Jeremiah 21
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Mawu mewɔ Zedekia ƒe dzimedidi dzi nɛ o
1Gbedeasi sia va na Yeremia tso Yehowa gbɔ esi Fia Zedekia dɔ Pasur, Malkiya ƒe vi kple nunɔla Zefania, Maaseya ƒe vi ɖe egbɔ. Wogblɔ na Yeremia be, 2“Bia gbe Yehowa na mí elabena Babilonia fia, Nebukadnezar ho aʋa ɖe mía ŋu. Ɖewohĩ Yehowa awɔ nukunu na mí abe ale si wòwɔe le blemaɣeyiɣiwo me ene, ale be wòatrɔ adzo le mía gbɔ.”
3Tete Yeremia ɖo eŋu na wo be, “Migblɔ na Zedekia be, 4‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, matrɔ aʋawɔnu siwo le asiwò la ɖe ŋutiwò, aʋawɔnu siwo nètsɔ le aʋa wɔm kple Babilonia fia kple Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe dua le aʋa wɔm kpli wò. Makplɔ wo aƒo ƒu ɖe du sia titina. 5Nye ŋutɔ matsɔ alɔ si le dzi kple alɔ sesẽ awɔ aʋa kpli mi le dziku, dɔmedzoe kple vevesese helĩhelĩ me. 6Maƒo du sia me nɔlawo aƒu anyi, amegbetɔwo kple lãwo siaa eye dɔvɔ̃ awu wo. 7Yehowa be le esia megbe la, matsɔ Yuda fia Zedekia, eƒe dumegãwo kple du sia me nɔla siwo dɔvɔ̃, yi kple dɔwuame mewu o la ade asi na Nebukadnezar, Babilonia fia kple woƒe ketɔ siwo le woƒe agbe yome tim. Awu wo kple yi, mave wo nu, akpɔ nublanui na wo loo alo anyo dɔ me na wo o.’
8“Gawu la, gblɔ na dukɔ la be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, metsɔ agbemɔ kple kumɔ le mia ŋkume ɖom. 9Ame si atsi du sia me la, yi, dɔwuame alo dɔvɔ̃ awui, ke ame si tsɔ eɖokui na Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe dua la maku o, ke boŋ aɖe eƒe agbe. 10Meɖo vɔ̃ ɖe du sia ŋuti kplikpaa, ke menye nyui o. Woatsɔe ade asi na Babilonia fia, eye wòagbãe, atɔ dzoe.’ Yehowae gblɔe.
11“Gawu la, gblɔ na Yuda ƒe fiaƒemetɔwo be, ‘Mise Yehowa ƒe nya: 12O David ƒe aƒe, ale Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, ŋdi sia ŋdi,
mixɔ na ame si woda adzoe la le ŋutasẽla si,
ne menye nenema o la, nye dziku agbã go,
abi abe dzo ene, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o,
ɖe nu vɔ̃ɖi si miewɔ la ta.
13Metso ɖe ŋutiwò, Yerusalem,
wò si le bali sia ƒe dzigbe le agakpeto tame,
mi ame siwo gblɔ be,
“Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe mía nu?
Ame ka ate ŋu age ɖe míaƒe bebeƒe la me?”
Yehowae gblɔe.
14Yehowa be, “Mahe to na mi le miaƒe nu tovowo wɔwɔ ta,
maɖe dzo ade miaƒe avewo me,
eye wòafia nu sia nu si ƒo xlã mi.” ’ ”
Yehowae gblɔe.

Did you know?
Zedekiah's Inquiry and the Coming Siege
- Facing invasion by King Nebuchadnezzar of Babylon, King Zedekiah of Judah sent a delegation to Jeremiah hoping God would perform a miraculous deliverance as in past times. Zedekiah had originally been placed on the throne by Nebuchadnezzar himself and became Judah's final king.Sources: Zedekiah · Nebuchadnezzar · the Bible text itself
- Among the royal emissaries was Zephaniah son of Maaseiah, who served as the second priest during Zedekiah's reign. Zephaniah was repeatedly sent by the king to inquire of Jeremiah regarding coming disasters and to seek the prophet's intercession.Sources: Zephaniah · Maaseiah · the Bible text itself
- Instead of promising relief, Jeremiah set before the people the choice between life and death. Those who remained inside Jerusalem would perish by sword, famine, and plague, while those who surrendered to the besieging Chaldeans would preserve their lives.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Babylon · 32.543, 44.422 · verses 2, 4, 7, 10
- Chaldea · 30.962, 46.104 · verses 4, 9
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 6, 8, 9, 13
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org