Matthew 4
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Abosam te Yesu kpɔ
1Esia megbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ Yesu yi gbedzii be Abosam natee kpɔ. 2Yesu tsi nu dɔ le afi sia ŋkeke blaene kple zã blaene, eye emegbe dɔ wui vevie. 3Esi Abosam kpɔ esia la, eva tee kpɔ gblɔ nɛ be, “Nenye wòe nye Mawu ƒe Vi la vavã la, ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ azu abolo na wò nàɖu.”
4Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔe ɖi be, ‘Menye nuɖuɖu ɖeɖe ko ŋu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ nya sia nya si Mawu gblɔ la ŋutie.’ ”
5Azɔ Abosam gakplɔe yi du kɔkɔe la me eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ la ƒe kɔkɔƒe kekeake. 6Egblɔ nɛ be, “Nenye Mawu vie nènye vavã la, ti kpo tso afi sia. Elabena woŋlɔ ɖi bena:
“ ‘Aɖe gbe na eƒe dɔlawo le ŋutiwò,
eye woatsɔ wò ɖe woƒe asiwo me
ale be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.’ ”
7Yesu gagblɔ nɛ be, “Woŋlɔ da ɖi hã be, mègate Aƒetɔ wò Mawu kpɔ o.”
8Esia megbe la, Abosam kplɔ Yesu yi to kɔkɔ aɖe ƒe tsyɔ̃eƒe ke, eye wòɖe xexea me fiaɖuƒewo katã kple woƒe atsyɔ̃nuwo fiae. 9Egblɔ nɛ be, “Matsɔ nu siawo katã na wò nenye be nèdze klo de ta agu nam ko.”
10Yesu blu ɖe Satan ta be, “Satana, te ɖa le gbɔnye! Mèse mawunya gblɔ be, ‘Aƒetɔ wò Mawu la ko nàsubɔ, eya ko wòle be nàɖo toe oa?’ ”
11Ale Abosam gblẽe ɖi hedzo, eye mawudɔlawo va egbɔ va subɔe.
Yesu dze eƒe dɔ gɔme le Galilea
12Esi Yesu se be wolé Yohanes de gaxɔ me la, edzo le Yudea yi wo de le Nazaret si le Galilea, 13ke egadzo le afi sia hã va Kapernaum si te ɖe Galilea ƒua ŋu le Zebulon kple Naftali nutowo me. 14Yesu ƒe afi sia vava wu nya si Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ da ɖi la nu be,
15“Mi Zebulon kple Naftali,
mi anyigba siwo le ƒuta,
kple anyigba siwo le Yɔdan tɔsisi la godo,
va se ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe Galilea,
16miawoe nye ame siwo nɔ viviti me tsã,
gake fifia la, Kekeli gã aɖe klẽ na mi.
Mi ame siwo nɔ ku ƒe anyigba dzi,
Kekeli klẽ na mi.”
17Tso esia dzi la, Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me be, “Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ne miatrɔ ɖe Mawu ŋu, elabena dziƒofiaɖuƒe la gogo!”
Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo
18Gbe ɖeka esi Yesu nɔ tsa ɖim le Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ nɔvi eve aɖewo. Woawoe nye Simɔn, si wogayɔna hã be Petro kple nɔvia Andrea. Wonɔ asabu dam, elabena ɖɔkplɔlawo wonye. 19Yesu yɔ wo gblɔ na wo be, “Miva dze yonyeme ne mawɔ mi amewo ɖelawo.” 20Petro kple nɔvia Andrea ɖe asi le asabu la ŋu enumake hekplɔ Yesu ɖo.
21Esi wogazɔ yi ŋgɔ vie ko la, Yesu kpɔ nɔviŋutsu eve siwo ŋkɔwoe nye, Yakobo kple Yohanes kple wo fofo Zebedeo le ʋu me wonɔ woƒe ɖɔ vuvuwo sam. Yesu yɔ nɔviŋutsu eveawo hã be woava dze ye yome. 22Yakobo kple Yohanes gblẽ ʋu la kple wo fofo ɖi hedze Yesu yome enumake.
Yesu da gbe le ameha gã aɖe ŋu
23Yesu tsa le Galilea nutowo katã me nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo, eye afi sia afi si wòyi ko la, eɖea gbeƒã fiaɖuƒe la ƒe nyanyui la. Hekpe ɖe esia ŋu la, eda gbe le dɔ ƒomevi vovovo lélawo ŋu le dukɔ la me. 24Nukunu gã geɖe siwo wɔm wònɔ la kaka ɖe teƒewo katã va se ɖe keke Galilea ƒe mlɔenu ke. Ale dɔnɔwo tso kekeke Siria ke hã tɔ ɖɔɖɔɖɔ va egbɔ be wòada gbe le yewo ŋu. Eyɔ dɔ dɔ ɖe sia ɖe lélawo, eɖanye lãmevee, tsukuku, lãmetutu, kpeŋui, gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ ame me o, eda dɔ siawo katã. 25Ameha gã aɖe ŋutɔ dze eyome, eye afi sia afi si wòto ko la, wonɔ eyome kplikplikpli. Ame siawo tso Galilea nuto me, Yerusalem, Dekapoli kple Yudea godoo, ɖewo gɔ̃ hã tso keke Yɔdan tɔsisi la ƒe go evelia dzi ke.

Did you know?
From the Wilderness to the Shores of Galilee
- The tempter in this chapter is called both the devil and Satan, a name meaning "adversary" or "accuser." A Bible dictionary notes that in the New Testament Satan is used interchangeably with the devil, and that he tempted Jesus in the wilderness. After fasting forty days and forty nights, Jesus refused demands to turn stones into bread, to throw himself from the pinnacle of the temple, and to worship Satan in exchange for the kingdoms of the world, answering from Scripture until the devil left and angels ministered to him.Sources: the Bible text itself · Satan
- When Jesus heard that John had been imprisoned, he withdrew to Galilee, left Nazareth, and settled in Capernaum, by the sea in the region of Zebulun and Naphtali, a move that Matthew links to words spoken through the prophet Isaiah. A geographical note explains that Galilee remained long occupied by its earlier inhabitants and so came to be called "Galilee of the Gentiles." Capernaum is not mentioned in the Old Testament; a place entry says that after Jesus was expelled from Nazareth it became his own city.Sources: the Bible text itself · Galilee · Capernaum
- Walking beside the Sea of Galilee—a lake that the Gospel of John also calls the Sea of Tiberias, about twelve and a half miles long—Jesus called two pairs of brothers who worked as fishermen. Simon, called Peter, and Andrew were casting a net; a Bible dictionary notes that Andrew, from Bethsaida, had first been a disciple of John the Baptist, and that the two brothers did not become Jesus' stated attendants until after John's imprisonment. Farther along, James and John, sons of Zebedee, were in a boat with their father mending nets; Jesus called them, and both pairs left their work and followed him.Sources: the Bible text itself · Andrew · James (Son of Zebedee) · Sea of Galilee
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 5, 25
- Galilee · 32.760, 35.527 · verses 12, 13, 15, 23, 25
- Judea · Today: Judea 1 · 31.777, 35.234 · verses 12, 25
- Nazareth · 32.702, 35.298 · verse 13
- Jordan · Today: Jordan River · 31.761, 35.558 · verses 15, 25
- Sea of Galilee · 32.819, 35.590 · verse 18
- Syria · Today: Syria 2 · 33.511, 36.306 · verse 24
- Decapolis · 32.717, 35.800 · verse 25
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org