Nations Bible

Luke 8

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Nyɔnu aɖewo dze Yesu yome le eƒe dɔwɔwɔ me

1Le esia megbe la, Yesu kplɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ɖe asi eye wode asi tsatsa me le du kple kɔƒe siwo le Galilea nutowo me la me nɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe ŋu nyanyui la. 2Nyɔnu aɖe si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le kple esiwo ŋu wòda gbe le la kplɔ wo ɖo. Wo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ adre le, 3Yohana, Kuza srɔ̃, Kuza sia nye Fia Herod ƒe fiasã bliboa dzi kpɔla, Susana kple ame bubu geɖe siwo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe ga kple nuɖuɖu nɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzi kpɔmii.

Lododo tso nukuwula la ŋu

4Gbe ɖeka esi ame geɖe gaƒo ƒu ɖe Yesu ŋu be yewoase eƒe nyawo, eye bubuwo hã ganɔ mɔ dzi gbɔna tso du bubuwo me la, edo lo sia na wo be, 5“Agbledela aɖe yi eƒe agble me be yeaƒã nuku. Esi wònɔ nukuawo wum la, ɖewo ge ɖe mɔƒome, eye amewo va zɔ wo dzi. Xeviwo hã va fɔ wo mi. 6Nuku aɖewo hã ge ɖe kpenyigba dzi. Nuku siawo de asi miemie me, gake wova yrɔ elabena woƒe kewo mete ŋu yi tome ʋĩi afi si woakpɔ tsi le o. 7Bubuwo ge ɖe ŋugbewo me, eye womie kple ŋuawo, gake ŋuawo va vu tsyɔ̃ wo dzi, eye wotsrɔ̃. 8Nuku bubuwo ya ge ɖe anyigba nyui dzi, ale wotsi, tse ku alafa nanewo wu esi agbledela la wu.”

Esi wògblɔ ŋutinya sia vɔ la, egblɔ be, “Ame si to senu li na la nesee.”

9Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ be wòaɖe lododo la gɔme na yewo.

10Ke egblɔ na wo be, “Miawo la, wona nunya mi be miase mawufiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo gɔme, ke hena ame bubuwo la, meƒoa nu na wo le lododowo me ale be,

“ ‘Ne wokpɔ nu la, womadze sii o,

ne wose nu hã la, womase egɔme o.’ ”

Lododo tso nukuwula la ŋu ƒe gɔmeɖeɖe

11Yesu gblɔ na wo be, “Lododo la gɔmee nye esi, nuku lae nye Mawu ƒe nya si wòtsɔ vɛ na amegbetɔwo. 12Mɔƒome afi si nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo ƒe dziwo ku atri. Ame siawo ƒomevi sea Mawu ƒe nya, gake Abosam vana, eye wòɖea nya la le woƒe dzi me ale be wometea ŋu xɔa edzi sena be woakpɔ ɖeɖe o. 13Esiwo ge ɖe kpenyigba dzi lae nye ame siwo ne wose nya la la, woxɔnɛ kple dzidzɔ, gake metoa ke ɖe woƒe dziwo me be wòatsi o. Woxɔna sena ɣeyiɣi aɖe, ke le tetekpɔ ƒe ɣeyiɣiwo me la, wogbɔdzɔna. 14Nuku si ge ɖe ŋu me lae nye ame siwo sea mawunya eye woxɔnɛ sena, gake agbe sia me ƒe fuɖenamewo, kesinɔnuwo, aglotutu, dzidzɔkpɔkpɔwo kple ŋutilã ƒe dzidzɔdonamenuwo vuna tsyɔ̃a nya la dzi le woƒe dziwo me, ale be wometsea ku ɖina o. 15Ke anyigba nyui lae nye ame siwo se nya la kple dzi nyui si dza, eye wolé eme ɖe asi sesĩe, ale wotsea ku le dzigbɔɖi me.”

Lododo tso akaɖi si le afianu te la ŋu

16Ɣe bubu ɣi la, Yesu bia ameawo be, “Ame kae se kpɔ be ame aɖe si akaɖi, eye wòtsɔ nu tsyɔ edzi be megaklẽ o. Gbeɖe, akaɖi la, akaɖiti dzie wodanɛ ɖo be wòaklẽ be amewo nakpɔ nu. 17Esia fia be gbe ɖeka la, woahe nu sia nu si le amewo ƒe dzi me la ɖe gaglãgbe be ame sia ame nakpɔ. 18Le esia ta mikpɔ nyuie le nu siwo miesena la ŋu elabena ame si si nu le la, eyae woagana nui, eye ame si si nu mele o la, woaxɔ esi wòbu be ele ye si la hã le esi.”

Yesu dada kple nɔvia ŋutsuwo

19Gbe ɖeka Yesu nɔviawo kple dadaa wova be yewoakpɔe ɖa. Amewo sɔ gbɔ ale gbegbe be dadaa kple nɔviawo mete ŋu te ɖe eŋu o. 20Ame aɖe va gblɔ na Yesu be dadaa kple nɔviawo le edim be yewoakpɔ.

21Esi Yesu se be ye dada kple ye nɔviwo le xexe le ye dim la, egblɔ be, “Danye kple nɔvinyewoe nye ame siwo katã sea mawunya la, eye wowɔna ɖe edzi hã.”

Yesu tsi ahom nu le ƒu dzi

22Gbe bubu gbe esi eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ ʋu aɖe me le ƒua dzi la, Yesu bia tso nusrɔ̃lawo si be woaku ʋua yi ƒua ƒe go evelia dzi. 23Esi wonɔ ʋua me le ƒua dzi yina la, Yesu dɔ alɔ̃. Le ɣeyiɣi sia me la, ahom tu, eye ƒutsotsoewo ge ɖe ʋu la me, eye woƒe agbe ɖo xaxa gã aɖe me.

24Nusrɔ̃lawo ɖe abla va Yesu gbɔ heʋuʋui, eye wònyɔ. Wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, Aƒetɔ, míele nyɔnyrɔm!”

Ale Yesu fɔ, eye wòblu ɖe ahom la ta. Enumake ɖoɖoe gã aɖe zi eye ahom la dzudzɔ. Ya la kple ƒutsotsoeawo dze kɔ anyi kpoo. 25Azɔ ebia eƒe nusrɔ̃lawo be, “Afi ka míaƒe xɔse le?” Wo katã ƒe mo wɔ yaa, eye vɔvɔ̃ lé wo.

Ɖeko wobia wo nɔewo be, “Ame kae nye ame sia, be ya kple ƒutsotsoewo gɔ̃ hã ɖoa toe?”

Yesu da gbe le Gadaratɔ, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe ŋu

26Wova ɖi go ɖe Gadaratɔwo ƒe anyigba si le Galilea ƒua godo la dzi. 27Esi wonɔ go dom tso ʋua me ko la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃wo le, eye megado awu kpɔ o la si du tso Gadara dua me va kpe Yesu. Nɔƒe aɖeke mele ame sia si abe aƒe me ene o. Agado siwo me woɖi ame kukuwo ɖo la me wòmlɔna. 28Esi wòkpɔ Yesu teti ko la, etsɔ eɖokui xlã ɖe anyigba le eŋgɔ henɔ ɣli dom be, “Nu ka dim nèle le gbɔnye, wò Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Meɖe kuku na wò, mègawɔ funyafunyam o!” 29Egblɔ nya sia, elabena Yesu de asi gbɔgbɔ vɔ̃ la nyanya me le eme xoxo. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia xɔ amea me ale gbegbe be ne woblae kple gakɔsɔkɔsɔ hã la, etsoa kɔsɔkɔsɔa bɔbɔe hesina ɖoa gbe.

30Yesu bia gbɔgbɔ vɔ̃a be, “Ŋkɔwò ɖe?”

Eɖo eŋu nɛ be, “Ŋkɔnyee nye Legio,” elabena gbɔgbɔ vɔ̃ geɖe yi eme. 31Gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu vevie be meganya yewo de do globo si seɖoƒe meli na o la me o.

32Aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le to si te ɖe wo ŋu la kɔgo le ɣeyiɣi sia me, eye gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu be nena yewoayi aɖage ɖe wo me. Ale Yesu na mɔ wo. 33Gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le amea me yi ɖage ɖe haawo me. Enumake haawo katã ƒu du sesĩe tso toa kɔgo yi ɖadze ƒu me doo heno tsi ku. 34Esi hakplɔlawo kpɔ nu siwo dzɔ la, wolé du tsɔ sesĩe tu ta duwo kple kɔƒe siwo te ɖe afi ma ŋu la me, eye esi wonɔ yiyim la, wonɔ nu si dzɔ la gblɔm na amewo. 35Eteƒe medidi o la, ameha gã aɖe va do be yewoakpɔ nu kple yewo ŋutɔ ƒe ŋkuwo. Wokpɔ ame si me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ kpɔ la, eƒe mo kɔ, eye wòdo awu henɔ anyi ɖe Yesu ƒe afɔ nu kpoo, esia wɔe be vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo katã. 36Ame siwo kpɔ ale si Yesu da gbe le gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ la ŋui la gblɔe na wo tɔ bubuawo. 37Ale Gadaratɔwo ƒe nutometɔwo katã ɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewo gbɔ kpoo, elabena vɔvɔ̃ lé wo. Ke Yesu ge ɖe ʋua me hedzo le afi ma.

38Hafi wòadzo la, ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃awo le la ɖe kuku nɛ vevie be yeayi kplii. Ke Yesu gbe gblɔ nɛ be, 39“Trɔ nàyi wò ƒometɔwo gbɔ, eye nàgblɔ nu gã si Mawu wɔ na wò la na wo.” Ale ŋutsu sia dze mɔ nɔ tsatsam le dua me henɔ nukunu gã si Yesu wɔ la gblɔm na ameawo.

Yairo vinyɔnuvi la kple nyɔnu ʋusisidɔléla la

40Ke esi Yesu trɔ va la, ameha la xɔe atuu, elabena wonɔ mɔ kpɔm na eƒe vava xoxoxo. 41Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yairo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒedzikpɔlawo dometɔ ɖeka la va Yesu gbɔ dze klo ɖe eƒe afɔ nu heɖe kuku nɛ vevie be nekplɔ ye ɖo yi aƒe me, 42elabena vinyɔnuvi ɖeka hɔ̃ si le ye si si xɔ ƒe wuieve la le kudɔ ƒom.

Yesu dze eyome enumake, gake ameha la mimii ɖo. 43Nyɔnu aɖe nɔ afi ma, ame si le ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ, gake ame aɖeke mete ŋu yɔ dɔe o. 44Nyɔnu sia va te ɖe eŋu le emegbe, eye wòka asi eƒe awu to, enumake eƒe ʋusisidɔ la tɔ.

45Ke Yesu trɔ bia be, “Ame kae ka asi ŋunye?” Ame aɖeke melɔ̃ be yee o.

Ke Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ ameha la mimi wò ɖo, eye wote ɖe ŋuwò kpokploe, aleke wɔ nàbia be ame kae ka asi ye ŋu?”

46Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, ame aɖe ɖoe koŋ ka asi ŋunye, elabena ŋusẽ si le menye la ƒe ɖe do le menye.”

47Nyɔnu si wɔ nenem nu sia la kpɔe be nu si yewɔ la le nyanya na Yesu eya ta etsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya va dze klo ɖe eŋkume hegblɔ nu si ta wòka asi eŋu kple ale si wòkpɔ dɔyɔyɔ enumake la nɛ. 48Yesu gblɔ nɛ be, “Vinyɔnu, wò xɔse da gbe le ŋuwò. Heyi le ŋutifafa me.”

49Le esime Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnu la la, ame aɖe tso ƒuƒoƒemegã Yairo ƒe aƒe me va do kple nya sia be via nyɔnuvi sue la ku. Ame dɔdɔa gblɔ na Yairo be, “Viwò la ku xoxo eya ta viɖe aɖeke mele eme be nàgaɖe fu na Nufiala la o.”

50Esi Yesu se nya si amea tsɔ vɛ la, egblɔ na ɖevia fofo be, “Mègavɔ̃ o! Wò ya xɔ se ko, ekema viwòa agagbɔ agbe.”

51Esi woɖo aƒea me la, Yesu de se be ame aɖeke nagage ɖe xɔ si me ɖevia le kple ye o negbe Petro, Yohanes, Yakobo kple ɖevia fofo kple dadaa ko. 52Aƒea me ŋutɔ yɔ fũu kple konyifala siwo nɔ avi fam. Yesu gblɔ na wo be, “Midzudzɔ avia. Ɖevia meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle!”

53Nya sia ɖi kokoe na ameawo, elabena wonya nyuie be ɖevia ku. 54Azɔ Yesu zɔ ɖe ɖevia dzi le xɔa me, eye wòlé eƒe alɔnu heyɔe gblɔ be, “Vinye tsi tsitre.” 55Eye eƒe gbɔgbɔ gagbugbɔ, eye enumake wòtsi tsitre kpla. Yesu gblɔ na ameawo be, “Mina nanee wòaɖu!” 56Dzi dzɔ ɖevia dzilawo ŋutɔ. Ke Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Good news on the Galilean road

  • As Jesus went from town to town, some women traveled with him and the Twelve and supported them from their own means. Mary is called Magdalene from Magdala, her birthplace, to distinguish her from the other Marys; a reference work calls it a mistake to identify her with the woman described as a sinner in the previous story. Joanna was the wife of Chuza, steward of Herod Antipas, tetrarch of Galilee, and Susanna, whose name means lily, is named among them.Sources: Mary Magdalene · Joanna · Susanna · the Bible text itself
  • Peter, James, and John, who appear with Jesus in this chapter, were fishermen on the Sea of Galilee. Peter's hometown, Bethsaida, lay on its western coast, where he was trained as a fisher; James, son of Zebedee and one of the Twelve, worked in partnership with him, and his brother John followed the same trade on the lake.Sources: Simon Peter · James (Son of Zebedee) · John the Apostle · the Bible text itself
  • Jairus, who pleaded with Jesus to come because his only daughter was dying, is identified as a ruler of the synagogue at Capernaum. In the house, only Peter, James, and John were allowed to enter with the child's father and mother; after the girl got up, Jesus directed that she be given something to eat.Sources: Jairus · the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Galilee · 32.760, 35.527 · verse 26
  • Gerasa · Today: Jerash · 32.272, 35.891 · verses 26, 37

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.