Mark 14
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Nugbeɖoɖo ɖe Yesu wuwu ŋuti
1Azɔ esusɔ ŋkeke eve pɛ ko ne Ŋutitoto kple Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui la naɖo, eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo ganɔ ayemɔ si dzi woato alé Yesu, awui le bebeme la dim.
2Ke wogblɔ be, “Míate ŋu awui le ŋkekenyui la dzi o, ne míewɔe la, ʋunyaʋunya adzɔ.”
Ami sisi na Yesu le Betania
3Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu le Betania, le Simɔn ame si lé kpodɔ kpɔ la ƒe aƒe me. Esi wonɔ fiẽnu ɖum la, nyɔnu aɖe tsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe, si le goe nyui aɖe me la vɛ. Eʋu nu le amiʋeʋĩ la nu, eye wòtrɔ wo katã kɔ ɖe Yesu ƒe tame.
4Ame siwo nɔ kplɔa ŋu la dometɔ aɖewo bia wo nɔewo kple dziku be, “Nu ka ŋuti wògblẽ ami xɔasi sia ɖo? 5Woate ŋu adzrae wòaxɔ asi wu klosaloga alafa etɔ̃ eye woatsɔ ga la ama na ame dahewo.” Ale woka mo na nyɔnu la vevie.
6Yesu gblɔ na wo be, “Miɖe asi le eŋu. Nu ka ŋuti miele fu ɖem nɛ? Nu nyui aɖe wònye wòwɔ nam. 7Ame dahewo le mia dome ɣe sia ɣe eye miate ŋu ana kpekpeɖeŋu wo ɣe sia ɣi si mielɔ̃, ke nye la, nyemanɔ mia dome ɖaa o.
8“Nyɔnu sia wɔ nu si wòate ŋui la nam. Esi ami na nye ŋutilã, si ɖi ge wole le ŋkeke kpui aɖewo megbe la do ŋgɔ. 9Vavã mele egblɔm na mi be dɔ nyui si nyɔnu sia wɔ la mabu akpɔ o, afi sia afi si woagblɔ mawunya le, le xexe sia me godoo la, woagblɔ nu nyui si wòwɔ eye woakafui.”
Yuda Iskariɔt lɔ̃ be yeade Yesu asi
10Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda Iskariɔt, ame si nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka la do go dzaa yi nunɔlagãwo gbɔ be yeawɔ babla kpli wo le ale si wòade Yesu asi na wo be woawu la ŋu.
11Esi nunɔlagãwo se nu si ta wòva wo gbɔ ɖo la, wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ ale wodo ga home aɖe ŋugbe nɛ. Le esia ta Yuda Iskariɔt de asi teƒe kple gaƒoƒo nyuitɔ si me wòade Yesu asi la didi me.
Yesu ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la kple eƒe nusrɔ̃lawo
12Le Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ŋkeke gbãtɔ si dzi woawu alẽviwo le la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ eye wobiae be, “Afi ka míele Ŋutitotoŋkekenyui la ɖu ge le?”
13Edɔ nusrɔ̃la eve ɖo ɖe Yerusalem be woawɔ dzadzraɖo ɖe ŋkeke la ɖuɖu ŋu. Egblɔ na wo be, “Ne miege ɖe dua me le yiyim la, miado go ŋutsu aɖe si lé tsize ɖe ta. 14Mikplɔ ame sia ɖo eye miage ɖe aƒe si me wòage ɖo la me. Migblɔ na aƒea tɔ be, ‘Míaƒe Aƒetɔe dɔ mí be míava kpɔ xɔ si me nèdzra ɖo ɖi na mí be míaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le!’ 15Aƒetɔ la akplɔ mi ayi dziƒoxɔ dzi eye wòafia xɔ gã aɖe si me wòdzra ɖo la mi. Miɖo kplɔ̃ ɖe afi ma hena míaƒe Ŋutitotoŋkeke la ɖuɖu.”
16Nusrɔ̃la eveawo yi dua me eye wokpɔ be nu sia nu si Yesu gblɔ na wo la va eme tututu, ale wowɔ Ŋutitotoŋkeke la ƒe nuɖuɖu ɖoɖo da ɖi.
17Le fiẽ me la, Yesu va ɖo kple nusrɔ̃la wuieveawo. 18Esime wonɔ anyi ɖe kplɔ̃a ŋu nɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Vavã mele egblɔm na mi be mia dometɔ ɖeka si le nu ɖum kplim fifia la adem asi.”
19Wo katã woxa nu, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe bia Yesu ɖekaɖekae be, “Nyee nye ame si ade wò asia?”
20Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mi ame wuieve siwo ƒe asi le agba me le nu ɖum kplim fifia la dometɔ ɖekae le nu sia wɔ ge. 21Amegbetɔ Vi la aku abe ale si Mawu ƒe gbeƒãɖelawo gblɔe da ɖi xoxoxo la ene, gake baba na ame si adem asi la. Le nyateƒe me la, ɖe womegaxa dzii o la anyo nɛ wu.”
Yesu ƒe fiẽnuɖuɖu mamlɛ la
22Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi, da akpe ɖe eta eye wòŋe eme hetsɔe na nusrɔ̃lawo gblɔ be, “Mixɔe ɖu, esiae nye nye ŋutilã.”
23Etsɔ wainkplu la heda akpe ɖe eta, eye wòtsɔe na wo eye wo katã wonoe le enu.
24Egblɔ na wo be, “Esiae nye nye ʋu, si wotsɔ tre nubabla yeye la nui. Esi wokɔ ɖe anyi ɖe ame geɖewo ta. 25Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, nyemagano naneke tso wain ƒe kutsetse me o, va se ɖe gbe ma gbe, esime manoe yeyee le mawufiaɖuƒe la me.”
26Le esia megbe la, wodzi ha, da akpe na Mawu eye wodo go yi Amito la dzi.
Yesu gblɔ nya ɖi be Petro agbe nu le ye gbɔ
27Yesu gblɔ na wo be, “Mi katã miele nu gbe ge le gbɔnye, elabena Mawu gblɔ to eƒe gbeƒãɖelawo dzi be,
“ ‘Mele alẽkplɔla la ƒo ge,
eye alẽawo akaka gbẽe.’
28Gake ne mefɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea, afi si mado go mi le.”
29Petro gblɔ nɛ be, “Ne ame sia ame gblẽ wò ɖi hã la, nye ya nyemagblẽ wò ɖi gbeɖe o!”
30Yesu gblɔ nɛ be, “Petro, nyateƒe gblɔm mele na wò be, hafi koklo naku atɔ zi eve etsɔ fɔŋli la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”
31Petro gblɔ kple kakaɖedzi be, “Gbeɖe, nyemagblẽ wò ɖi akpɔ o. Ne ehiã be maku kpli wò kura gɔ̃ hã la, malɔ̃ aku faa.” Nusrɔ̃la mamlɛawo hã ɖe adzɔgbe nenema ke.
Getsemane
32Azɔ wova ɖo teƒe si woyɔna be Getsemanebɔ la me. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Minɔ afi sia ne mayi aɖado gbe ɖa.” 33Ekplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes ɖe asi. Le gaƒoƒo sia me la, vevesese helĩhelĩ kple nuxaxa yɔ eme. 34Egblɔ na nusrɔ̃la etɔ̃awo be, “Nuxaxa te ɖe nye luʋɔ dzi ale gbegbe be ɖeko wòwɔ abe ɖe mele kukum ene. Minɔ afi sia mianɔ ŋudzɔ kplim.”
35Azɔ la, ezɔ yi ŋgɔ vie ɖatsyɔ mo anyi eye wòdo gbe ɖa bia be ne ele bɔbɔe la, gaƒoƒo la nato ye ŋu ayi. 36Egblɔ be, “Aba, Fofo, nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe na wò. Na kplu sia nato nunye ayi, ke menye nu si nye ŋutɔ medi o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme.”
37Le esia megbe la, etrɔ yi nusrɔ̃la etɔ̃awo gbɔ eye wòva ke ɖe wo ŋu wonɔ alɔ̃ dɔm. Yesu yɔ Petro gblɔ be, “Simɔn, alɔ̃ dɔm mielea? Ekema miate ŋu anɔ ŋudzɔ kplim gaƒoƒo ɖeka pɛ teti hã oa? 38Minɔ ŋudzɔ, eye miado gbe ɖa be miage ɖe tetekpɔ me o. Gbɔgbɔ la le klalo, gake ŋutilã ya gbɔdzɔ.”
39Yesu gatrɔ yi teƒe la, eye wògado gbe ɖa vevie, hegbugbɔ nu siwo wòbia tsã la bia. 40Esi wògatrɔ va la, ekpɔ nusrɔ̃lawo woganɔ alɔ̃ dɔm ko, elabena alɔ̃ bla woƒe ŋkuwo. Womenya nya si woagblɔ nɛ esi wòva kpɔ wo o.
41Etrɔ gbɔ va wo gbɔ zi etɔ̃lia eye wògblɔ na wo be, “Miegale alɔ̃dɔdɔ dzi le ɖiɖim ɖe emea? Esɔ gbɔ azɔ! Gaƒoƒo la de. Kpɔ ɖa, wode Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo. 42Mitso mídzo! Mikpɔ ɖa, ame si le denye ge asi lae nye ema gbɔna!”
Yesu dede asi kple Yesu léle
43Esi Yesu ganɔ nu ƒom la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka si woyɔna be, Yuda Iskariɔt kple ameha gã aɖe, siwo lé yiwo kple kpowo ɖe asi henɔ nyanyram ŋutɔ la va do. Ame siawoe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo dɔ be woalé Yesu vɛ.
44Hafi woava ɖo teƒea la, Yuda Iskariɔt gblɔ na wo do ŋgɔ be, “Ame si ŋu mate ɖo agbugbɔ nu na la, eyae, milée, ne miakplɔe ayii.” 45Esi ameha la va ɖo teƒea teti ko la, Yuda Iskariɔt zɔ ɖe Yesu dzi hedo ɣli yɔe be, “Nufiala” eye wògbugbɔ nu nɛ. 46Ameha la dze Yesu dzi helée sesĩe. 47Gake ame aɖe he eƒe yi ɖe go eye wòkpa nunɔlagã la ƒe dɔla ƒe to ɖeka wòge va dze anyigba.
48Yesu bia elélawo be, “Adzodala vɔ̃ɖi aɖee menye hafi mietsɔ yiwo kple kpowo ɖe asi va be yewoaléma? 49Menɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu gbe sia gbe nɔ nu fiam. Ke esia va eme be woawu Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la nu.” 50Le esime nya siawo katã nɔ dzɔdzɔm la, eƒe nusrɔ̃lawo katã si dzo.
Ɖekakpui si si dzo
51Ɖekakpui aɖe si ta aklala biɖibiɖi ko la nɔ Yesu yome. Esi amelélawo te kpɔ be yewoalée la, 52esi amama hegblẽ eƒe avɔ la ɖi.
Le Sanhedrin la ŋkume
53Wokplɔ Yesu yi nunɔlagã ƒe aƒe me, afi si nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi ɖo le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. 54Petro nɔ adzɔge ʋĩi le Yesu yome. Esi wòva ɖo nunɔlagã la ƒe aƒe me la, eto nu xa dzaa ge ɖe aƒea me eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe subɔla gbɔ nɔ dzo ƒum.
55Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo nɔ nutsotso aɖewo dim le Yesu ŋu be yewoatsɔ abu fɔe, eye yewoatso kufia nɛ, gake womete ŋu kpɔ nutsotso aɖeke o. 56Ame geɖewo va ɖi alakpaɖasewo, gake nya siwo katã wogblɔ la mesɔ o. Ame sia ame ƒe ɖaseɖiɖi to vovo tso nɔvia tɔ gbɔ.
57Mlɔeba la, ame aɖewo da alakpa ɖe esi be, 58“Míese wògblɔ be, ‘Magbã gbedoxɔ sia, si amegbetɔwo tu la eye matu bubu si manye amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔ o la le ŋkeke etɔ̃ megbe.’ ” 59Togbɔ be wogblɔ alea hã la, amewo ƒe nutsotsowo gato vovo.
60Mlɔeba la, nunɔlagã la tso, bia Yesu le ʋɔnua ŋkume be, “Ɖe nèle gbegbem be yemaɖo nutsotso gbogbo siwo wotsɔ ɖe ŋuwò la ƒe ɖeke ŋu oa? Nya aɖeke mele asiwò nàtsɔ aʋli ɖokuiwò tae oa?”
61Yesu meke nu o, ke boŋ ezi kpi kpoo.
Nunɔlagã la gabiae be, “Wòe nye Kristo, si nye Yayratɔ la ƒe Via?”
62Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee, tso azɔ dzi miakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ anyi ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime, eye wòanɔ lilikpowo dzi atso dziƒo ava.”
63Ŋuɖoɖo sia do dziku na nunɔlagã la ale gbegbe be wòdze eƒe awu si wòdo la hegblɔ be, “Ɖe wòhiã be míagadi ɖasefowo ɖe eŋua? 64Gbeɖe, míekpɔ afiatsotso xoxo elabena miawo ŋutɔ miese busunya si wògblɔ.”
Azɔ nu kae nye miaƒe afiatsotso? Wo katã wobu fɔe be, “Edze na ku.” 65Azɔ ame aɖewo tu ta ɖe mo nɛ ƒia, ɖewo tsɔ nu bla mo nɛ, eye ɖewo hã tu kɔe sesĩe hegblɔ be, “Gblɔe na mí. Ame kae ƒo wò?” Eŋudzɔlawo hã ƒoe.
Petro gbe nu le Yesu gbɔ
66Le ɣeyiɣi sia me la, Petro nɔ aƒea ƒe gbadzaƒe. Ɖetugbivi aɖe si nye nunɔlagã la ƒe subɔla ɖeka la kpɔ Petro dze sii esime wònɔ dzo ƒum. 67Ɖetugbivi la te ɖe Petro ŋu, eye wòlé ŋku ɖe eŋu nyuie.
Ke edo ɣli be, “Wò hã Yesu si tso Nazaret la yomedzelawo dometɔ ɖeka nènye.”
68Ke Petro sẽ nu gblɔ be, “Nyemenya alo se nu si gblɔm nèle la gɔme o.” Ale wòtso ɖanɔ agbo la ƒe mɔnu.
69Subɔla la ƒe ŋku ganɔ Petro ŋu kokoko. Ekpɔ afi si wòɖanɔ eye wòyɔ ame bubuwo hegblɔ na wo be, “Mebe ame sia la, Yesu yomenɔlawo dometɔ ɖeka wònye.” 70Petro gasẽ nu be yemenya Yesu o! Ke ame siwo tsi tsitre ɖe dzoa gbɔ la hã de asi gbɔgblɔ me na Petro be, “Vavã, wò hã wo dometɔ ɖekae nènye elabena Galilea nètso!”
71Petro ta nu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemenya ame si ŋuti miele nu ƒom le la gɔ̃ hã o.”
72Kasia koklo ku atɔ zi evelia. Enumake Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be, “Hafi koklo naku atɔ zi eve la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” Esia na be eƒe dzi gbã eye wòfa avi hehehe.

Did you know?
Anointing, Betrayal, and Arrest
- The anointing took place in Bethany, a village on the south-eastern slope of the Mount of Olives, about two miles east of Jerusalem on the road to Jericho. There Jesus reclined at table in the house of Simon the Leper while a woman broke open an alabaster jar of pure nard and poured it on his head.Sources: Bethany · Simon · the Bible text itself
- After the meal, Jesus and the Twelve sang a hymn and went out to the Mount of Olives, a ridge east of Jerusalem, separated from the city by the Kidron valley and named for the olive trees covering its slopes. At its foot lay Gethsemane, an olive yard whose name means "oil-press," where Jesus was accustomed to withdraw with his disciples.Sources: Mount of Olives · Gethsemane · the Bible text itself
- Judas, surnamed Iscariot, that is, a man of Kerioth, is always named last among the apostles in the lists of the first three Gospels. After the anointing he went to the chief priests to betray Jesus; they were delighted and promised him money, and he later identified Jesus to the armed crowd by a kiss.Sources: Judas Iscariot · the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 13
- Mount of Olives · 31.778, 35.246 · verse 26
- Galilee · 32.760, 35.527 · verse 28
- Gethsemane · 31.779, 35.239 · verse 32
- Nazareth · 32.702, 35.298 · verse 67
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org