Mark 16
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Yesu ƒe tsitretsitsi
1Le fiẽ me, esi Dzudzɔgbe ŋkeke la wu enu la, Maria Magdalatɔ, Salome kple Maria Yakobo dada woyi ɖaƒle ami ʋeʋĩ si wosina na ame kuku be magblẽ kaba o la da ɖi.
2Le Kɔsiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ, le ŋdi kanya la, wofɔ, tsɔ amiawo ɖe asi dze mɔ ɖo ta Yesu ƒe yɔdo to.
3Esi wole mɔa dzi yina la, wobia wo nɔewo be, “Ame kae amli kpe gã si le yɔdo la nu la ɖa na mí?”
4Gake nukutɔe la, esi wova ɖo teƒea la, wokpɔ be womli kpe si wotsɔ tu yɔdo la nu la da ɖe adzɔge eye yɔdoa le ʋuʋu. 5Woge ɖe yɔdo la me eye wokpɔ ɖekakpui aɖe wònɔ awu ɣi tititi me, nɔ anyi ɖe yɔdo la ƒe ɖusime. Le nyateƒe me la, vɔvɔ̃ ɖo nyɔnuawo ale gbegbe be dzidzi ƒo wo.
6Gake mawudɔla la gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o. Menye Yesu Nazaretitɔ, si woklã ɖe ati ŋu la dim miele oa? Mele afi sia o, etsi tsitre. Mikpɔ afi si wokɔ eƒe ŋutilã mlɔe ɖa. 7Azɔ miyi ɖagblɔ nya sia na Petro kple nusrɔ̃la bubuawo be: ‘Yesu dze mia ŋgɔ yina ɖe Galilea. Miakpɔe le afi ma abe ale si wògblɔe na mi hafi ku ene.’ ”
8Nyɔnuawo si do go le yɔdo la me kple vɔvɔ̃ gã aɖe. Wovɔ̃ ale gbegbe be womagate ŋu aƒo nu gɔ̃ hã o.
[ 9Kɔsiɖagbe ƒe ŋdi kanyae Yesu fɔ tso ame kukuwo dome eye ame gbãtɔ si kpɔe lae nye Maria Magdalatɔ, ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ adre do goe le. 10Eɖake ɖe nusrɔ̃lawo ŋu, woƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka henɔ konyi fam, henɔ avi fam. 11Egblɔ na wo be yekpɔ Yesu wòle agbe, gake nusrɔ̃lawo mexɔ nya sia dzi se o.
12Esia megbe la, Yesu ɖe eɖokui fia ŋutsu eve siwo nɔ mɔ zɔm yina teƒe aɖe si tso abo, ke womekpɔe dze sii gbã o. 13Esi wova kpɔe dze sii mlɔeba be Yesue la, wotrɔ yi ɖagblɔe na wo tɔwo gake womexɔe se o.
14Emegbe la, Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃la wuiɖekɛawo esime wonɔ teƒe ɖeka nɔ nu ɖum. Ehe nya ɖe wo ŋu vevie le woƒe dzimaxɔse kple tosesẽ ta, elabena wogbe be yewomaxɔ ame siwo kpɔe le eƒe tsitretsitsi megbe la ƒe nya dzi ase o.
15Azɔ egblɔ na wo be, “Fifia la, miyi ɖe xexe blibo la me eye miagblɔ nyanyui la na ame sia ame le afi sia afi. 16Ame siwo axɔ nyanyui la, eye woade mawutsi ta na wo la akpɔ ɖeɖe, ke ame siwo asẽ to, agbe nyanyui la xɔxɔ la, woabu fɔ wo. 17Dzesi siawo akplɔ ame siwo axɔe se la ɖo: le nye ŋkɔ me woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe. Woaƒo nu kple aɖe yeyewo. 18Woalé dawo kple woƒe asiwo, eye ne wono aɖi vɔ̃ɖi hã la, masi wo o. Woada woƒe asiwo ɖe dɔnɔwo dzi eye woƒe lãme asẽ.”
19Esi Aƒetɔ Yesu wu nya siawo nu la, wokɔe dzoe yi dziƒo eye wòɖanɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime. 20Nusrɔ̃lawo ɖo gbe henɔ mawunya gblɔm na amewo tso teƒe yi teƒe, Aƒetɔ la nɔ kpli wo eye wòɖo kpe eƒe nya la dzi to dzesi siwo kplɔ eƒe nyawo ɖo la me.]

Did you know?
The Empty Tomb and the Risen Jesus
- When the Sabbath was over, Mary Magdalene, Mary the mother of James, and Salome bought spices so they could anoint Jesus’ body, and they went to the tomb just after sunrise. Salome was the wife of Zebedee and the mother of James and John; she had witnessed the crucifixion and was present with the other women at the tomb.Sources: the Bible text itself · Salome
- The name Mary Magdalene comes from Magdala, her birthplace, and was used to distinguish her from the other Marys of the Gospels. Easton's Bible Dictionary (1897) notes that a mistaken notion has identified her with the woman called a sinner in Luke 7. This chapter says that Jesus had driven seven demons out of her and that, after he had risen, he appeared first to her.Sources: Mary Magdalene · the Bible text itself
- A young man in the tomb calls Jesus “the Nazarene” and tells the women that he is going ahead of the disciples into Galilee, where they will see him. Nazareth, the home of Joseph and Mary, is not mentioned in the Old Testament; its name is generally supposed to be the Greek form of the Hebrew netser, “shoot” or “sprout,” though some connect it with the hill behind the town and the Hebrew notserah, “one guarding or watching.” Galilee means “circuit,” and because it long remained occupied by its original inhabitants it came to be called “Galilee of the Gentiles.”Sources: the Bible text itself · Nazareth · Galilee
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Nazareth · 32.702, 35.298 · verse 6
- Galilee · 32.760, 35.527 · verse 7
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 12
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org