Joel 3
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Ʋɔnudɔdrɔ̃ dukɔawo
1“Le ŋkeke mawo kple ɣe ma ɣi me ne megaɖo Yuda
kple Yerusalem te la,
2maƒo dukɔwo nu ƒu ɖe Yehosafat ƒe Balime
eye madrɔ̃ ʋɔnu wo le afi ma
le nye amewo kple nye domenyinu Israel ta,
elabena wokaka nye domenyinu la ɖe dukɔwo dome
eye woma nye anyigba.
3“Wodzidze nu ɖe nye dukɔ dzi
eye woma nye amewo.
Wotsɔ ŋutsuviwo ɖɔli gbolowoe
eye wotsɔ nyɔnuviwo na ɖe wain si woano amu ta.
4“Tiro kple Sidon kple Filistitɔwo ƒe duwo katã, ɖe miele didim be miabia hlɔ̃ mahã? Mikpɔ nyuie elabena nye asi atre tsɔtsɔ na mi eye nu si mieɖo la atrɔ adze miawo ŋutɔ ƒe ta dzi.
5“Mieva lɔ nye klosalo kple sika kple nye kesinɔnu veviwo tsɔ yi ɖe miaƒe trɔ̃wo ƒe xɔwo mee. 6Miedzra Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo na Trɔ̃subɔlawo eye wokplɔ wo dzoe le woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi yi didiƒe ke. 7Gake magakplɔ wo agbɔe tso teƒe siwo katã wokplɔ wo yii eye maɖo nu vɔ̃ siwo katã miewɔ la teƒe na mi. 8Matsɔ mia viŋutsuwo kple nyɔnuwo adzra na Yudatɔwo eye woawo hã adzra wo na Sabeatɔwo le didiƒe ke. Yehowae gblɔe.
9“Miɖe gbeƒã nu sia le dukɔwo dome be,
‘Midzra ɖo na aʋawɔwɔ!’
Mitia miaƒe asrafo kalẽtɔwo,
miƒo miaƒe aʋawɔlawo katã nu ƒu na aʋawɔwɔ.
10Mitsɔ miaƒe agblenuwo tu aʋawɔyiwoe
eye mitsɔ miaƒe hɛ gobɛwo tu akplɔwoe.
Ame gblɔewo negblɔ be,
‘Miawoe nye ŋusẽtɔwo.’
11Mi dukɔ siwo kaka ɖe afi sia afi,
miƒo mia ɖokuiwo nu ƒu ne miava.
“O Yehowa, dɔ wò aʋakɔwo be woaɖiɖi ava anyi!
12“Miƒo dukɔwo nu ƒu;
mikplɔ wo va Yehosafat ƒe Balimee,
afi ma manɔ adrɔ̃ ʋɔnu wo katã.
13Azɔ nukuxahɛ newɔ eƒe dɔ
elabena nukuawo tsi vɔ
hele lalam na nuŋeɣi.
Miva, mifanya waintsetseawo,
elabena wainfiaƒe la yɔ,
eye waindzraɖoƒe la yɔ gbagba,
elabena woƒe nu tovowo wɔwɔ sɔ gbɔ.”
14Ame akpe akpewo le Nyametsotso ƒe Balime
elabena Yehowa ƒe Ŋkeke la tu aƒe le Nyametsotso Balime la.
15Ɣe kple ɣleti ado viviti eye ɣletiviwo magaklẽ o.
16Yehowa aɖe gbe tso Zion
eye eƒe gbe aɖi tso Yerusalem
eye dziƒo kple anyigba ade asi ʋuʋu me.
Ke Yehowa anye sitsoƒe na eƒe amewo
kple mɔ sesẽ na eƒe dukɔ Israel.
Yayra na Mawu ƒe amewo
17“Mlɔeba la, miava nya be
nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu,
si le Zion, nye To Kɔkɔe la dzi.
Yerusalem azu kɔkɔeƒe;
ɣeyiɣi li gbɔna esi dutasrafowo
magakpɔ mɔ aho aʋa ɖe eŋu o.
18“Le ɣe ma ɣi me la, wain yeye anɔ tsyɔtsyɔm tso towo ŋuti
eye nyinotsi anɔ sisim bababa tso togbɛwo tame.
Tsi ayɔ Yɔdan tɔʋuwo me banaa,
eye tsi asi tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me ade tsi Sitim ƒe Balime.
19Egipte azu aƒedo eye Edom azu gbegbe
elabena wowɔ vɔ̃ ɖe Yudatɔwo ŋuti,
eye wokɔ ʋu maɖifɔwo ɖi le du mawo me.
20Ke Yuda anɔ anyi tegbetegbe,
eye Yerusalem anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.
21Mahe to na Egiptetɔwo kple Edomtɔwo
ɖe woƒe ʋu maɖifɔ kɔkɔɖi ta.”
Yehowa le Zion.

Did you know?
Judgment in the Valley of Jehoshaphat
- The Valley of Jehoshaphat is depicted as the gathering place where the nations will be judged for scattering God's people and dividing His land. The name is linked to Jehoshaphat, a king of Judah who fortified his kingdom and sought to remove idolatry from the land.Sources: Valley of Jehoshaphat · Jehoshaphat · the Bible text itself
- The chapter denounces the ancient Phoenician coastal cities of Tyre and Sidon, along with Philistia, for taking silver and gold into their temples and selling captives from Judah and Jerusalem to the Greeks. The prophecy declares that this treatment will be repaid upon their own heads.Sources: Tyre · Sidon · the Bible text itself
- Joel summons the nations to prepare for conflict by beating their plowshares into swords and their pruning hooks into spears. They are called to assemble in the valley of decision, where divine judgment will be rendered.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 1, 6, 16, 17, 20
- Valley of Jehoshaphat · 31.780, 35.240 · verses 2, 12
- Philistia · 31.664, 34.546 · verse 4
- Sidon · Today: Sandikli archaeological site in Sidon · 33.561, 35.372 · verse 4
- Tyre · 33.271, 35.196 · verse 4
- Sheba · 15.348, 44.206 · verse 8
- Valley of Decision · Today: Valley of Jehoshaphat · 31.780, 35.240 · verse 14
- Zion · Today: Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 16, 17, 21
- Edom · 30.746, 35.604 · verse 19
- Egypt · 30.129, 31.308 · verse 19
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org