Nations Bible

Joshua 17

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Anyigba si wona Yosef ƒe vi tsitsitɔ, Manase, ƒe to ƒe afã

1Wotsɔ Gilead kple Basan ƒe anyigbawo, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe na Makir, Manase ƒe vi tsitsitɔ, ame si nye Gilead fofo, elabena wonye aʋawɔla sesẽwo, 2eya ta, azɔ la, wotsɔ anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la na hlɔ̃ siwo dzɔ tso Abiezer, Helek, Asriel, Sekem, Semida kple Hefer me.

3Viŋutsu aɖeke menɔ Zelofehad si o, Zelofehad fofoe nye Hefer, ame si fofoe nye Gilead, ame si fofoe nye Makir, ame si hã fofoe nye Manase. Vinyɔnu atɔ̃ koe nɔ esi, woawoe nye: Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza.

4Nyɔnu siawo va nunɔla Eleazar kple Nun ƒe vi Yosua kpakple Israel ƒe kplɔlawo gbɔ, eye woɖo ŋku edzi na wo be, “Yehowa gblɔ na Mose be míaxɔ domenyinu abe ŋutsu siwo le míaƒe to la me ene tututu,” eya ta abe ale si Yehowa ɖoe da ɖi ene la, wona anyigba wo abe ŋutsuawo ene. 5Le esia ta la, Manase xɔ mama ewo kpe ɖe Gilead kple Basan ŋu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe 6esi wona anyigba eƒe dzidzimevi siwo nye nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa ta. Wotsɔ Gileadnyigba na Manase ƒe dzidzimevi bubuawo.

7Manase ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyigbemeliƒo ɖo ta anyigbeme lɔƒo tso Aser ƒe liƒo dzi yi Mixmetat, le Sekem ƒe ɣedzeƒe. Le anyigbeme la, liƒo la tso Mixmetat yi Tapua ƒe vudo gbɔ. 8Tapuanyigba nye Manase ƒe viwo tɔ, ke Tapua du la, si le Manase ƒe viwo ƒe anyigba ƒe liƒo dzi la nye Efraim ƒe viwo tɔ. 9Manase ƒe viwo ƒe liƒo la to Tapua ƒe vudo la ŋu to Kana tɔʋu la ƒe dziehe yi Domeƒu la ŋu. Du geɖe siwo nɔ tɔʋu la ƒe dziehe la nye Efraim ƒe to la tɔ togbɔ be wonɔ Manase ƒe viwo ƒe anyigba dzi hã. 10Wotsɔ anyigba si le tɔʋu la ƒe dziehe heyi keke Domeƒu la ƒe ɣetoɖoƒe la na Efraim ƒe viwo, eye wotsɔ anyigba si le tɔʋu la ƒe anyiehe kple atsiaƒu la ƒe ɣedzeƒe la na Manase ƒe viwo. Woƒe anyieheliƒoe nye Aser ƒe viwo ƒe anyigba. Woƒe ɣedzeƒeliƒoe nye Isaka ƒe viwo ƒe anyigba.

11Wotsɔ Bet Sean, Ibleam, Dor, Endor, Taanak Megido afi si to etɔ̃ nɔ kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la na Manase ƒe viwo ƒe to afã togbɔ be wonɔ anyigba siwo wona Isaka ƒe viwo kple Aser ƒe viwo dzi hã. 12Esi Manase ƒe dzidzimeviwo mete ŋu nya ame siwo nɔ du mawo me ɖa o ta la, Kanaantɔ mawo tsi anyi. 13Esi Israelviwo va kpɔ ŋusẽ emegbe la, wozi Kanaantɔwo dzi, eye wosubɔa wo abe kluviwo ene.

14Yosef ƒe to eveawo me tɔwo va bia Yosua be, “Nu ka ta nèna anyigba ɖeka ko mí le esime Yehowa na míedzi sɔ gbɔ ale?”

15Yosua gblɔ na wo be, “Ne Efraim ƒe tonyigba melolo na mi o la, ekema miƒo avenyigba si dzi Perizitɔwo kple Refaimtɔwo le.”

16Yosef ƒe amewo ɖo eŋu be, “Tonyigba la melolo na mí o, ke gatasiaɖamwo le Kanaantɔ siwo le gbadzaƒe la kple esiwo le Bet Sean kple du siwo ƒo xlãe kple esiwo le Yezreel ƒe balime la si.”

17Yosua gblɔ na Yosef ƒe aƒe, Efraim ƒe vi kple Manase ƒe vi siwo nɔ ɣetoɖoƒe la be, “Miesɔ gbɔ nyateƒe, eye miesẽa ŋu ŋutɔ, eya ta ele be miaxɔ anyigba wòalolo. 18Tonyigba la anye mia tɔ togbɔ be enye anyigba si dzi ave le hã la, miƒo avea, eye miaxɔ anyigba la tso eƒe liƒo sia dzi yi liƒo kemɛ dzi togbɔ be gatasiaɖamwo le Kanaantɔwo si, eye wonye dukɔ sesẽ aɖe hã la, mianya wo ɖa le anyigba la dzi.”

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

The Allotment for Manasseh and the House of Joseph

  • The tribe of Manasseh was split geographically on both sides of the Jordan River. Because the clan of Machir was renowned for warfare, they had already received the eastern territories of Gilead and Bashan, while the remaining clans received ten portions on the west side of the Jordan.Sources: the Bible text itself · Machir · Gilead · Bashan
  • The daughters of Zelophehad—Mahlah, Noah, Hoglah, Milcah, and Tirzah—approached Joshua and Eleazar the priest to claim the property rights previously granted to them through Moses. Their claim resulted in female heirs receiving land portions alongside their father's brothers.Sources: the Bible text itself · Hepher · Machir
  • When the tribes of Ephraim and Manasseh complained that their territory was too small, Joshua urged them to clear the forested hill country instead of fearing the lowland Canaanites, who possessed iron chariots around cities like Beth-shean.Sources: the Bible text itself · Joshua · Beth-shean

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Bashan · 32.781, 35.935 · verses 1, 5
  • Gilead · Today: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · verses 1, 5, 6
  • Jordan · Today: Jordan River · 31.761, 35.558 · verses 1, 2, 5
  • Shechem · Today: Tell Balatah · 32.214, 35.282 · verse 7
  • Great Sea · Today: Mediterranean Sea · 31.805, 34.170 · verses 9, 10
  • Megiddo · Today: Tel Megiddo · 32.585, 35.184 · verse 11
  • Taanach · Today: Tell Ta’anakh · 32.522, 35.219 · verse 11
  • Valley of Jezreel · Today: Jezreel Valley · 32.596, 35.242 · verse 16

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.