Nations Bible

Jeremiah 32

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Yeremia ƒle agbledenyigba

1Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Yeremia le Yuda fia Zedekia ƒe ƒe ewolia me eye wòganye Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me. 2Babilonia fia ƒe aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem eye wolé Nyagblɔɖila Yeremia de gae ɖe xɔxɔnu si dzɔlawo nɔna le Yuda fia ƒe fiasã me.

3Azɔ Yuda fia Zedekia de gae ɖe afi ma hegblɔ nɛ be, “Nu ka ta nèle nya gblɔm ɖi alea ɖo? Egblɔ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ du sia ade asi na Babilonia fia, eye wòaxɔe. 4Yuda fia Zedekia mado le Babiloniatɔwo ƒe asi me o, ke boŋ woalée ade asi na Babilonia fia, aƒo nu kplii ŋkume kple ŋkume, eye wòakpɔe kple eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo. 5Akplɔ Zedekia ayi ɖe Babilonia, afi si wòanɔ va se ɖe esime matu nu kplii Yehowae gblɔe. Ne èwɔ aʋa kple Babiloniatɔwo la, màɖu wo dzi o.’ ”

6Yeremia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya va gblɔe nam be, 7‘Tɔwòɖia, Salum, ƒe vi Hanamel ava gbɔwò agblɔ na wò be, “Ƒle nye agble si le Anatɔt elabena, abe ƒonyemetɔ kpamkpam ene la, enye wò gome kple dɔdeasi be nàƒlee?” ’

8“Tete abe ale si Yehowa gblɔe ene la, tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel va gbɔnye le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, eye wògblɔ nam be, ‘Ƒle nye agble si le Anatɔt le Benyaminyigba dzi. Esi wònye wò domenyinu wònye be nàxɔe eye wòanye tɔwò ta la, ƒlee na ɖokuiwò.’

“Menyae be esia nye gbe tso Yehowa gbɔ, 9eya ta meƒle agble si le Anatɔt la le tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel si heda klosaloga gram alafa eve tsɔ nɛ. 10Mede asi anyigbaƒlegblalẽ la te hetre enu, hena ɖasefowo hã de asi ete eye meda klosaloga la le nudanu me. 11Mexɔ anyigbaƒlegbalẽ la, esi nu wotre, eye ɖoɖo si dzi woƒle agblea ɖo la le eme, hekpe ɖe esi nu wometre o la ŋuti. 12Metsɔ anyigbaƒlegbalẽ la na Baruk, Neria ƒe vi, Mahseya ƒe vi, le tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel kple ɖasefo siwo de asi agbalẽ la te kple Yudatɔ siwo katã nɔ anyi ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la ŋkume.

13“Le woƒe ŋkume mede se siawo na Baruk. 14‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Tsɔ agbalẽ siawo, anyigbaƒlegbalẽ si nu wotre kple esi le ʋuʋu la siaa de ze me ne woanɔ anyi eteƒe nadidi. 15Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Woagaƒle aƒewo, agbledenyigbawo kple waingblewo le anyigba sia dzi.” ’

16“Esi metsɔ anyigbaƒlegbalẽ la na Neria ƒe vi, Baruk vɔ la, medo gbe ɖa na Yehowa gblɔ be:

17“O, Aƒetɔ Yehowa, wòe tsɔ wò ŋusẽ triakɔ kple wò abɔ si le dzi la wɔ dziƒo kple anyigbae. Naneke mesesẽ na wò akpa o. 18Elɔ̃a ame akpe nanewo gake ètsɔa fofowo ƒe nu vɔ̃wo ƒe tohehe ɖoa akɔ na vi siwo wodzi. O Mawu gã kple ŋusẽtɔ, ame si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, 19wò ɖoɖowo lolo eye wò nuwɔwɔwo tri akɔ. Wò ŋkuwo le te ɖe amegbetɔwo ƒe mɔwo ŋu eye nèwɔa nu sia nu si ame sia ame dze na la nɛ ɖe eƒe agbenɔnɔ kple eƒe nuwɔnawo nu. 20Èwɔ dzesi gãwo kple nukunu triakɔwo le Egiptenyigba dzi eye nègale wo wɔwɔ dzi va se ɖe egbe sia, le Israel kple amegbetɔwo katã dome eye nèxɔ ŋkɔ gã na ɖokuiwò esi nye tɔwò va se ɖe fifia. 21Èkplɔ wò dukɔ, Israel, do goe le Egipte kple dzesiwo, nukunuwo, alɔ sesẽ kple abɔ si le dzi kple ŋɔdzi gã. 22Ètsɔ anyigba sia, si nèka atam be yeatsɔ ana wo fofowo la na wo, anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo fũu. 23Woge ɖe anyigba la dzi hexɔe gake womeɖo to wò alo wɔ wò seawo dzi o. Womewɔ nu siwo ƒe se nède na wo be woawɔ la o, eya tae nèhe gbegblẽ sia katã va wo dzii ɖo.

24“Kpɔ ale si woƒu kpo ɖe dua ŋutii be woaxɔe ɖa. Le yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ta la, woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖee. Nu si nègblɔ la va eme abe ale si nèle ekpɔmii fifia ene. 25Togbɔ be woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔwo hã la, O, wò Aƒetɔ Yehowa, ègblɔ nam be, ‘Tsɔ klosaloga nàƒle agbledenyigbae eye nàna ɖasefowo nakpɔ eƒleƒe.’ ”

26Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, 27“Nyee nye Yehowa, amegbetɔwo katã ƒe Mawu. Ɖe nane sesẽ nam akpa? 28Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ du sia ade asi na Babiloniatɔwo kple Babilonia fia, Nebukadnezar, be woaxɔe. 29Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe du sia la age ɖe eme atɔ dzoe. Woana wòabi azu afi, hekpe ɖe aƒe siwo tame wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal le eye woƒoa aha ɖi na mawu tutɔwo le, ne woatsɔ ado dziku nam la ŋuti.

30“Tso Israelviwo kple Yudatɔwo ƒe ɖekakpuime ke la, womewɔ naneke wu nu vɔ̃ɖi le ŋkunye me o. Le nyateƒe me la, Israelviwo mewɔ naneke wu be woado dziku nam kple nu si woƒe asi wɔ la, o.” Yehowae gblɔe. 31Tso gbe si gbe ke wotso du sia va se ɖe fifia la, du sia do dziku kple dɔmedzoe nam ale gbegbe be ele nam be maɖee ɖa le nye ŋkuta. 32Israelviwo kple Yudatɔwo tsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ la do dziku nam, woawo ŋutɔwo ƒe fiawo, woƒe dumegãwo, woƒe nunɔlawo, woƒe nyagblɔɖilawo, Yuda ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo siaa. 33Wotrɔ woƒe ʋu me dem, menye woƒe ŋkume o. Togbɔ be mefia nu wo atraɖii hã la, womeɖo to alo trɔ ɖe amehehe ŋuti o. 34Wotsɔ woƒe legba nyɔŋuawo ɖo aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me eye wodo gui. 35Wotu nuxeƒewo na Baal le Ben Hinom ƒe Balime, ne woatsɔ wo viŋutsuviwo kple wo vinyɔnuviwo asa vɔe na Molek, evɔ nyemeɖo nu sia na wo gbeɖegbeɖe alo wòayi nye ta me va ge, be woawɔ ŋunyɔnu sia eye woakplɔ Yuda ade nu vɔ̃ me o.

36Miele gbɔgblɔm le du sia ŋuti be, “To yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ me, woatsɔ du la ade asi na Babilonia fia,” gake ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: 37“Le nyateƒe me la, maƒo wo nu ƒu tso anyigba siwo katã dzi menya wo ɖo ɖo le nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ la me. Matrɔ wo agbɔe va teƒe sia eye mana woanɔ anyi le dedinɔnɔ me. 38Woanye nye dukɔ eye nye hã manye woƒe Mawu. 39Mana dzi ɖeka wo eye woƒe afɔɖeɖewo hã anɔ ɖeka ale be woavɔ̃m ɣe sia ɣi hena woawo ŋutɔwo kple wo vi siwo ava xɔ ɖe wo teƒe la ƒe nyui. 40Mabla nu mavɔ kpli wo, nyemadzudzɔ nyuiwɔwɔ na wo o eye made dzi ƒo na wo be woavɔ̃m, ale be womagatrɔ le yonyeme akpɔ o. 41Matsɔ dzidzɔ awɔ nyui na wo eye matsɔ nye dzi blibo kple luʋɔ blibo ali ke wo kple kakaɖedzi ɖe anyigba sia dzi.

42“Ale Yehowa gblɔe nye esi: Abe ale si mehe dzɔgbevɔ̃e gã sia va ame siawo dzii ene la, nenema kee matsɔ dzidzedzekpɔkpɔ si ŋugbe medo na wo la hã ana wo. 43Ava eme be, woagaƒle agblewo le anyigba si ŋuti miegblɔ le be, ‘Ezu gbegbe si menyo na naneke o, eye amegbetɔ alo gbemelãwo gɔ̃ hã megale edzi o, elabena wotsɔe de asi na Babiloniatɔwo’ la dzi. 44Woatsɔ klosaloga aƒle agblewo eye woawɔ agbalẽ ɖe wo dzi, ade asi ete kple ɖasefowo, eye woatre wo nu le Benyaminyigba dzi, kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem, le Yuda duwo kple togbɛduwo me, le ɣetoɖoƒe ƒe togbɛmɔwo to kple gbegbenutowo me, elabena matrɔ woƒe nunyoname vɛ na wo.” Yehowae gblɔe.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

A Purchase of Land During the Siege of Jerusalem

  • The events of this chapter took place during the Babylonian siege of Jerusalem in the tenth year of King Zedekiah. Jeremiah had been confined by the king to the courtyard of the royal guard because he prophesied that the city would fall to King Nebuchadnezzar and that Zedekiah would be taken to Babylon.Sources: the Bible text itself · Zedekiah · Nebuchadnezzar
  • While still confined, Jeremiah exercised his family right of redemption to purchase a field in his hometown of Anathoth from his cousin Hanamel for seventeen shekels of silver. Following ancient legal practices, Jeremiah signed sealed and open deeds before witnesses and entrusted them to his scribe Baruch to be preserved in a clay jar.Sources: the Bible text itself · Hanameel · Baruch · Anathoth
  • The purchase served as a prophetic sign during a desperate military crisis. Although the city was facing imminent destruction and exile because of its idolatry, God assured Jeremiah that fields, houses, and vineyards would once again be bought and sold in the land.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Babylon · 32.543, 44.422 · verses 2, 3, 4, 5, 28, 36
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 2, 32, 44
  • Chaldea · 30.962, 46.104 · verses 4, 5, 24, 25, 28, 29, 43
  • Egypt · 30.129, 31.308 · verses 20, 21
  • Valley of Hinnom · Today: Hinnom Valley · 31.769, 35.228 · verse 35
  • Negeb · 31.245, 34.841 · verse 44
  • Shephelah · 31.692, 34.875 · verse 44

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.