Jeremiah 14
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Gbeƒãɖeɖe kuɖiɖi, dɔtoto kple yi
1Esiae nye Yehowa ƒe nya na Yeremia tso kuɖiɖi ŋuti.
2“Yuda le nu xam,
eƒe duwo le fukpekpe me,
wole avi fam le anyigba la ta
eye Yerusalem ƒe ɣli le dzi dem.
3Bubumewo dɔa woƒe dɔlawo ɖe tsikuƒe;
woyina ɖe vudowo to, gake womekpɔa tsi le wo me o.
Wotrɔna gbɔna kple ze ƒuƒluwo, ŋu kpea wo,
wobua mɔkpɔkpɔ eye wotsɔa nu tsyɔa ta.
4Anyigba la katã wo gblogblogblo,
elabena tsi mele dzadzam ɖe edzi o;
agbledelawo ƒe mo tsi dãa, eye wotsyɔ nu ta.
5Fɔmizi le gbe me gɔ̃ hã gblẽa via ɖi
elabena gbe mumu meli o.
6Gbetedziwo tsia tsitre ɖe to ƒuƒluwo dzi
henɔa ya nom abe amegaxiwo ene.
Woƒe ŋkuwo dzi tsyɔna
elabena gbeɖuƒe aɖeke megali o.”
7O Yehowa, togbɔ be míaƒe nu vɔ̃wo
le ɖase ɖim tso mía ŋuti hã la,
wɔ nane le wò ŋkɔ la ta, elabena míaƒe megbedede sɔ gbɔ,
eye míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò.
8O Israel ƒe Mɔkpɔkpɔ,
eƒe Ɖela le xaxawo me;
nu ka ta nèle abe amedzro ene le anyigba dzi,
eye abe mɔzɔla si va anyi tsi ge
ŋkeke ɖeka ko ene?
9Aleke nèle abe ame si nane wɔ nuku na alo
kalẽtɔ si ƒe ŋusẽ vɔ,
eye mate ŋu axɔ na ame o la ene?
O Yehowa, èle mía dome, eye wò ŋkɔ le mía ŋu
eya ta mègagblẽ mi ɖi o!
10Ale Yehowa gblɔ tso dukɔ sia ŋutie nye esi:
“Wolɔ̃a tsaglalãtsatsa vivivo;
woƒe afɔwo menɔa teƒe ɖeka o,
eya ta Yehowa mexɔ wo o.
Azɔ la, àɖo ŋku woƒe nu tovowo wɔwɔ dzi,
eye woahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.”
11Tete Yehowa gblɔ nam be, “Mègado gbe ɖa be eme nanyo na dukɔ sia o. 12Nenye be wotsi nu dɔ hã la, nyemaɖo to woƒe ɣlidodo o. Nenye be wotsɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsawo vɛ hã la, nyemaxɔ wo o, ke boŋ matsrɔ̃ wo kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃.”
13Ke megblɔ be, “O Aƒetɔ Yehowa, Nyagblɔɖilawo le gbɔgblɔm na wo be, ‘Miakpɔ yi loo alo dɔwuame o. Le nyateƒe me, mana miakpɔ ŋutifafa mavɔ le teƒe sia.’ ”
14Yehowa gblɔ nam be, “Nyagblɔɖilawo le aʋatsonyawo gblɔm le nye ŋkɔ me. Nyemedɔ wo alo ɖo wo alo ƒo nu na wo o. Wole alakpaŋutega, afakaka, trɔ̃subɔsubɔ kple beble siwo woƒe susuwo gblɔ na wo la gblɔm. 15Eya ta ale Yehowa gblɔ le nyagblɔɖila siwo le nya gblɔm ɖi le nye ŋkɔ me la ŋu. Nyemedɔ wo o, gake wole gbɔgblɔm be, ‘Yi alo dɔwuame atsrɔ̃ wo 16eye ame siwo wole nya gblɔm ɖi na la, woatsɔ wo akaka ɖe Yerusalem ƒe ablɔwo dzi le yi kple dɔwuame ta. Ame aɖeke manɔ anyi si aɖi woawo ŋutɔwo alo wo srɔ̃nyɔnuwo, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo o. Matrɔ dzɔgbevɔ̃e si dze na wo la, akɔ ɖe wo dzi.’
17“Gblɔ nya sia na wo be,
“ ‘Na be aɖatsi nasi tso nye ŋkuwo me zã
kple keli madzudzɔmadzudzɔe
elabena vinyenyɔnu si menya ŋutsu o,
ame si nye dukɔ la,
xɔ abi vevie le esi wogbãe ta.
18Ne meyi ɖe gbedzi la,
mekpɔa ame siwo wowu kple yi la
ƒe ŋutilã kukuawo.
Ne mege ɖe dua me la,
mekpɔa nu si gblẽm dɔwuame le.
Nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa yi ɖe
anyigba si womenya o la dzi.’
19“Ɖe nègbe Yuda gbidiia?
Ɖe wò dzi megaku ɖe Zion ŋu oa?
Nu ka ta nède abi mía ŋuti
ale gbegbe be míate ŋu akpɔ dɔyɔyɔ o?
Míekpɔ mɔ na ŋutifafa
gake nu nyui aɖeke meva na mí o.
Míekpɔ mɔ na dɔyɔyɔ, ke ŋɔdzi boŋue li.
20O Yehowa, míedze si míaƒe nu tovowo wɔwɔ
kple mía fofowo ƒe nu vɔ̃wo.
Vavãe míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò.
21Le wò ŋkɔ la ta, mègaɖe kɔ ɖa le mía ŋu o;
mègaɖe bubu le wò ŋutikɔkɔefiazikpui la ŋuti o.
Ɖo ŋku nu si nèbla kpli mí la dzi eye mègatui o.
22Ɖe dukɔwo ƒe legba maɖinuwo dometɔ aɖe na tsi dza kpɔa?
Lilikpowo ŋutɔe dzaa tsia?
Ao, O Yehowa, míaƒe Mawu, wòe wɔnɛ.
Eya ta míaƒe mɔkpɔkpɔ le dziwò,
elabena wòe wɔa esiawo katã.”

Did you know?
The Great Drought and False Prophets
- The chapter opens with a description of a severe drought across Judah, depicting servants sent by nobles to find water only to return with dry jars, while farmers cover their heads in despair over the cracked soil.Sources: the Bible text itself
- Jeremiah laments the influence of false prophets in Jerusalem who assured the people of peace and immunity from disaster, though God states He did not send them and that sword and famine would consume them.Sources: the Bible text itself · Jeremiah · Jerusalem
- In his plea for the stricken land, Jeremiah highlights that worthless foreign idols cannot produce rain, affirming that only the God of Israel has the power to send showers and fulfill His covenant.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org