Nations Bible

John 18

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Wolé Yesu

1Esi Yesu do gbe ɖa vɔ la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo ɖato Kidron Bali la me. Woyi egodo, eye woyi abɔ aɖe si le afi ma la me. 2Azɔ Yuda, ame si de Yesu asi la hã nya teƒe sia, elabena Yesu kplɔa eƒe nusrɔ̃lawo yina afi ma edziedzi. 3Ale Yuda va abɔ la me, eye wònɔ ŋgɔ na nunɔlagãwo, Farisitɔwo, asrafowo kple kpovitɔwo. Ale wodze mɔ kple akakatiwo kple akaɖiwo kple aʋawɔnuwo va do ɖe abɔ la me afi si Yesu le.

4Yesu nya nu siwo katã le dzɔdzɔ ge ɖe dzi la. Eyi wo gbɔ, eye wòbia wo be, “Ame ka dim miele?”

5Wogblɔ be, “Yesu Nazaretitɔ la dim míele.”

Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyee nye esi.” (Eye Yuda, ame si fia eyomemɔ la hã nɔ tsitre ɖe wo gbɔ le afi ma.) 6Esi Yesu gblɔ be, “Nyee nye esi,” la, ameawo katã zɔ yi megbe, eye wodze anyi.

7Yesu gabia wo be, “Ame ka dim miele?”

Eye wogblɔ be, “Yesu Nazaretitɔ la dim míele.”

8Yesu gblɔ be, “Megblɔe na mi be nyee nye esi. Nenye nye dim miele la, ekema mina ame siawo nadzo.” 9Yesu gblɔ nya sia bena wòawu nya si wògblɔ ɖi la nu be, “Nyemebu ame siwo nètsɔ nam la dometɔ aɖeke o.”

10Ke Simɔn Petro ɖe eƒe yi le aku me, eye wòkpa ɖusimeto na Malkus, nunɔlagãtɔ la ƒe subɔla.

11Yesu gblɔ na Petro be, “Tsɔ wò yi la de aku me. Ɖe mele be mano kplu si Fofo la tsɔ nam la oa?”

Wokplɔ Yesu yi Anas gbɔe

12Ale Yudatɔwo ƒe kpovitɔwo kple asrafowo kpakple asrafomegãwo lé Yesu, eye woblae. 13Gbã la, wokplɔe yi na Anas, si nye Kayafa to, ame si nye nunɔlagã le ƒe ma me. 14Kayafae nye ame si ɖo aɖaŋu na Yudatɔwo be anyo be ame ɖeka naku ɖe dukɔ la ta.

Petro ƒe nugbegbe le Yesu gbɔ zi gbãtɔ

15Simɔn Petro kple nusrɔ̃la ɖeka wodze Yesu yome. Esi nunɔlagã la dze si nusrɔ̃la sia ta la, woɖe mɔ nɛ wòge ɖe nunɔlagã la ƒe xɔxɔnu, 16gake enɔ na Petro be wòalala le agboa nu. Nusrɔ̃la bubu sia, ame si nunɔlagã la nya la, trɔ gbɔ va ƒo nu na ɖetugbi si nɔ agboa nu dzɔm, eye wòɖe mɔ na Petro wòge ɖe eme.

17Dɔlanyɔnuvi la bia Petro be, “Menye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?”

Petro ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, menye eƒe nusrɔ̃la menye o.”

18Vuvɔ nɔ wɔwɔm, ale subɔlawo kple kpovitɔwo nɔ dzo ƒum be woƒe lãme naxɔ dzo. Ale Petro hã tsi tsitre ɖe wo gbɔ nɔ dzoa ƒum.

Nunɔlagã la bia gbe Yesu

19Nunɔlagã la bia gbe Yesu tso eƒe nusrɔ̃lawo kple eƒe nufiafia ŋu.

20Yesu ɖo eŋu na wo be, “Meƒo nu le dutoƒo na xexea me. Mefia nu edziedzi le ƒuƒoƒewo kple gbedoxɔ la me, afi si Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo. Nyemegblɔ nya aɖeke le ɣaɣlaƒe o. 21Nu ka ta miele gbe biamem ɖo? Mibia gbe ame siwo se nye nyawo. Wose nya siwo megblɔ la.”

22Esi Yesu gblɔ nya sia la, asrafo siwo le Yesu ŋu dzɔm la dometɔ ɖeka ƒo tome nɛ hegblɔ be, “Nenema wòle be nàɖo nya ŋu na nunɔlagã lae?”

23Yesu gblɔ nɛ be, “Ne megblɔ nya vɔ̃ aɖe la, ekema tɔ asi nya vɔ̃ si megblɔ la dzi. Gake ne nyateƒe gblɔm mele la, nu ka ta nèƒom ɖo?”

24Ale Yesu nɔ babla, eye Anas na wokplɔe yi na Kayafa, nunɔlagã la.

Petro gbe nu le Yesu gbɔ zi evelia kple etɔ̃lia

25Esi Simɔn Petro ganɔ dzoa ƒum la, ame bubu gabiae be, “Menye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?”

Petro gasẽ nu gblɔ be, “Gbeɖe, menye eƒe nusrɔ̃lae menye o.”

26Nunɔlagã la ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka si nye ame si ƒe to Petro kpa la ƒe ƒometɔ aɖe hã bia Petro be, “Menye wòe mekpɔ le abɔa me, nèle Yesu ŋu oa?”

27Ke Petro gasẽ nu be yemenya Yesu o, eye enumake, koklo ku atɔ.

Yesu le Pilato ŋkume

28Ale Yudatɔwo kplɔ Yesu tso Kayafa gbɔ yi ɖe Roma mɔmefia ƒe aƒe mee. Esi ŋu ke ta la, ame siwo kplɔ Yesu ɖo la gbe be yewomage ɖe aƒea me o, elabena womedi be yewoagblẽ kɔ ɖo na yewo ɖokuiwo o; wodi be yewoaɖu Ŋutitotoŋkeke la. 29Ale Pilato, Roma mɔmefia la ŋutɔ do go va kpe wo, eye wòbia wo be, “Nya ka mietsɔ ɖe ame sia ŋu?”

30Woɖo eŋu nɛ be, “Ɖe ame sia menye hlɔ̃dola o la, míele ekplɔ ge vɛ na wò o.”

31Pilato gblɔ be, “Mia ŋutɔwo, mikplɔe yii, eye miatsɔ miaƒe sewo adrɔ̃ ʋɔnui.”

Yudatɔwo gaɖo eŋu nɛ be, “Ŋusẽ mele mía si be míatso kufia na ame aɖeke o.” 32Esia dzɔ be nya siwo Yesu gblɔ ɖi tso ku si ƒomevi wòaku ŋu la nava eme.

33Pilato trɔ yi ɖe eƒe fiasã la me, eye wòna wokplɔ Yesu va egbɔe, eye wòbiae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?”

34Yesu biae be, “Wò ŋutɔ wò susu nu nèbia nya sia ɖo loo alo ame aɖee gblɔe na wòa?”

35Pilato ɖo eŋu dɔmedzoetɔe be, “Yudatɔe menye hafi nèle nya sia biamem mahã? Wò ŋutɔ wò amewo kple miaƒe nunɔlagãwoe kplɔ wò va gbɔnyee? Nu ka nèwɔ? Agɔ ka nèdze?”

36Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o. Ɖe nye fiaɖuƒe tso xexe sia me la, ne nye dɔlawo awɔ aʋa ɖe nunye be Yudatɔwo ƒe amegãwo malém o. Nye fiaɖuƒe tso teƒe bubu.”

37Pilato gabiae be, “Ekema fiae nenye nyateƒea?”

Yesu ɖo eŋu be, “Ègblɔ nyateƒe be fiae menye. Le nyateƒe me la, susu sia ta wodzim ɖo, eye esia tae meva xexea me ɖo, be maɖi ɖase tso nyateƒe la ŋu. Ame sia ame si xɔ nyateƒe la dzi se la ɖoa tom.”

38Pilato biae be, “Nu kae nye nyateƒe la?” Esi Pilato gblɔ nya sia la, egado go ɖagblɔ na Yudatɔwo be, “Nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le ame sia ŋu o. 39Gake enye míaƒe kɔnu be maɖe asi le gamenɔla ɖeka ŋuti na mi le Ŋutitotoŋkeke la dzi. Miedi be maɖe asi le ‘Yudatɔwo ƒe fia’ la ŋuti na mia?”

40Ke ameawo do ɣli gblɔ be, “Gbeɖe, menye eya o! Ɖe asi le Barabas ŋu na mí!” Baraba sia nye adzodala aɖe si wode gaxɔ me la.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

The Arrest and the Trials

  • Jesus went out with his disciples across the Kidron Valley and entered a garden that Judas, his betrayer, already knew, because Jesus had often met the disciples there. Easton's Bible Dictionary (1897) calls the Kidron “the black torrent,” the brook flowing through the ravine below Jerusalem’s eastern wall.Sources: the Bible text itself · Brook Kidron
  • The soldiers and officers brought Jesus first to Annas, father-in-law of Caiaphas, the high priest that year, and Annas then sent him, still bound, to Caiaphas. Easton's Bible Dictionary (1897) says Annas had been high priest from A.D. 7 to 14 and was deposed by the Roman procurator, yet, because Mosaic law held the office for life, the Jews may still have regarded him as legally high priest. The same dictionary identifies Caiaphas as a Sadducee who served throughout Pilate’s administration and who had advised that it would be better if one man died for the people.Sources: the Bible text itself · Annas · Caiaphas
  • Pontius Pilate, the sixth Roman procurator of Judea (A.D. 26–36), kept headquarters at Caesarea but often went up to Jerusalem; that early morning he came out of the Praetorium because the Jews would not enter and risk being defiled, unable to eat the Passover. He offered to release one prisoner at the Passover, calling it their custom, but they demanded Barabbas. This chapter calls Barabbas an insurrectionist, while Easton's Bible Dictionary (1897) calls him a notorious robber and explains the name as “son of Abba” or “son of a father.”Sources: the Bible text itself · Pontius Pilate · Barabbas

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Kidron · Today: Kidron River · 31.780, 35.240 · verse 1
  • Nazareth · 32.702, 35.298 · verses 5, 7

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.