Nehemiah 2
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Artazerses ɖo Nehemia ɖe Yerusalem
1Gbe ɖeka, le ɣleti enelia me le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me, esi menɔ wain kum na fia la la, fia la biam be, 2“Nu ka ta nèlé blanui ale, evɔ mèhele dɔ lém o? Esia menye naneke wu dzi ƒe nuxaxa o.” 3Megblɔ na fia la be, “Fia nenɔ agbe tegbee.”
4Fia la biam be, “Ekema nu ka woawɔ na wò?”
Medo gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la, 5eye megblɔ na fia la be, “Ne edze fia la ŋu, eye nève wò dɔla nu la, ekema dɔm ɖe Yuda ƒe du me, afi si woɖi fofonyewo ɖo ne magbugbɔ du la atu.”
6Emegbe fia la, ame si ƒe axadzi fiasrɔ̃ la nɔ anyi ɖo la biam be, “Ŋkeke nenie nèle mɔ zɔ ge, eye gbe ka gbee nàtrɔ agbɔ?” Edze fia la ŋu be wòadɔm, eya ta meɖo ŋkeke nɛ. 7Megabia nu bubu hã fia la be, “Ne edze ŋuwò la, ekema meɖe kuku be nàŋlɔ agbalẽ ade asinye na mɔmefia siwo le Frat tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe, eye nàbia tso wo si be woaɖe mɔ nam mato woƒe dukɔwo me ayi Yudanyigba dzi dedie. 8Kpe ɖe esia ŋu la, nàŋlɔ agbalẽ na Asaf, ame si kpɔa fia la ƒe ave dzi, eye nàna wòana atim hena daɖedziwo kple agbowo na mɔ si le gbedoxɔ la gbɔ, hena dua ƒe gliwo kple xɔ aɖe tutu na ɖokuinye.” Esi wònye be, nye Mawu ƒe amenuveve ƒe asi nɔ dzinye ta la, fia la lɔ̃ ɖe nye biabiawo dzi.
9Esi meɖo dukɔ siwo nɔ Frat Tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la, metsɔ fia la ƒe agbalẽwo na mɔmefiawo. Kpe ɖe esia ŋu la, etsɔ aʋafia kple asrafo sɔdolawo kpe ɖe ŋunye. 10Ke esi Sanbalat, Horonitɔ kple Tobia, Amonitɔ, ame siwo nye dɔnunɔlawo se nya sia la, dzi ku wo vevie ŋutɔ be ame aɖe va nyui di ge na Israelviwo.
Nehemia lé ŋku ɖe Yerusalem ƒe gliawo ŋu
11Meyi Yerusalem, eye esi menɔ dua me ŋkeke etɔ̃ la, 12mía kple ŋutsu ʋɛ aɖewo míedo go le zã me. Nyemegblɔ nu si nye Mawu tsɔ de nye dzi me be mawɔ na Yerusalem na ame aɖeke o. Lã siwo wodona la ɖeke menɔ gbɔnye o, negbe esi dom menɔ ko. 13Le zã me la, míedo go to Balimegbo la me ɖo ta Yakal ƒe Vudo la gbɔ, heyi Aɖukpogbo la gbɔ be míakpɔ gli gbagbãwo kple agbo siwo wotɔ dzoe la ɖa. 14Emegbe la, míeyi ŋgɔ heva Vudogbo la kple fia ƒe ta la gbɔ, gake teƒea mekeke na lã si dom menɔ la be wòato ayi ŋgɔ o, 15eya ta meto balime la le zã me henɔ ŋku lém ɖe gli la ŋu. Mlɔeba la, metrɔ gava to Balimegbo la me heva aƒe me.
16Dua ŋu dzɔlawo menya be medo go de afi siawo o, eye womenya nu si ta mede o, elabena nyemegblɔ nya aɖeke na Yudatɔwo, nunɔlawo, bubumewo kple dɔnunɔlawo tso nye ɖoɖowo ŋu haɖe kura o. Nyemegblɔe na ame siwo le dɔa wɔ ge gɔ̃ hã o.
17Megblɔ na wo azɔ be, “Mienya dzɔgbevɔ̃e si dzɔ ɖe Yerusalem dzi nyuie. Dua gbã, eye agboawo fia. Miva, mina míagbugbɔ Yerusalem ƒe gli aɖo, eye míaɖe ŋukpe sia ɖa le mía dzi!”
18Megblɔ ale si Mawu ƒe amenuveve ƒe asi le dzinyee kple ale si fia la gblɔ nam hã na wo. Woɖo eŋuti enumake be, “Enyo! Mina míagbugbɔ gli la aɖo!” Ale míedze dɔ nyui sia gɔme.
19Ke esi Sanbalat Horonitɔ kple Tobia Amonitɔ kple Gesem Arabiatɔ la, se nye ɖoɖoawo la, woɖu fewu le mía ŋu hegblɔ be, “Nu kae nye esi wɔm miele hele aglã dzem ɖe fia la ŋu ale?”
20Ke meɖo eŋu be, “Dziƒo ƒe Mawu la ana dzidzedze mí eƒe dɔlawo míagbugbɔ gli sia aɖo, ke miawo la, miaƒe asi manɔ dɔ sia me loo alo miakpɔ gome le Yerusalem alo axɔ ŋkɔ le ewɔwɔ me alo eƒe ɖe nanye mia tɔ o.”
Did you know?
Nehemiah Inspects the Broken Walls
- The Persian ruler who granted Nehemiah permission to rebuild Jerusalem was King Artaxerxes, widely identified as Artaxerxes I Longimanus. The king provided Nehemiah with armed escorts and official letters authorizing safe passage across the Euphrates and timber from Asaph, the keeper of the royal forest.Sources: Artaxerxes · Asaph · the Bible text itself
- To survey the damage without alarming the local population or regional officials, Nehemiah conducted a secret night inspection of Jerusalem. Riding a single mount past landmarks such as the Valley Gate, the Dung Gate, and the Serpent Well, he found rubble so dense that his animal could not pass.Sources: Dung Gate · Dragon Spring · the Bible text itself
- The rebuilding project faced immediate opposition from neighboring regional leaders: Sanballat, who held authority in Samaria; Tobiah, an Ammonite official; and Geshem, a leader among the Arabs. They mocked the initiative and accused Nehemiah of staging a rebellion against the Persian crown.Sources: Sanballat · Tobiah · Geshem · the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Beyond the River · 31.777, 35.234 · verses 7, 9
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 11, 12, 13, 17, 20
- Dung Gate · Today: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 13
- Fountain Gate · Today: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 14
- Siloam · Today: Pool of Siloam · 31.771, 35.235 · verse 14
- Kidron · Today: Kidron River · 31.780, 35.240 · verse 15
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org