Nations Bible

Nehemiah 13

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Tɔtrɔ mamlɛtɔ siwo Nehemia he vɛ

1Gbe ma gbe ke esi wonɔ Mose ƒe Seawo xlẽm la, wokpɔ be woŋlɔ ɖi be womaɖe mɔ na Amonitɔwo alo Moabtɔwo woasubɔ Mawu le gbedoxɔ la me o, 2elabena womewɔ xɔlɔ̃ kple Israel o. Wotsɔ Balaam be woaƒo fi ade Israelviwo, ke Mawu trɔ fiƒode la wòzu yayra. 3Esi wose se sia la, wonya amedzrowo katã le Israel dome.

4Hafi nya sia nadzɔ la, Nunɔla Eliasib, ame si kpɔa gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo dzi, eye wònye Tobia xɔlɔ̃ vevi aɖe la, 5trɔ nudzraɖoxɔawo dometɔ ɖeka wòzu amedzrodzeƒe nyui aɖe na Tobia. Tsã la, wodzraa nuɖuvɔsanuwo, atike ʋeʋĩwo, gagbɛwo kple bli, aha yeye kple ami ƒe ewoliawo ɖo ɖe xɔ sia me. Mose de se be nu siawo nye Levitɔwo, hadzihamenɔlawo kple agbonudzɔlawo tɔ, eye nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo nye nunɔlawo tɔ.

6Nyemenɔ Yerusalem ɣe ma ɣi o. Megbugbɔ yi Babilonia le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-evelia me. Emegbe la, mebia mɔfiala, 7eye megbugbɔ va Yerusalem. Esi mese nu vɔ̃ɖi si Eliasib wɔ, be wòwɔ amedzrodzeƒe ɖe gbedoxɔ me na Tobia la, 8medo dɔmedzoe, eye mefɔ Tobia ƒe nuwo le xɔ la me ƒu gbe. 9Mena wokɔ xɔ la ŋu nyuie, eye megbugbɔ gbedoxɔ la ƒe agbawo, nuɖuvɔsanuwo kple atike ʋeʋĩwo de xɔ la me.

10Kpe ɖe esia ŋu la, mese be womele nu siwo nye Levitɔwo tɔ la tsɔm na wo o, ale woawo kple hadzihamenɔla siwo naa kpekpeɖeŋu le sɔlemedede me la gbugbɔ yi ɖanɔ dɔ wɔm le woƒe agblewo me. 11Meka mo na kplɔlawo, eye mebia wo be, “Nu ka ta miegblẽ gbedoxɔ la ɖi ɖo?” Meyɔ Levitɔwo vɛ, eye mena wogade asi woƒe dɔwo wɔwɔ me. 12Ale Yudatɔwo katã gade asi woƒe bli, wain yeye kple ami ƒe ewoliawo tsɔtsɔ va gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo me.

13Metsɔ Selemia, nunɔla la kple Zadok, agbalẽfiala la kple Pedaya, Levitɔ la ɖo avawo dzi kpɔkpɔ nu, eye mena Hanan, Zakur ƒe vi kple Matania ƒe tɔgbuiyɔvi zu woƒe kpeɖeŋutɔ. Ame siawo nye ame siwo ŋu ŋkɔ nyui nɔ, eye woƒe dɔdeasie nye be woama nuawo na wo nɔvi Levitɔwo abe ale si dze ene.

14O! Nye Mawu, ɖo ŋku dɔ nyui sia si mewɔ la dzi, eye mègaŋlɔ nu siwo katã mewɔ le gbedoxɔ la ŋu be o.

15Le ɣe ma ɣiwo me la, mekpɔ amewo wonɔ wain fiam le Dzudzɔgbe la dzi, eye wonɔ ƒu ƒom woƒe lu bablawo kple wain tsetsewo kple gbotsetsewo kple agblemenu vovovowo nɔ agba dom na woƒe tedziwo, eye wotsɔ nu siawo katã gbɔna Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi, eya ta mede se na wo le nudzadzra le ŋkeke ma dzi la ŋuti. 16Tirotɔ aɖewo hã nɔ Yerusalem, ame siwo nɔ tɔmelã kple adzɔnu vovovowo dzram le Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi.

17Meka mo na Yuda ƒe kplɔlawo, eye mebia wo be, “Nu ka ta miele kɔ gblẽm ɖo na Dzudzɔgbe la? 18Mia fofowo wɔ nu sia tɔgbi, eye wohe dzɔgbevɔ̃e siwo li fifia la va miawo ŋutɔ kple miaƒe du la dzi. Ɖe esia mesɔ gbɔ na mi oa? Ke azɔ la, miegale Mawu ƒe dɔmedzoe flam ɖe Israelviwo ŋu ɖe edzi, to ɖiƒoƒo Dzudzɔgbe la to mɔ sia dzi me!”

19Ale mede se be tso gbe ma gbe dzi la, ne ɣe ɖo to le Fiɖagbe ko la, woatu agboawo katã, eye womagaʋu wo o va se ɖe esime Dzudzɔgbe la nava yi. Meɖo nye subɔla aɖewo ɖa be woadzɔ agboawo ŋu, ale be ame aɖeke magatsɔ adzɔnu aɖeke ava Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi o. 20Asitsala aɖewo va tɔ ɖe dua godo zi eve aɖewo, 21ke meƒo nu na wo kple adã be, “Nu ka dim miele hafi va tsi gli la godo dɔ? Ne miegawɔe azɔ la, malé mi.” Eyae nye zi mamlɛtɔ si wova le Dzudzɔgbe la dzi. 22Azɔ la, meɖe gbe na Levitɔwo be woakɔ wo ɖokui ŋuti, woadzɔ agboawo ŋu, eye woakpɔ egbɔ be ame sia ame wɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe.

O! Nye Mawu, ɖo ŋku nye wɔna sia hã dzi! Ve nunye le wò lɔlɔ̃ sɔ gbɔ la nu.

23Le ɣe ma ɣi ke la, mede dzesii be Yuda ŋutsu geɖewo ɖe srɔ̃ tso Asdod, Amon kple Moab, 24eye wo viwo dometɔ geɖewo gblɔa Asdod gbe alo dzrogbe bubuwo, eye wometea ŋu gblɔa Yuda gbe kura o. 25Ale mehe nya kple dzila siawo, meƒo fi de wo, meƒo wo dometɔ aɖewo, menyɔ woƒe taɖa, eye mena woka atam le Mawu ŋkume gblɔ be, “Míagatsɔ mía vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo woaɖe o, alo míaɖe wo vinyɔnuwo na mía viŋutsuwo o, alo míawo ŋutɔ míaɖe wo o. 26Alo menye srɔ̃ sia tɔgbiwo ɖeɖee na be Israel fia Solomo wɔ nu vɔ̃ oa? Le dukɔ geɖewo me la, fia aɖeke mede enu o. Mawu lɔ̃ eya amea, eye wòɖoe fiae ɖe Israel katã dzi, gake dzronyɔnuwo blee de nu vɔ̃ me. 27Ke azɔ la, ɖe míase be miawo hã miele nu vɔ̃ɖi sia tɔgbi wɔm, eye miele nuteƒe wɔm na Mawu o to dzronyɔnuwo ɖeɖe mea?”

28Yoiada, Eliasib, nunɔla la ƒe viŋutsuwo dometɔ ɖeka ɖe Sanbalat, Horonitɔ la ƒe vinyɔnu, ale menyae le gbedoxɔ la me.

29O! Nye Mawu, ɖo ŋku wo dzi, elabena wogblẽ kɔ ɖo na nunɔlawo ƒe dɔ kple nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe nubabla.

30Ale mekɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ŋu tso dzronuwo me, eye mena dɔ wo, ame sia ame kple etɔ. 31Kpe ɖe esiawo ŋu la, mewɔ ɖoɖo ɖe nakenana ɖe ɣeyiɣi dzi kple nu gbãtɔwo nana hã ŋu.

O! Nye Mawu, ɖo ŋku dzinye, le wò dɔmenyo la nu.

Did you know?

Nehemiah’s Final Reforms

  • During Nehemiah's absence in Babylon visiting King Artaxerxes, Eliashib the priest allocated a large temple storeroom to Tobiah the Ammonite. Upon his return, an outraged Nehemiah threw all of Tobiah's household goods out of the chamber and restored the space for storing grain offerings, frankincense, and sacred temple articles.Sources: Tobiah · the Bible text itself
  • To stop merchants from Tyre and local traders from selling food and goods on the Sabbath, Nehemiah ordered the gates of Jerusalem to be shut as evening shadows fell before the Sabbath and kept closed until it ended, posting guards to enforce the rest day.Sources: the Bible text itself
  • Nehemiah confronted Judean men who had married women from Ashdod, Ammon, and Moab after noticing that half of their children could no longer speak the language of Judah, which he saw as a threat to their religious and community identity.Sources: the Bible text itself · Ashdod · Ammon · Moab

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Babylon · 32.543, 44.422 · verse 6
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 6, 7, 15, 16, 19, 20
  • Tyre · 33.271, 35.196 · verse 16
  • Ammon · 31.955, 35.934 · verse 23
  • Ashdod · Today: Tel Ashdod · 31.757, 34.658 · verses 23, 24
  • Moab · Today: Moab 1 · 31.181, 35.701 · verse 23

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.