Nations Bible

Jeremiah 11

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Wotu nubabla la

1Esiae nye gbe si tso Yehowa gbɔ va na Yeremia. 2“Ɖo to nubabla sia me nyawo ne nàgblɔ wo na Yudatɔwo kple ame siwo le Yerusalem. 3Gblɔ na wo be ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Fiƒode le ame si mewɔ ɖe nubabla sia me nyawo dzi o la dzi. 4Nya siwo ƒe se mede na mia fofowo esi mekplɔ wo do goe tso Egipte, tso galolõkpodzo me.’ Megblɔ be, ‘Miɖo tom, miwɔ nu siwo katã meɖo na mi, ekema mianye nye dukɔ eye nye hã manye miaƒe Mawu. 5Ekema mawɔ ɖe atam si meka na mia fofowo be matsɔ anyigba si le dzidzim kple notsi kple anyitsi na wo la dzi.’ Esiae nye anyigba si dzi miele egbea.”

Meɖo eŋu be, “Amen, Yehowa.”

6Yehowa gblɔ nam be, “Ɖe gbeƒã nya siawo katã le Yuda duwo kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi be ‘Miɖo to nubabla sia me nyawo ne mialé wo me ɖe asi. 7Tso gbe si gbe mekplɔ mia fofowo do goe tso Egipte va se ɖe egbe sia la, mexlɔ̃ nu wo zi geɖe be, “Miɖo tom.” 8Ke womeɖo to alo see nam o, ke boŋ wodze woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe tosesẽ yome. Ale mehe fiƒode siwo katã megblɔ da ɖi ɖe nubabla la dzi dalawo ŋu la va wo dzi.’ ”

9Tete Yehowa gblɔ nam be, “Nugbeɖoɖo aɖe le Yudatɔwo kple Yerusalem nɔlawo dome. 10Wotrɔ yi wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo gbɔ, ame siwo gbe nye gbe sese. Wokplɔ mawu bubuwo ɖo be yewoasubɔ wo. Israel ƒe aƒe la kple Yuda ƒe aƒe la siaa tu nubabla si mewɔ kple wo fofowo. 11Eya ta ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Mahe gbegblẽ si nu womate ŋu asi le o la ava wo dzi togbɔ be woado ɣli ayɔm hã la, nyematɔ na wo o. 12Yuda ƒe duwo kple Yerusalem nɔlawo afa avi na woƒe mawu siwo wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na gake womate ŋu akpe ɖe wo ŋuti ne gbegblẽ siawo katã va ƒo ɖi o. 13O Yuda, wò mawuwo sɔ gbɔ abe wò duwo ene, eye nuxeƒe siwo nèɖo be yeanɔ dzudzɔ ʋeʋĩ dom na ŋukpenamawu, Baal la sɔ gbɔ abe Yerusalem ƒe ablɔwo ene.’

14“Mègado gbe ɖa ɖe ame siawo ta o, mègaɖe kuku ɖe wo nu o, eye mègabia naneke na wo o, elabena ne woyɔm le xaxaɣi la, nyemaɖo to wo o.

15“Nu ka wɔm nye lɔlɔ̃tɔ le le nye gbedoxɔ la me,

le esime wowɔ nu tovowo kple ame geɖewo?

Ɖe wò vɔsalã kɔkɔewo ate ŋu aɖe

wò le tohehe mea?

Elabena ne èle nu tovowo wɔm la,

dzi nɔa dzɔwòm.”

16Yehowa na ŋkɔ wò be

amiti dama si dzi kutsetse nyuiwo le.

Gake le gbeɖeɖe aɖe abe ahom sesẽ ene me la,

ana dzo afiae

eye eƒe alɔdzewo hã afia keŋkeŋ.

17Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si li ke wò la ɖo gbegblẽ ɖe ŋuwò elabena Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe wɔ vɔ̃ eye wodo dziku nɛ le ale si wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal la ta.

Nugbeɖoɖo ɖe Yeremia ŋu

18Esime Yehowa ɖe woƒe nugbeɖoɖowo fiam la, menyae, elabena le ɣe ma yi la, efia nu siwo wɔm wonɔ lam. 19Menɔ abe alẽvi si wokplɔ yina wuwu ge la ene; nyemekpɔe dze sii be woɖo nugbe ɖe ŋutinye le gbɔgblɔm be,

“Mina míagblẽ ati la kple eƒe kutsetse,

mina míaɖee ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi,

ale be womagaɖo ŋku eƒe ŋkɔ dzi gbeɖegbeɖe o.”

20Ke, O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,

wò ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe,

doa dzi kple tamesusu kpɔ la,

na makpɔ wò hlɔ̃biabia si le wo dzi va ge

elabena asiwò me metsɔ nye nya dee.

21“Eya ta ale Yehowa gblɔ tso Anatɔt ŋutsuwo, ame siwo le wò agbe yome tim eye wole gbɔgblɔm be, ‘Mègagblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me o, ne menye nenema o la, míawu wò.’ 22Le esia ta, ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mahe to na wo. Woƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu, dɔwuame atsrɔ̃ wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. 23Ame aɖeke masusɔ o, elabena mahe dzɔgbevɔ̃e gã aɖe ada ɖe Anatɔt ŋutsuwo dzi le ƒe si meɖo be mahe to na wo la me.’ ”

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

The Broken Covenant and the Plot at Anathoth

  • In Jeremiah 11, the Lord rebukes the people of Judah for breaking the covenant established after the exodus from Egypt, noting that altars to burn incense to the deity Baal were as numerous as the streets of Jerusalem.Sources: the Bible text itself · Baal
  • Jeremiah faced a deadly conspiracy from his own hometown of Anathoth, a priestly town in the territory of Benjamin, where local residents plotted to kill him to silence his prophetic message.Sources: the Bible text itself · Anathoth · Jeremiah

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 2, 6, 9, 12, 13
  • Egypt · 30.129, 31.308 · verses 4, 7

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.