Matthew 11
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Yohanes dɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖe Yesu gbɔ
1Esi wòde se na nusrɔ̃la wuieveawo alea vɔ megbe la, Yesu ŋutɔ dze mɔ nɔ mawunya gblɔm le duwo me nɔ yiyim abe ale si wòɖoe da ɖi ene.
2Yohanes, ame si nɔ gaxɔ me le ɣeyiɣi siawo me la se nukunu gbogbo siwo katã Kristo la nɔ wɔwɔm. Esia ta edɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ɖe Yesu gbɔ be woabiae be, 3“Wòe nye ame si gbɔna loo, alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubu aɖea?”
4Wova bia nya sia Yesu, eye wòɖo eŋu na wo be, “Miheyi ɖagblɔ nu si miese kple nu si miekpɔ la fia Yohanes bena, 5ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm na ame dahewo. 6Migblɔ nya sia hã nɛ be, ‘Woayra ame siwo xɔa dzinye sena ɖikeke manɔmee.’ ”
Yesu ɖi ɖase le Yohanes ŋu
7Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo nɔ dzodzom la, Yesu dze nuƒoƒo na ameha la tso Yohanes ŋu be, “Nu ka miedo go yi kpɔkpɔ ge le gbedzi? Aƒla si ya le ƒoƒoma? 8Ne mele eme nenema o ɖe, nu ka miedo go yi kpɔkpɔ ge? Ame si do awu nyuiwoa? Ao, ame siwo do awu nyuiwo la le fiasãwo me. 9Ekema nu ka miedo go ɖakpɔ? Nyagblɔɖila aɖea? Ɛ̃, gake mele egblɔm na mi be ewu nyagblɔɖila gɔ̃ hã, 10Eyae nye ame si ŋu woƒo nu tsoe le mawunya me be,
“ ‘Mele nye dɔla dɔ ge ɖa wòava do ŋgɔ na wò be,
wòadzra wò mɔ la ɖo.’
11Enye nyateƒe be le amegbetɔƒomea katã dome la, ame aɖeke mede ŋgɔ wu Yohanes Mawutsidetanamela o. Ke megale egblɔm na mi kple kakaɖedzi hã be, ame suetɔ kekeake si le dziƒofiaɖuƒe la me la kɔ wu eya amea! 12Tso Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ŋkekewo me va se ɖe fifia la, dziƒofiaɖuƒe la le ŋgɔ yim ŋusẽtɔe, eye ŋkumesesẽtɔwoe le eham. 13Elabena Se la kple Nyagblɔɖilawo katã va se ɖe Yohanes dzi gblɔe da ɖi, 14eye ne miedi be yewoaxɔ nya siwo gblɔm mele la, ekema minyae be Yohanes ye nye Eliya, ame si Nyagblɔɖilawo gblɔ be ava do ŋgɔ la. 15Ne ame aɖe le klalo be yease nu la, nesee azɔ!
16“Aleke magblɔ tso dukɔ sia ŋuti? Ame siawo sɔ kple ɖevi siwo le fefe fem hele gbɔgblɔm na wo nɔewo be,
17“ ‘Míedzi dzidzɔhawo na mi,
gake miekpɔ dzidzɔ o,
eya ta míedzi kuhawo,
gake miefa konyi hã o!’
18Yohanes menoa wain teti hã o, eye wòtsia nu dɔna zi geɖe, gake miegblɔ be gbɔgbɔ vɔ̃ le eme. 19Ke nye Amegbetɔ Vi la, meɖua nu, noa nu, eye miawo ke miegblɔ tso ŋunye be, ‘Nutsuɖula kple ahatsunolae wònye, eye wòdea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo!’ Ke Mawu ƒe nunya tsoa afia na eɖokui to eƒe nuwɔnawo me.”
Babadodo na du siwo metrɔ dzi me o
20Azɔ Yesu he nya ɖe du siwo me wòwɔ eƒe nukunu geɖewo le la ŋu, elabena wogbe be yewomaxɔ Mawu dzi se o. 21Egblɔ le wo ŋu be, “Baba na wò Korazin! Baba na wò Betsaida! Elabena ne Tiro kple Sidon duwo mee mewɔ nukunu siwo mewɔ le mia dome le la, anye ne ameawo trɔ dzime xoxoxo, anɔ akpanya kple afi me. 22Le nyateƒe me la, anɔ bɔbɔe na Sidon kple Tiro le ʋɔnudrɔ̃gbe la tsɔ wu mi! 23Eye mi Kapernaumtɔwo, ɖe woade bubu mia ŋuti le dziƒoa? Gbeɖe, woaɖo mi ɖe dzomavɔʋe la me, elabena ɖe wowɔ nukunu klitsu siwo wowɔ le mewò le Sodom la, ne womatsrɔ̃ dua o, ke boŋ anɔ anyi va se ɖe egbe. 24Ke mele egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na Sodomnyigba le ʋɔnudrɔ̃gbe la tsɔ wu wò.”
Miva gbɔnye ne miadzudzɔ
25Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu do gbe ɖa be, “Mekafu wò, O Fofo, dzi kple anyigba ƒe Aƒetɔ, be nèɣla nu siawo ɖe xexe sia me ƒe nunyala gãwo, eye nèɖee fia ame siwo xɔ dziwò se abe ɖeviwo ene la. 26Nyateƒe, Fofo, akpe na wò, elabena aleae nèdi be wòanɔ!”
27Egblɔ yi edzi be, “Fofonye tsɔ nu siwo katã nye nyateƒe la de asi nam. Fofo la koe nya ame si ƒomevi Vi la nye, eye Vi la kple ame siwo Vi la ɖee fia la koe nya Fofo la.”
Agbagbadzelawo kpekpe
28“Mite va gbɔnye, mi ame siwo ŋu ɖeɖi te, eye agba le mia wum la, eye nye la mana miadzudzɔ. 29Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu le gbɔnye, elabena mefa, mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miaƒe luʋɔwo agbɔ ɖe eme, 30elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.”

Did you know?
John's question and the cities that did not repent
- From prison, John sent his disciples to ask whether Jesus was the one who was to come. Jesus told the crowds that John was more than a prophet—the messenger sent ahead to prepare the way—and, if they were willing to accept it, the Elijah who was to come. A Bible dictionary calls John the forerunner and says his mission was already the subject of prophecy, citing Isaiah 40:3 and Malachi 3:1; it also introduces Elijah as the Elias of the New Testament.Sources: the Bible text itself · John the Baptist · Elijah
- Jesus then denounced Chorazin, Bethsaida, and Capernaum, where most of his miracles had been performed, because they did not repent. A dictionary identifies Chorazin with modern Kerazeh, about two and a half miles up the Wady Kerazeh from Capernaum, and says that Capernaum, absent from the Old Testament, became Jesus' own city after he left Nazareth. It places Bethsaida on the east side of the lake, two miles up the Jordan in Gaulonitis, enlarged by Philip the tetrarch and named Julias after the emperor's daughter, though some have supposed there was only one Bethsaida, near where the Jordan enters the lake.Sources: the Bible text itself · Chorazin · Capernaum · Bethsaida
- He set those cities against Tyre and Sidon, which he said would have repented long ago in sackcloth and ashes, and against Sodom, which he said would have remained to this day. Sidon, on the Mediterranean coast about twenty-five miles north of Tyre, was the oldest Phoenician city there and the mother city of Tyre. A dictionary says the commerce of the whole world was gathered into Tyre's warehouses, and that Sodom, in the vale of Siddim, was destroyed by fire from heaven so completely that no trace of it has been found.Sources: the Bible text itself · Sidon · Tyre · Sodom
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Galilee · 32.760, 35.527 · verse 1
- Sidon · Today: Sandikli archaeological site in Sidon · 33.561, 35.372 · verses 21, 22
- Tyre · 33.271, 35.196 · verses 21, 22
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org