Leviticus 9
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Nunɔlaawo dze dɔwɔwɔ gɔme
1Le ŋutikɔkɔ ƒe ŋkeke enyia gbe la, Mose yɔ Aron kple via ŋutsuwo kple Israel ƒe ametsitsiwo, 2eye wògblɔ na Aron be wòalé nyitsu ɖeka tso nyiha la me hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka hena numevɔsa, eye wòasa vɔ le Yehowa ŋkume.
3Mose yi edzi be, “Gblɔ na Israelviwo be woatia gbɔ̃tsu ɖeka hena woƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple nyivi ɖeka kple alẽvi ɖeka, lã siwo de blibo hena woƒe numevɔsa. 4Kpe ɖe esia ŋu la, woatsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka asa akpedavɔ, eye woatsɔ wɔ si woblu kple ami la asa nuɖuvɔ na Yehowa, elabena egbe la, Yehowa aɖe eɖokui afia wo.”
5Ale ameawo tsɔ nu siawo katã va Agbadɔ la ƒe mɔnu, abe ale si Mose gblɔ na wo la ene, eye ameawo tsi tsitre ɖe afi ma le Yehowa ŋkume.
6Mose gblɔ na ameawo be, “Ne miewɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi la, eƒe ŋutikɔkɔe aɖe eɖokui afia mi.”
7Mose gblɔ na Aron be wòate ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòasa nu vɔ̃ vɔsa kple numevɔ, alé avu gbã ɖe eɖokui ta, eye emegbe la, ɖe ame bubuawo ta abe ale si Yehowa ɖo ene. 8Ale Aron te ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòtsɔ nyivi la wɔ nu vɔ̃ vɔsae ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta. 9Via ŋutsuwo tsɔ ʋu la nɛ. Ede asi eme, sisii ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòkɔ mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. 10Emegbe la, etɔ dzo nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã la ƒe ami, ayikuawo kple aklã la le vɔsamlekpui la dzi, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. 11Etɔ dzo lã la kple eƒe agbalẽ le asaɖa la godo.
12Nu si kplɔ esia ɖo lae nye Aron wu numevɔsalã la. Via ŋutsuwo tsɔ ʋua nɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo. 13Wofli lã la tsɔ vɛ nɛ kpe ɖe lã la ƒe ta ŋu. Etɔ dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi. 14Ekpala dɔmenuawo kple afɔawo, eye wòtɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi abe numevɔsa ene.
15Emegbe la, etsɔ ameawo ƒe nunanawo sa vɔe. Ewu gbɔ̃tsu la, eye wòtsɔe sa vɔe abe ale si wòsa nu vɔ̃ vɔsa ɖe eɖokui ta ene. 16Ale wòsa numevɔ la na Yehowa, le se siwo wòde nɛ la nu.
17Le esia megbe la, esa nuɖuvɔ la. Eku wɔ la ƒe asiʋlo ɖeka, eye wòtɔ dzoe kpe ɖe gbe sia gbe ƒe ŋdivɔsa ŋu le vɔsamlekpui la dzi.
18Azɔ la, ewu nyitsu la kple agbo si ameawo tsɔ vɛ la na akpedavɔsa. Aron viŋutsuwo tsɔ lãawo ƒe ʋu vɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo. 19Eɖe nyitsu la kple agbo la ƒe amiwo, ami siwo le ayikuawo ŋu kpe ɖe esiwo le woƒe dɔmenuwo ŋu la ŋuti, eye wògaɖe woƒe ayikuwo kple aklãwo hã. 20Aron tsɔ amiawo da ɖe vɔsalãwo ƒe akɔwo dzi, eye wòtɔ dzo amiawo le vɔsamlekpui la dzi. 21Ke Aron nye lãawo ƒe akɔwo kple ɖusitawo le yame le Yehowa ŋkume abe wo tsɔtsɔ na Mawu ƒe dzesi ene, abe ale si Mose ɖo nɛ ene.
22Emegbe la, Aron wu eƒe asiwo dzi ɖe dukɔ la dzi, yra wo; eye esi wòsa nu vɔ̃ vɔ, numevɔ, kple akpedavɔ vɔ la, eɖi le vɔsamlekpui la dzi. 23Mose kple Aron woyi Agbadɔ la me, eye esi wodo go la, woyra ameawo. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ameha blibo la, 24eye dzo tso Yehowa gbɔ fia numevɔsa la kple amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Esi ameawo kpɔe la, wo katã wodo dzidzɔɣli, eye wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume.
Did you know?
Aaron Begins His Priestly Ministry
- On the eighth day after the ordination period, Aaron began his formal ministry by sacrificing offerings for his own atonement before presenting the offerings on behalf of the people of Israel.Sources: the Bible text itself · Aaron
- After performing the sacrifices, Aaron lifted his hands to bless the congregation, and following Moses and Aaron entering and exiting the Tent of Meeting, the glory of the Lord appeared to all the people.Sources: the Bible text itself · Moses · Aaron
- The inaugural ceremonies concluded when fire came out from the presence of the Lord to consume the burnt offering and fat on the altar, prompting the people to shout for joy and fall facedown.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org