Joshua 10
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Israelviwo ɖu Dziehe Kanaan dzi
1Esi Adoni Zedek, Yerusalem fia se ale si Yosua xɔ Ai du, tsrɔ̃e gbidigbidi, eye wòwu Ai fia kple ale si wòwɔ Ai fia kple Yeriko fia kpakple ale si Gibeontɔwo wɔ nubabla kple Israelviwo, eye wozu Israel dzi nɔlawo la, 2vɔvɔ̃ gã aɖe ɖoe, elabena Gibeon lolo abe fiadu ene, eye wòlolo sãa wu Ai, evɔ Gibeontɔwo nye aʋawɔla sesẽwo, 3eya ta Adoni Zedek, Yerusalem fia ɖo du ɖe fia siawo:
Hebron fia, Hoham, Yarmut fia, Piran, Lakis fia, Yafia kple Eglon fia, Debir.
4Fia Adoni Zedek gblɔ na wo be, “Miva kpe ɖe ŋunye míatsrɔ̃ Gibeontɔwo, elabena wowɔ ŋutifafa kple Yosua kple Israelviwo.”
5Ale Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃ siawo ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo katã ɖekae be yewoaho aʋa ɖe Gibeontɔwo ŋu. 6Gibeontɔwo ɖo ame ɖe Yosua le Gilgal enumake be, “Miva kpe ɖe miaƒe subɔlawo ŋu! Miva kaba ne miava ɖe mí! Amoritɔwo ƒe fiawo katã tso woƒe nɔƒewo le toawo dzi va le mía gbɔ kple woƒe aʋakɔwo.”
7Yosua kple Israelviwo ƒe aʋakɔ la ho tso Gilgal, eye woyi be yewoaxɔ na Gibeontɔwo. 8Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ wo o, elabena mieɖu wo dzi xoxo! Metsɔ wo na mi be miatsrɔ̃ wo, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mate ŋu anɔ te ɖe mia nu o.”
9Yosua kple Israelviwo ƒe aʋakɔ la zɔ mɔ zã blibo la tso Gilgal, eye woɖi ɖe futɔwo dzi kpoyi. 10Tete Yehowa na futɔwo vɔ̃ eye wotɔtɔ, ale Israelviwo wu ame geɖewo le Gibeon, eye wonya ame mamlɛawo, nɔ wo wum le mɔa dzi yi keke Bet Horon kple Azeka kple Makeda. 11Esi futɔwo nɔ sisim tso toawo dzi henɔ abu ɖim la, Yehowa na kpewo ge tso dziƒo va dze wo dzi hetsrɔ̃ wo le mɔa dzi va se ɖe keke Azeka ke. Ame siwo kpe siawo wu la sɔ gbɔ wu ame siwo Israelviwo wu kple yi.
Ɣe tɔ ɖe teƒe ɖeka
12Esime Israelviwo nɔ Amoritɔwo nyam, nɔ wo wum la, Yosua do gbe ɖa na Yehowa kple gbe sesẽ be,
“Na ɣe natɔ ɖe Gibeon tame,
eye nàna ɣleti hã natɔ ɖe Aiyalon balime tame!”
13Eye ɣe kple ɣleti siaa megaʋã o va se ɖe esime Israelviwo ƒe
aʋakɔ la tsrɔ̃ eƒe futɔwo keŋkeŋ!
Woŋlɔ nu geɖewo wu esia tso aʋa sia wɔwɔ ŋuti ɖe Yasar ƒe Agbalẽ me.
Ale ɣe tɔ ɖe dziƒo abe gaƒoƒo blaeve-vɔ-ene sɔŋ ene! 14Ŋkeke sia tɔgbi meva yi kpɔ o, eye etɔgbi megava kpɔ o tso gbe ma gbe, esi Yehowa tɔ ɣe kple ɣleti le ame ɖeka ƒe gbedodoɖa ta. Ke Yehowa nɔ aʋa wɔm na Israel.
15Le esia megbe la, Israelviwo ƒe aʋakɔ la trɔ yi Gilgal.
Israelviwo wu Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃
16Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃awo si le aʋa la me yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖe agado aɖe me le Makeda. 17Esime wona nyanya Yosua be wokpɔ fiawo la, 18eɖe gbe be woamli kpe gã aɖe axe agado la nu, eye woana dzɔlawo nanɔ afi ma akpɔ egbɔ be fiawo tsi agado la me. 19Yosua ɖe gbe na aʋakɔ la be, “Minɔ futɔwo nyanya dzi, eye miawu wo tso megbe; migana woade woƒe duwo me o, elabena Yehowa miaƒe Mawu akpe ɖe mia ŋu miatsrɔ̃ wo keŋkeŋ.”
20Ale Yosua kple Israelʋakɔ la yi futɔwo wuwu dzi. Wotsrɔ̃ aʋakɔ atɔ̃awo katã negbe ame ʋɛ aɖewo koe te ŋu ɖo woƒe du siwo woɖo gli ƒo xlã la me. 21Le esia megbe la, Israelviwo gbugbɔ yi woƒe asaɖa me le Makeda. Womewu aʋawɔla ɖeka pɛ gɔ̃ hã le wo dome o! Tso esia dzi la, futɔ aɖeke megaho aʋa ɖe Israelviwo ŋu kpɔ o.
22Yosua ɖe gbe be woaɖe kpe gã la ɖa le agado la nu, eye woakplɔ fia atɔ̃awo vɛ. 23Ale woʋu agado la, eye wokplɔ Yerusalem, Hebron, Yarmut, Lakis kple Eglon fiawo vɛ. 24Esi wokplɔ fia atɔ̃ siawo va Yosua gbɔ la, eyɔ Israel ŋutsuwo katã eye wòɖe gbe na eƒe aʋakplɔlawo, ame siwo de aʋa kplii be, “Mite va eye miaɖo afɔ ve dzi na fia siawo!” Tete wote va eye woɖo afɔ ve dzi na fia atɔ̃awo.
25Yosua gblɔ na Israelviwo be, “Migavɔ̃ gbeɖegbeɖe o. Ŋusẽ nenɔ mia ŋu, eye mialé dzi ɖe ƒo, elabena Yehowa awɔ miaƒe futɔwo katã alea.” 26Tete Yosua tsɔ eƒe yi wu fia atɔ̃awo, eye wòde ka wo ɖe ati atɔ̃ ŋu va se ɖe fiẽ.
27Esime ɣe nɔ to ɖom la, Yosua na woɖe wo le atiawo ŋu, wotsɔ wo ƒu gbe ɖe agado si me wosi yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖo la me, eye woli kɔ kpe gãwo ɖe agado la nu. Kpe siawo gale afi ma va se ɖe egbe. 28Gbe ma gbe ke la, Yosua tsrɔ̃ Makeda du la, eye wòwu fia la kple ame sia ame si nɔ dua me; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe le du blibo la me o.
29Tso afi sia la, Israelviwo yi Libna. 30Yehowa tsɔ du la kple fia la de asi na Israel le afi sia hã; wowu ame sia ame le dua me abe ale si wowɔ le Yeriko ene.
31Israelviwo tso Libna, eye woyi ɖadze Lakis du la hã dzi. 32Yehowa tsɔ du sia hã na Israel le ŋkeke evelia dzi. Wowu ame sia ame le afi sia hã abe ale si wowɔ le Libna ene.
33Esime Israelviwo nɔ aʋa wɔm le Lakis la, Gezer fia Horan va do kple eƒe aʋakɔ be yeaʋli Lakis du la ta. Ke Yosua ƒe amewo wui, eye wotsrɔ̃ eƒe aʋakɔ blibo la.
34Yosua kple Israel katã dzo le Lakis heyi Eglon. Woɖe to ɖe du sia, eye woho aʋa ɖe eŋu. 35Woxɔ du sia hã gbe ma gbe ke, eye wowu ame sia ame abe ale si wowu Lakistɔwo katã ene. 36Esi wodzo le Eglon la, woyi Hebron. 37Woxɔ du sia kple du sue siwo ƒo xlãe, eye wowu ameawo katã kple woƒe fia; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe o. 38Wotrɔ azɔ yi Debir. 39Woɖu Debirtɔwo dzi enumake, wu ame sia ame abe ale si wowɔ le Libna ene.
40Ale Yosua kple eƒe aʋakɔ la woɖu anyigba blibo la dzi; woɖu dukɔ siwo nɔ toawo dzi, esiwo nɔ anyigba sɔsɔe dzi kple esiwo nɔ toawo ŋu la dzi. Wowu ame sia ame le anyigba la dzi, abe ale si Yehowa, Israel ƒe Mawu la ɖo na wo be woawɔ ene. 41Wowu wo tso Kades Barnea yi Gaza, tso Gosen yi Gibeon. 42Wowɔ nu siawo katã le aʋadzedze ɖeka pɛ ko me, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la nɔ aʋa wɔm na wo. 43Le dziɖuɖu siawo megbe la, Yosua kple Israel blibo la trɔ yi asaɖa la me le Gilgal.

Did you know?
The Battle for Gibeon and the Southern Conquest
- When the large city of Gibeon made a peace treaty with Israel, Adoni-zedek of Jerusalem formed an alliance with four other Amorite kings from Hebron, Jarmuth, Lachish, and Eglon to attack it, prompting Gibeon to call on Joshua for aid.Sources: Gibeon · the Bible text itself
- The passage cites the Book of Jashar, an ancient Hebrew collection of songs and heroic deeds. Outside this battle account, the only other surviving quotation attributed to this lost collection in the biblical text is David's lament for Saul and Jonathan in 2 Samuel.Sources: Jasher · the Bible text itself
- During the retreat, the five allied kings hid in a cave at Makkedah. Joshua had large stones rolled across the entrance to seal them inside while the army pursued the fleeing forces, before later executing the kings and taking the city.Sources: Makkedah · Debir · the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Gibeon · Today: El Jib · 31.847, 35.183 · verses 1, 2, 4, 5, 6, 7, 10, 12, 41
- Jericho · Today: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · verses 1, 28, 30
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 1, 2, 3, 5, 23
- Hebron · Today: Tel Rumeida · 31.525, 35.102 · verses 3, 5, 23, 36, 37, 39
- Jarmuth · Today: Tel Yarmuth · 31.708, 34.975 · verses 3, 5, 23
- Lachish · Today: Tell ed Duweir · 31.565, 34.849 · verses 3, 5, 23, 31, 32, 33, 34, 35
- Beth-horon · Today: Beit Ur al Tahta · 31.895, 35.084 · verses 10, 11
- Valley of Aijalon · Today: Ayalon Valley · 31.867, 34.959 · verse 12
- Gezer · Today: Tel Gezer · 31.859, 34.919 · verse 33
- Negeb · 31.245, 34.841 · verse 40
- Shephelah · 31.692, 34.875 · verse 40
- Gaza · Today: Tell Harube · 31.504, 34.464 · verse 41
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org