Jeremiah 7
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Alakpamawuwo subɔsubɔ nye nu dzodzro
1Esiae nye gbedeasi tso Yehowa gbɔ na Yeremia: 2“Tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbonu, eye tso afi ma nàɖe gbeƒã nya sia:
“ ‘Mise Yehowa ƒe nya, mi Yudatɔ siwo katã to agbo sia me yina be miasubɔ Yehowa. 3Ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo eye mana mianɔ teƒe sia. 4Migaxɔ beblenyawo dzi se ahanɔ gbɔgblɔm be, “Esiae nye Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ o!” 5Ne mieɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo vavã eye ne mieto nyateƒe le miaƒe nuwɔnawo me kple mia nɔewo, 6ne miete amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe to o eye miekɔ ʋu maɖifɔ ɖi le teƒe sia o; ne miedze mawu bubuwo yome hena miawo ŋutɔ ƒe gbegblẽ o la, 7ekema mana mianɔ teƒe sia le anyigba si metsɔ na mia fofowo be wòanye wo tɔ tegbee la dzi. 8Gake mikpɔ ɖa miele dzi ɖom ɖe beblenya siwo nye toflokowo la ŋuti.
9“ ‘Ɖe miagafi fi, awu ame, awɔ ahasi, aka atam dzodzro, ado dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal eye miadze mawu bubu siwo mienya o la yome vɔ, 10emegbe miagava atsi tsitre ɖe ŋkunye me le aƒe sia si ŋuti woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la me ahagblɔ be, “Míele dedie. Míele dedie,” ne miawɔ ŋunyɔnu siawo katã? 11Ɖe aƒe sia si ŋuti woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la zu adzodalawo ƒe do na mia? Ke nye la, mele ekpɔm!’ ” Yehowae gblɔe.
12“Mitso azɔ ne miayi ɖe Silo afi si mewɔ nɔƒe ɖo zi gbãtɔ na nye Ŋkɔ, ne miakpɔ ale si mewɔe le nye dukɔ, Israel ƒe nu tovo wɔwɔ ta. 13Yehowa be, ‘Esi mienɔ nu siawo katã wɔm la, meƒo nu na mi zi geɖe gake miesee o, meyɔ mi gake mietɔ o. 14Eya ta nu si mewɔ na Silo la, eya kee mawɔ azɔ na aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo, gbedoxɔ si ŋuti mieɖo ŋu ɖo kple teƒe si metsɔ na mi kple mia fofowo. 15Manya mi ɖa tso nye ŋkume abe ale si mewɔ mia nɔvi Efraimviwo ene.’
16“Eya ta, mègado gbe ɖa ɖe dukɔ sia ta o. Mègaɖe kuku ɖe wo nu alo aƒo koko ɖe wo ta o, eye mègaƒoe ɖe nunye o, elabena nyemaɖo to wò o. 17Mèle nu si wɔm wole le Yuda duwo me kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi la kpɔm oa? 18Ɖeviwo le nake fɔm, wo fofowo le dzo dom, wo dadawo le amɔ blum ne woame akpɔnɔ na Dziƒofianyɔnu. Woƒo aha ɖi na mawu bubuwo ne woatsɔ ado dziku nam. 19Yehowa be, ‘Nyee wole dziku dom na? Ɖe menye woawo ŋutɔ boŋue le nuvevi wɔm wo ɖokui hena woƒe ŋukpe oa?’
20“Eya ta, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Woatrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe teƒe sia dzi, ɖe amewo kple lãwo siaa dzi, ɖe atiwo kple gbewo kple atikutsetse siwo le anyigba dzi la dzi woabi dzo eye womatsi o.’
21“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miyi edzi, mitsɔ miaƒe numevɔsawo kpe ɖe akpedavɔsawo ŋu eye miawo ŋutɔ miaɖu lã la. 22Elabena esi mekplɔ mia fofowo tso Egipte heƒo nu na wo la, nyemede se na wo tso numevɔsa kple akpedavɔsawo ko ŋu o. 23Ke boŋ mede se sia na wo. Miwɔ ɖe nye gbe dzi ekema manye miaƒe Mawu eye mianye nye dukɔ. Mizɔ le mɔ siwo ƒe se mede na mi la dzi, be wòanyo na mi. 24Gake womeɖo to alo see nam gɔ̃ hã o, ke boŋ wowɔ nu dzeaglã siwo woƒe dzi vɔ̃ɖiwo gblɔ na wo. Wote gbugbɔɖemegbezɔzɔ, eye womezɔ yi ŋgɔ o. 25Tso gbe si gbe mia fofowo ʋu tso Egipte va se ɖe fifia la, meɖo nye nyagblɔɖilawo ɖe mi gbe sia gbe kple ga sia ga me. 26Gake womeɖo to alo see nam o. Wonye kɔlialiatɔwo, eye wowɔ nu vɔ̃ɖi wu wo fofowo.’
27“Ne ègblɔ nu siawo katã na wo la, womaɖo to wò o. Ne èyɔ wo la, womatɔ na wò o. 28Eya ta gblɔ na wo be, ‘Esiae nye dukɔ si meɖo to Yehowa, woƒe Mawu la alo ɖoa to ɖɔɖɔɖo o. Nyateƒe tsrɔ̃, eye wòbu le woƒe nuyiwo dzi.
29“ ‘Lũ ta, eye nàtsɔ ɖa la aƒu gbe. Lia to kɔkɔ ƒeƒlewo, nɔ anyi nàdzi konyifaha elabena Yehowa gbe nu le dzidzime si le eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ te la gbɔ eye wògblee ɖi.’ ”
Ku ƒe balime
30“Yehowa be, ‘Yuda dukɔ wɔ nu si nye vɔ̃ le ŋkunye me. Woli woƒe legba nyɔŋuwo ɖe aƒe si ŋu woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la me hedo gui. 31Wotu nuxeƒewo na Tofet ɖe Ben Hinom ƒe Balime, be woatɔ dzo wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo le afi ma, nu si meva tame nam kaka mayi mɔ ɖe ge le eŋu na wo o.’ 32Eya ta Yehowa be, ‘Mikpɔ nyuie elabena ŋkekewo li gbɔna esi amewo magayɔe be Tofet alo Ben Hinom ƒe Balime o, ke boŋ woayɔe be, ku ƒe balime, elabena woaɖi ame kukuwo ɖe Tofet va se ɖe esime teƒe maganɔ anyi o.’ 33Ekema ame kukuawo ƒe ŋutilã azu nuɖuɖu na dziƒoxewo kple lã wɔadãwo, eye ame aɖeke manɔ anyi si anya wo o. 34Mana aseyetsotso, dzidzɔhawo, ɣlidodo ɖe ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ŋu natɔ te le Yuda duwo me kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi, elabena anyigba la azu gbegbe.

Did you know?
The Temple Sermon and False Security
- The people of Judah believed the presence of the temple in Jerusalem guaranteed divine protection. Jeremiah countered this assumption by pointing to Shiloh, an earlier sanctuary in the territory of Ephraim that God had abandoned because of the people's wickedness.Sources: the Bible text itself · Shiloh · Ephraim
- The chapter depicts idolatry as a full family endeavor in the streets of Jerusalem, where children gathered wood, fathers kindled fires, and women baked cakes for foreign deities alongside offerings made to Baal.Sources: the Bible text itself · Baal · Jerusalem
- Jeremiah condemned the practice of child sacrifice at Topheth in the Valley of Hinnom, announcing that the site of these rites would be renamed the Valley of Slaughter due to the coming judgment.Sources: the Bible text itself · Topheth · Valley of the Son of Hinnom · Valley of Slaughter
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Shiloh · Today: Khirbet Seilun · 32.056, 35.290 · verses 12, 14
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 17, 29, 34
- Egypt · 30.129, 31.308 · verses 22, 25
- Topheth · Today: in the Hinnom Valley · 31.769, 35.228 · verses 31, 32
- Valley of Hinnom · Today: Hinnom Valley · 31.769, 35.228 · verses 31, 32
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org