Nations Bible

Matthew 24

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Wogblɔ nya ɖi tso gbedoxɔ la gbagbã ŋuti

1Yesu do go le gbedoxɔ la me hezɔ dzo yina, ke eƒe nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu heɖo ŋku nu dzi nɛ tso xɔ bubu siwo le gbedoxɔ me la ŋuti. 2Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miele nu siawo katã kpɔma? Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be womagblẽ kpe ɖeka pɛ hã ɖe nɔvia dzi o; woagbã nu sia nu aƒu anyi.”

Fukpekpewo ƒe gɔmedzedze

3Azɔ edzo yi ɖanɔ Amito la dzi. Nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae be, “Aƒetɔ, ɣe ka ɣi nu siawo katã ava eme? Dzesi kawoe afia wò vava zi evelia kple xexea me ƒe nuwuwu?”

4Yesu ɖo eŋu na wo be, “Minɔ ŋudzɔ, be ame aɖeke nagaflu mi o, 5elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔ me agblɔ be, ‘Nyee nye Kristo la,’ eye woaflu ame geɖewo. 6Ne miese be aʋa dzɔ le afi aɖe, eye aʋaɣliwo le ɖiɖim la, migaɖi vo alo avɔ̃ o, elabena esia mefia be nye vava alo nuwuwu la ɖo o. Nu siawo adzɔ, gake nuwuwu la meɖo haɖe o. 7Le ɣeyiɣi mawo me la, dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe atsi tsitre ɖe fiaɖuƒe ŋu. Dɔ ato le teƒe geɖewo, eye anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo. 8Ke esiawo katã anye nu siwo do ŋgɔ na fukpekpe gã siwo le vava ge la ko.

9“Le ɣeyiɣi mawo me la, amewo ade mi asi na yometitiwo kple wuwu gɔ̃ hã. 10Le ɣe ma ɣi me la, ame geɖewo atra le xɔse la gbɔ, woade wo nɔviwo asi, eye woalé fu wo nɔewo vevie. 11Aʋatsonyagblɔɖilawo abɔ fũu, eye woana geɖewo atra mɔ. 12Nu vɔ̃ wɔwɔ axɔ aƒe ale gbegbe be, ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃nu atsi. 13Ke ame si anɔ te ase ɖe nuwuwu la, woaɖee. 14Azɔ la, woagblɔ fiaɖuƒe la ƒe nyanyui sia le xexea me katã abe ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã ene, ekema nuwuwu la ava.”

Xaxa gã la

15“Eya ta ne miekpɔ ‘ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ la’ le tsitre ɖe Kɔkɔeƒe la, esi ƒe nya wogblɔ to Nyagblɔɖila Daniel dzi la, nya sia xlẽla nese egɔme, 16ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi. 17Ame si le eƒe xɔ ta la megaɖi va anyigba alo age ɖe eƒe xɔ me be yeatsɔ naneke le eme o. 18Ame si le agble me la megatrɔ va tsɔ eƒe awu o.

19“Baba na funɔwo kple ame siwo si vidzĩwo le le ŋkeke mawo me. 20Mido gbe ɖa be miaƒe sisigbe megadze vuvɔŋɔli alo Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o. 21Le ɣe ma ɣi me la, xaxa si ƒomevi medzɔ kpɔ tso xexea me ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o, eye magadzɔ kpɔ o la anɔ anyi.

22“Le nyateƒe me la, ne womeɖe le nenem ŋkekeawo dzi o la, amegbetɔƒome la katã atsrɔ̃. Ke meka ɖe edzi na mi be le Mawu ƒe ame tiatiawo ta la, woato ŋkeke siawo ɖe eme. 23Nenye be ame aɖe agblɔ na mi be, ‘Kristo la va ɖo,’ eye wòle afii alo afi mɛ alo ‘wokpɔe le afi aɖe la,’ migaxɔe se o, 24elabena aʋatsokristotɔwo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ava do, eye woawɔ nukunu gãwo siwo dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase. 25Kpɔ ɖa, megblɔe na mi do ŋgɔ lo!

26“Eya ta ne ame aɖe gblɔ na mi be, ‘Ele gbedzi afi aɖe la,’ migaɖe fu na mia ɖokuiwo be yewoayi aɖakpɔe ɖa o. Alo ne ame aɖe be, ‘Ebe ɖe xɔ gã me la,’ migaxɔe se o! 27Abe ale si dzi kea dzo le ɣedzeƒe wokpɔnɛ le ɣetoɖoƒe ene la, nenema ke Nye Amegbetɔ Vi la ƒe vava anɔ. 28Minyae be afi si nu kuku le la, afi ma akagawo nɔna.”

Amegbetɔ Vi la ƒe vava

29“Le xaxaŋkeke mawo megbe teti ko la,

“ ‘Ɣe ado viviti,

eye ɣleti hã magaɖi o,

ɣletiviwo age tso dziƒo,

eye ŋusẽ siwo le dziƒo la aʋuʋu.’

30“Le ɣe ma ɣi me la, Amegbetɔ Vi la ƒe dzesi ado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigbadzidukɔwo katã afa konyi. Tete woakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ lilikpo dzi aɖiɖi gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe me, 31eye wòadɔ eƒe dɔlawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi sesĩe, eye woayi aɖaƒo ame titiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒo ƒe dzogoe ɖeka dzi yi bubu dzi.

Nufiame tso gboti la ŋuti

32“Azɔ misrɔ̃ nu tso gboti la ŋuti. Nenye be tsi ɖo eƒe alɔwo me, eye aŋgbawo de asi dodo me la, ekema minyae be dzomeŋɔli ɖo vɔ. 33Nenema ke ne miekpɔ be nu siawo katã de asi dzɔdzɔ me la, ekema minyae be nye vava tu aƒe kpokploe. 34Vavã mele egblɔm na mi be dzidzime sia nu mava yi o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme.

35“Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo anɔ anyi ɖaa. 36Ke hã la, ame aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si tututu nu siawo ava eme o. Mawudɔla siwo le dziƒo hã menya o, Nye, Vi la gɔ̃ hã nyemenya o, negbe Fofo la ko.

Ame aɖeke menya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o

37“Abe ale si wòdzɔ le Noa ŋɔli ene la, nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vava ɣeyiɣi me. 38Elabena le ŋkeke siwo do ŋgɔ na tsiɖɔɖɔ me la, ameawo nɔ nu ɖum, nɔ nu nom, nɔ srɔ̃ ɖem, eye wotsɔa ame nana be woaɖe va se ɖe ŋkeke si dzi Noa ge ɖe aɖakaʋu la me, 39eye womenya nu si gbɔna dzɔdzɔ ge o va se ɖe esime tsiɖɔɖɔ la va, eye wòkplɔ wo katã dzoe. Nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vavaɣi.

40“Ame eve anɔ agble me anɔ dɔ wɔm, woava akplɔ ɖeka adzoe agblẽ ɖeka ɖi. 41Nyɔnu eve anɔ bli tum le te dzi, woatsɔ ɖeka agblẽ evelia ɖi.

42“Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya gbe si gbe miaƒe Aƒetɔ la ava o.

43“Ne ame aɖe medi be fiafitɔ neva fi yeƒe nuwo le zã me o la, enɔa ŋudzɔ na fiafitɔ la ƒe vava. 44Eya ta minɔ ŋudzɔ ɣeawo katã ɣi elabena, Nye, Amegbetɔ Vi la, mava le gaƒoƒo si me ame aɖeke manɔ mɔ kpɔm nam o.

Dɔla nuteƒewɔla alo nuteƒemawɔla la

45“Azɔ minye dɔla nuteƒewɔla kple nunyala, ame si eƒe aƒetɔ atsɔ ɖo eƒe aƒemetɔwo nu be wòana woƒe nuɖuɖu wo le enaɣi. 46Nenye be metrɔ gbɔ va kpɔ nye subɔlawo miele miaƒe dɔdeasi siawo wɔm anukwaretɔe la, mayra mi ŋutɔ. 47Le nyateƒe me la, matsɔe aɖo nye nuwo katã nu.

48“Gake ne miewɔ abe dɔla vɔ̃ɖiwo ene hegblɔ na mia ɖokuiwo be, ‘Nye Aƒetɔ anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe hafi agbɔ,’ 49ale be miede asi dɔla bubuawo ƒoƒo me hele nutsuɖuɖu kple ahamumu dzi la, 50miaƒe aƒetɔ ava le ŋkeke si miele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo si mienya o la dzi, 51eye wòaƒo mi vevie. Emegbe la, ana woadrɔ̃ ʋunu mi kple alakpanuwɔlawo, eye afi ma miafa avi, aɖu aɖukli hã le.”

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

The fall of the temple and the coming of the Son of Man

  • After leaving the temple, Jesus sat on the Mount of Olives, and the disciples came to him privately to ask when these things would happen and what would be the sign of his coming and of the end of the age. The Mount of Olives is a ridge east of Jerusalem, named for the olive trees that clothe its slopes, and it is separated from the city by the Kidron valley.Sources: the Bible text itself · Mount of Olives
  • Jesus says that when they see standing in the holy place the abomination of desolation described by the prophet Daniel, those in Judea should flee to the mountains, not stopping to fetch anything from the house or the field. Under the Romans in the time of Christ, Judea was the southernmost of the three divisions of Palestine, distinct from Galilee and Samaria, and included the territories of the tribes of Judah, Benjamin, Dan, Simeon, and part of Ephraim.Sources: the Bible text itself · Judea
  • Jesus compares the coming of the Son of Man to the days of Noah: before the flood, people were eating and drinking, marrying and giving in marriage, up to the day Noah entered the ark, and they were oblivious until the flood swept them all away. The chapter therefore urges its readers to keep watch, because they do not know the day on which their Lord will come.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Mount of Olives · 31.778, 35.246 · verse 3
  • Holy Place · Today: on Mount Moriah · 31.778, 35.236 · verse 15
  • Judea · Today: Judea 1 · 31.777, 35.234 · verse 16

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.