖe gbe na wo be woayi aɖaxɔ anyigba si nèka atam be yeana wo. 16Ke mía tɔgbuiwo nye dadalawo kple kɔlialiatɔwo, eye wogbe toɖoɖo wò Seawo.
17“Wogbe wò Seawo dzi wɔwɔ, eye womebu nukunu siwo nèwɔ le wo dome o, ke boŋ wodze aglã, eye wotia kplɔla aɖe be wòakplɔ yewo atrɔ ayi kluvinyenye me le Egipte! Ke tsɔtsɔke ƒe Mawu kple amenuvela nènye. Mèdoa dɔmedzoe kabakaba o; lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ le mewò, eya ta megble wo ɖi o, 18togbɔ be wowɔ sikanyivilegba, eye wogblɔ be ‘Esiae nye míaƒe mawu! Eyae kplɔ mi tso Egipte’ hã. Wowɔ nu vɔ̃ le mɔ geɖewo nu, 19ke le wò amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ ta la, mègble wo ɖi be woaku le gbedzi o! Alilĩkpododo la kplɔa wo yia ŋgɔe gbe sia gbe, eye dzosɔti la fiaa mɔ wo le zã me. 20Èɖo wò Gbɔgbɔ nyui la ɖa be wòafia nu wo. Mèdzudzɔ mananana wo tso dziƒo o, mèdzudzɔ tsinana wo be wòatsi woƒe tsikɔwuame nu o. 21Èkpɔ wo dzi ƒe blaene le gbedzi, naneke mehiã wo le ɣeyiɣi ma me o. Woƒe awuwo mevuvu o, eye woƒe afɔwo hã mete o!
22“Èkpe ɖe wo ŋu woɖu fiaɖuƒe gãwo kple dukɔ geɖewo dzi, eye nèda wò amewo ɖe anyigba la ƒe dzogoe ɖe sia ɖe dzi. Woxɔ Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Hesbon kple Ɔg, Basan fia, ƒe anyigbawo. 23Èna Israelviwo dzi sɔ gbɔ fũu abe dziƒoɣletiviwo ene, eye nèkplɔ wo va anyigba si ŋugbe nèdo na wo tɔgbuiwo la dzi. 24Èbɔbɔ dukɔ blibowo ɖe anyi le wo ŋgɔ, Kanaan fiawo kple woƒe amewo gɔ̃ hã zu ŋusẽmanɔŋutɔwo! 25Wò amewo xɔ du gã siwo woglã la kple agbledenyigba nyuiwo. Woxɔ aƒe geɖe siwo me nu nyuiwo abe vudo, waingblewo, amitivewo kple kutsetseti geɖewo ene la le. Ale woɖu nu ɖi ƒo, eye wò yayrawo sɔ gbɔ ɖe wo dzi.
26“Ke, togbɔ be nèwɔ esiawo katã na wo hã la, wosẽ to, eye wodze aglã ɖe ŋuwò. Woɖe asi le wò sewo ŋu, wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ na wo be woatrɔ ava gbɔwò, eye wogawɔ nu vɔ̃ vɔ̃ɖi bubu geɖewo. 27Ale nètsɔ wo de asi na woƒe futɔwo. Ke le woƒe xaxaɣiwo me la, wodo ɣli na wò, èse woƒe ɣlidodo tso dziƒo, eye le wò amenuveve ta la, èɖo amewo ɖa be woaɖe wo tso woƒe futɔwo ƒe
28“Ke esi nuwo nɔ yiyim na wo nyuie ko la, wò amewo gatrɔ ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu, eye nègana woƒe futɔwo gaɖu wo dzi. Ke ne wò amewo trɔ va gbɔwò, ɖe kuku na wò, bia wò kpekpeɖeŋu ko la, ègaɖoa to wo tso dziƒo, eye nèɖea wo to wò amenuveve gã la me! 29Èhea to na wo ale be nàtrɔ wo ɖe wò seawo ŋu. Ke, togbɔ be wò seawo dzi wɔwɔe naa agbe ame hã la, wò amewo nye dadalawo, eye womeɖo to o, ke boŋ woyi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi. 30Ègbɔ dzi ɖi na wo ƒe geɖewo, eye to wò Gbɔgbɔ dzi la, èna nyagblɔɖilawo ƒo nu na wo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, ke womeɖo to wo o. Ale nègana dukɔ siwo subɔa trɔ̃wo la gaɖu wo dzi. 31Ke le wò amenuveve sɔ gbɔ la ta la, mètsrɔ̃ wo keŋkeŋ alo gble wo ɖi o. Mawu amenuvetɔ kple dɔmenyotɔ gãe nènye!
32“Eya ta, azɔ la, Oo, Mawu gã, si ŋu ŋɔdzi le, wò ame si wɔa wò lɔlɔ̃ kple amenuveve ƒe ŋugbedodo dzi la, mègana fukpekpe siwo katã va mía dzi la, naɖi nu tsɛ aɖeke le wò ŋkume o. Fukpekpe geɖewo va míawo ŋutɔ, míaƒe fiawo, fiaviwo, nyagblɔɖilawo kple tɔgbuiwo dzi ɣeyiɣi si Asiria fia ɖu mía dzi zi gbãtɔ va se ɖe egbe. 33Tɔwò dzɔ ɣe sia ɣi si nèhe to na mí. Míewɔ nu vɔ̃ ale gbegbe be nu si dze mí la koe nèwɔ mí. 34Míaƒe fiawo, dumegãwo, nunɔlawo kple mía tɔgbuiwo mewɔ wò sewo dzi o, eye womeɖo to wò nuxlɔ̃amenyawo o. 35Togbɔ be èwɔ nukunu geɖewo na wo, eye nèkɔ wò amenuveve ɖe wo dzi fũu hã la, womesubɔ wò o. Èna anyigba gã aɖe si nyoa nu la wo, gake wogbe asiɖeɖe le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu.
36“Ale míeganye kluviwo le afii, le anyigba si dzi nu nyuiwo bɔ ɖo fũu la dzi! Míeganye kluviwo le nu nyui gbogbo siawo dome! 37Anyigba sia dzi nuku nyuiwo va yi fia siwo nèna woɖu mía dzi le míaƒe nu vɔ̃wo ta la ƒe asime. Wokpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe ŋutilã kple míaƒe lãwo dzi. Míesubɔa wo abe ale si wodi ene, eye míezu nublanuitɔ gãwo.”
Dukɔ la ƒe nubabla
38“Le esiawo katã ta la, míegale ŋugbe dom be míasubɔ Aƒetɔ la, eya ta mí kple míaƒe dumegãwo kple Levitɔwo kple nunɔlawo míele asi dem nubabla sia te.”

Did you know?
National Confession and Renewal
- The assembly gathered in fasting, wearing sackcloth and placing dust on their heads, dedicating a quarter of the day to hearing the Book of the Law and another quarter to confessing their sins and worshiping.Sources: the Bible text itself
- Levites including Jeshua, Kadmiel, and Shebaniah stood on an elevated platform to lead the people in prayer. Their prayer retells Israel's history, highlighting God's enduring faithfulness from the call of Abraham in Ur of the Chaldeans through the exodus and wilderness wanderings.Sources: the Bible text itself · Jeshua · Kadmiel · Shebaniah
- While recalling past victories over rulers such as Sihon of Heshbon and Og of Bashan, the prayer concludes by acknowledging the community's present hardship under foreign imperial rule, prompting them to establish a binding, written agreement.Sources: the Bible text itself · Heshbon · Bashan
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Chaldea · 30.962, 46.104 · verse 7
- Egypt · 30.129, 31.308 · verses 9, 17, 18
- Bashan · 32.781, 35.935 · verse 22
- Assyria · 36.359, 43.153 · verse 32
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org