Nations Bible

John 2

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Srɔ̃ɖeŋkekenyui le Kana

1Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wokpe Yesu dada be wòava kpɔ srɔ̃ɖeɖe aɖe teƒe le Kana si le Galilea Nuto me. 2Wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo hã. 3Esi wɔnawo nɔ edzi yim la, wain si nom ameawo nɔ la vɔ. Ale Yesu dada va egbɔ hegblɔ nɛ be, “Wain mele wo si o.”

4Yesu ɖo eŋu na dadaa be, “Aƒenɔ, nu ka dim nèle be mawɔ na wò fifia? Nye ɣeyiɣi meɖo haɖe o.”

5Gake Yesu dada gblɔ na subɔlawo be, “Miwɔ nu sia nu si wòbe miawɔ.”

6Azɔ tsizɔ ade nɔ teƒea. Esiawo Yudatɔwo zãna hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnuwo wɔwɔ. Tsi lita blaadre-vɔ-atɔ̃ alo alafa ɖeka wuiatɔ̃ tea ŋu nɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe me.

7Yesu gblɔ na subɔlawo be, “Midu tsi kɔ ɖe zɔwo katã me woayɔ.” Ale wowɔ nenema.

8Egagblɔ na wo be, “Azɔ mikui yi na nuɖuɖudzikpɔla la.”

Wowɔ nenema. 9Nuɖuɖudzikpɔla la no tsi si trɔ zu wain la ƒe ɖe, ke menya afi si wòtso o, subɔlawo koe nya. Azɔ eyɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la 10eye wògblɔ nɛ be, “Zi geɖe la, srɔ̃ɖelawo naa wain nyuitɔ woƒe ame kpekpewo gbã, eye ne ame sia ame noe wòsui vɔ la, ekema wotsɔa manyomanyotɔ vɛ. Ke wò la, èdzra nyuitɔ ɖo, eye nètsɔe vɛ le nuwuwua.”

11Esiae nye dzesi gbãtɔ si Yesu wɔ le Kana le Galilea hetsɔ ɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia, eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se.

12Esi srɔ̃ɖeŋkekenyui la wu enu la, Yesu kple dadaa, nɔviawo kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi Kapernaum, eye wonɔ afi ma ŋkeke ʋɛ aɖewo.

Yesu nya nudzralawo do goe le gbedoxɔ me

13Esi Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la gogo la, Yesu yi Yerusalem. 14Ekpɔ amewo le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu wonɔ nyiwo, alẽwo kple akpakpawo dzram. Gaɖɔlilawo hã nɔ teƒea nɔ ga ɖɔlim na amewo. 15Ale Yesu tsɔ ka aɖewo tro atam, eye wònya wo katã do goe le gbedoxɔ la me. Enya alẽawo kple nyiawo hã do goe, ekaka gaɖɔlilawo ƒe gawo ɖe anyigba, eye wòmu woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi. 16Egblɔ na ame siwo nɔ akpakpawo dzram la be, “Mitsɔ nu siawo do goe le afi sia! Migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wɔ asimee o!”

17Eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be mawunya gblɔ be, “Lɔlɔ̃ na wò aƒe zu dzo ge ɖe menye.”

18Azɔ Yudatɔwo va Yesu gbɔ hebiae be, “Ŋusẽ ka nèkpɔ, be nèwɔ nu siawo, eye dzesi ka nàfia mí?”

19Yesu ɖo eŋu na wo be, “Migbã gbedoxɔ sia, eye magagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ megbe.”

20Yudatɔwo gblɔ be, “Ƒe blaene-vɔ-adee wotsɔ tu gbedoxɔ siae. Ke wò ya nèbe yeate ŋu atui le ŋkeke etɔ̃ megbea?” 21Ke “gbedoxɔ” si ŋu Yesu nɔ nu ƒom le lae nye eƒe ŋutilã. 22Esi Yesu tsi tsitre tso ame kukuwo dome la, nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be egblɔ nya sia ɖi. Eye wokpɔe dze sii be nya siwo katã Yesu gblɔ tso mawunya me la ƒo nu tso eya ŋutɔ ŋu, eye wo katã va eme vavã.

Yesu dze si amewo ƒe nɔnɔme

23Dzesi siwo Yesu wɔ le Ŋutitotoŋkekea dzi le Yerusalem la na be ame geɖe xɔ eƒe ŋkɔ dzi se. 24Ke Yesu meka ɖe ame siawo ƒe xɔse dzi o, elabena edze si amegbetɔwo ƒe nɔnɔme. 25Mehiã be ame aɖeke naɖi ɖase nɛ tso amegbetɔ ŋu o, elabena eya ŋutɔ nya nu si le ame me.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

From a wedding in Cana to the temple in Jerusalem

  • Cana, a town of Galilee near Capernaum, is not mentioned in the Old Testament. Some identify it with Kana el-Jelil, also called Khurbet Kana, eight or nine miles north of Nazareth; others with Kefr Kenna, about five miles northeast of Nazareth and twelve miles in a direct line from Tiberias, on the road toward the Sea of Galilee. There Jesus performed the first of his signs, turning water into wine at a wedding.Sources: Cana · the Bible text itself
  • After the wedding, Jesus went down to Capernaum with his mother, his brothers, and his disciples, and they stayed a few days. Capernaum, “Nahum’s town,” was a Galilean city not mentioned in the Old Testament. After he was expelled from Nazareth, it became his own city.Sources: the Bible text itself · Capernaum
  • When the Jewish Passover was near, Jesus went up to Jerusalem, a mountain city. Its name, in a dual form, means “possession of peace” or “foundation of peace,” probably referring to the mountains Zion and Moriah or, as some suppose, to the upper and lower city; modern Arabs call it el-Khuds, “the holy.” Those who demanded a sign said the temple had taken forty-six years to build, and a chronology dates this Passover and the temple incident to AD 27.Sources: the Bible text itself · Jerusalem · First Passover and Temple Cleansing

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Galilee · 32.760, 35.527 · verses 1, 11
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 13, 23

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.