Nations Bible

Jeremiah 23

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Atilɔ dzɔdzɔe la

1Yehowa be, “Baba na alẽkplɔla siwo le alẽ siwo le nye lãnyiƒe la vuvum hele wo kakam!” 2Eya ta ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ na alẽkplɔla siwo le nye dukɔ la kplɔm lae nye esi: “Esi mielé be na nye alẽhawo o, ke boŋ miekaka wo eye mienya wo de gbe ta la, mahe to na mi ɖe nu vɔ̃ɖi si miewɔ la ta.” Yehowae gblɔe. 3“Nye ŋutɔ maƒo nye alẽ mamlɛawo nu ƒu tso anyigba siwo katã dzi menya wo ɖo ɖo la dzi, eye makplɔ wo va wo nyiƒe, afi si woadzi ɖe edzi fũu le. 4Matsɔ alẽkplɔla siwo akpɔ wo dzi nyuie la aɖo wo nu, ale womagavɔ̃ alo dzidzi naƒo wo alo wo dometɔ aɖeke nabu o.” Yehowae gblɔe.

5Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esime mana atilɔ dzɔdzɔe,

aɖe nadze atso David ƒe ƒome me,

anye fia si aɖu fia le nunya me eye wòawɔ nu si le eteƒe

kple nu si le dzɔdzɔe le anyigba dzi.

6Le eƒe ŋkekewo me la, woaɖe Yuda eye Israel anɔ anyi le dedinɔnɔ me.

Esiae nye ŋkɔ si woayɔ nɛ:

Yehowa, Míaƒe Dzɔdzɔenyenye.

7“Yehowa be eya ta ŋkekewo li gbɔna esi amewo magagblɔ be, ‘Meta Yehowa, ame si kplɔ Israelviwo do goe le Egipte la ƒe agbe’ o. 8Ke boŋ woagblɔ be, ‘Meta Yehowa, ame si kplɔ Israel ƒe dzidzimeviwo do go tso anyiehenyigba dzi kple dukɔ siwo katã me woɖe aboyo wo ɖo ɖo la ƒe agbe.’ Ekema woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.”

Aʋatsonyagblɔɖilawo

9Nya siwo ku ɖe nyagblɔɖilawo ŋu:

nye dzi gbã le menye eye nye lãme katã le ƒoƒom.

Ɖeko mele abe ŋutsu si mu aha

alo abe ŋutsu si wain wu ko na la ene,

le Yehowa kple eƒe nya kɔkɔewo ta.

10Anyigba la dzi yɔ fũu kple ahasiwɔlawo

eye le fiƒode la ta la, anyigba la ƒu kplakplakpla ale be lãnyiƒe

siwo katã le gbegbe la hã yrɔ;

elabena Nyagblɔɖilawo ƒe mɔ to vovo

eye wowɔa woƒe ŋusẽ ŋu dɔ to

mɔ madzɔmadzɔwo dzi.

11“Nyagblɔɖilawo kple Nunɔlawo siaa nye Mawumavɔ̃lawo

eye le nye gbedoxɔ me gɔ̃ hã la,

mekpɔ woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi.”

Yehowae gblɔe.

12“Eya ta woƒe mɔ dzi aɖiɖi dribadriba,

woatsɔ wo aƒu gbe ɖe blukɔ me

eye woadze anyi ɖe afi ma.

Mahe gbegblẽ ava wo dzi

le ƒe si me mahe to na wo.”

Yehowae gblɔe.

13“Mekpɔ bometsinu sia le nyagblɔɖila

siwo le Samaria la dome.

Wogblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me

eye wokplɔ nye dukɔ Israel trae.

14Ke mekpɔ ŋunyɔnu sia hã le nyagblɔɖila

siwo le Yerusalem la dome.

Wole ahasi wɔm eye wole alakpa hã dam.

Wodoa ŋusẽ nu baɖa wɔlawo be

ne ame aɖeke nagaɖe asi

le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu o.

Wo katã le nam abe Sodom ene.

Yerusalem nɔlawo le abe Gomoratɔwo ene.”

15Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ ɖe nyagblɔɖilawo ŋutie nye esi:

“Kpɔ ɖa, mana nuɖuɖu veve wo

eye makpe tsi si me wode aɖii la na wo

elabena Yerusalem ƒe nyagblɔɖilawo gbɔe wòtso be,

mawumavɔmavɔ̃ kaka ɖe anyigba blibo la dzi.”

16Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:

“Migaɖo to nyagblɔɖi siwo gblɔm

Nyagblɔɖilawo le na mi la o.

Mia flum wole kple mɔkpɔkpɔ ƒuƒlu.

Wogblɔa nya si woawo ŋutɔ susu la

be ŋutegae yewokpɔ,

ke menye nya si do tso Yehowa ƒe nu me o.

17Wogblɔna na ame siwo doa vlom ɖaa la be,

‘Yehowa be: miakpɔ ŋutifafa’,

eye wogblɔna na ame siwo zɔna ɖe

woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe ɖoɖo nu la be,

‘Dzɔgbevɔ̃e aɖeke mava mia dzi o.’

18Ke wo dometɔ kae nɔ Yehowa ƒe aɖaŋu me

be wòakpɔ nu alo ase eƒe nya?

Ame kae ɖo to hese eƒe nya?

19Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ahom atu sesĩe

le eƒe dziku helĩhelĩ me, eye yali atso

abla ɖe ta na ame vɔ̃ɖiwo kɔtɔɔ.

20Yehowa ƒe dziku magbugbɔ o

va se ɖe esime wòwɔ nu si wòɖo ɖe eƒe dzi me de goe.

Le ŋkeke siwo gbɔna me la,

miase nu siawo gɔme keŋkeŋ.

21Nyemedɔ nyagblɔɖila siawo o,

gake wole du dzi kple woawo ŋutɔwo ƒe gbedeasi.

Nyemeƒo nu kpli wo o,

evɔ wogblɔ nya ɖi.

22Ke ne ɖe wonɔ nye aɖaŋudede me la, anye

ne wogblɔ nye nyawo na nye dukɔ

eye woatrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi

kple woƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo me.”

23Yehowa be,

“Kpuiƒe ƒe Mawu ko menyea,

eye nyemenye Mawu si le adzɔge oa?

24Ɖe ame aɖe abe ɖe bebeƒe aɖe be

nyemate ŋu akpɔe oa?”

Yehowae gblɔe.

“Ɖe nyemeyɔ dziƒo kple anyigba taŋtaŋ oa?”

Yehowae gblɔe.

25“Mese nu si gblɔm nyagblɔɖilawo le, ame siwo gblɔ aʋatsonyagblɔɖi le nye ŋkɔ me. Wogblɔ be, ‘Meku drɔ̃e aɖe! Meku drɔ̃e aɖe.’ 26Ɣe ka ɣie nu sia ayi edzi le aʋatsonyagbɔɖila siawo ƒe dzi me ase ɖo, ame siwo gblɔ beblenya siwo woƒe susuwo gblɔ na wo? 27Wobu xaa be drɔ̃e siwo wolĩna na wo nɔewo la awɔe be nye amewo aŋlɔ nye ŋkɔ be abe ale si wo fofowo ŋlɔ nye ŋkɔ be, to Baal subɔsubɔ me ene.” 28Yehowa be, “Nyagblɔɖila si ku drɔ̃e la, nelĩ drɔ̃e la faa, gake ame si si nye nya le la, neɖe gbeƒãe anukwaretɔe. Elabena kadodo kae le bli kple atsa dome?” Yehowae gblɔe. 29“Ɖe nye nya mele abe dzo ene kple zu si gbãa kpe sesẽ gudugudu la ene oa?” Yehowae gblɔ.

30Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matso ɖe nyagblɔɖila siwo fia nya siwo wosusu be etso gbɔnye la le wo nɔewo gbɔ la ŋuti.” 31Yehowa be, “Kpɔ ɖa, matso ɖe nyagblɔɖila siwo kpa nya kple woƒe aɖewo, evɔ wohegblɔna be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi’ la ŋuti. 32Kpɔ ɖa,” ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matso ɖe ame siwo tsɔ alakpadrɔ̃ewo gblɔa nya ɖi la ŋuti. Wogblɔnɛ na dukɔa, eye wokplɔa nye amewo tranae to woƒe alakpa vivivo la me, evɔ nyemedɔ wo alo de dɔ asi na wo o. Womenye viɖe aɖeke na nye dukɔ o,” Yehowae gblɔe.

Aʋatsonyagblɔɖiwo

33“Ne ame siawo, alo nyagblɔɖila alo nunɔla bia wò be, ‘Nu kae nye Yehowa ƒe gbe hã la,’ ɖo eŋu na wo be, ‘Nu ka ƒe gbe? Magbe nu le mia gbɔ’ Yehowae gblɔe. 34Ke ne nyagblɔɖila alo nunɔla alo ame aɖe ko agblɔ be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe gbe’ la, mahe to na ame la kple eƒe aƒekɔ katã. 35Esiae nye nu si mia dometɔ ɖe sia ɖe nɔ gbɔgblɔm na ehavi alo eƒe ƒometɔ: ‘Aleke Yehowa ɖo eŋutie?’ Alo ‘Nya ka Yehowa gblɔ?’ 36Ke migakɔ nu le ‘Yehowa ƒe nya’ dzi azɔ o, elabena ame sia ame ŋutɔ ƒe nya zu eƒe nyagblɔɖi, ale mietrɔ gbo Mawu gbagbe, Yehowa ƒe Aƒetɔ la, miaƒe Mawu la ƒe nyawo. 37Esia nye nya si mienɔ gbɔgblɔm ɖaa na nyagblɔɖila, ‘Aleke Yehowa ɖo eŋutie?’ Alo ‘Nya kae Yehowa gblɔ?’ 38Togbɔ be miegblɔ be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya, ale Yehowa gblɔe nye esi’ hã la, miegagblɔna be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya,’ evɔ megblɔe na mi, miganɔ gbɔgblɔm be, ‘Esiae nye Yehowa ƒe nya’ o. 39Eya ta kpɔ ɖa, maŋlɔ mi be le nyateƒe me, eye matsɔ mi aƒu gbe le nye ŋkume akpe ɖe du si metsɔ na mi kple mia fofowo la ŋuti. 40Mahe ŋukpe mavɔ kple vlododo mavɔ si womaŋlɔ be akpɔ o la va mia dzi.”

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Shepherds, the Righteous Branch, and True Prophecy

  • In the ancient world, rulers were commonly described as shepherds. Jeremiah contrasts Judah's corrupt leaders who scattered their people with the promise of a righteous Branch from David's lineage who would reign wisely, execute justice, and gather the scattered flock.Sources: the Bible text itself
  • The chapter contrasts the northern capital, Samaria, whose prophets invoked the Phoenician deity Baal, with the prophets of Jerusalem. Jeremiah depicts the moral failures and empty assurances of peace in Jerusalem as being as severe as the proverbial wickedness of Sodom and Gomorrah.Sources: the Bible text itself
  • Jeremiah employs vivid imagery to distinguish genuine divine revelation from fabricated dreams. The authentic word of God is likened to nourishing grain, consuming fire, and a hammer that smashes rock, while false prophecies are dismissed as mere straw.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Egypt · 30.129, 31.308 · verse 7
  • Samaria · 32.276, 35.195 · verse 13
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 14, 15, 16

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.