Nations Bible

James 4

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Nu siwo hea avuwɔwɔ vanɛ

1Nu kae hea avuwɔwɔ kple dzrewɔwɔ vaa mia dome? Ɖe menye miaƒe dzimedidi siwo le aʋa wɔm le mia me lae oa? 2Miedia nu, gake miekpɔnɛ o, miewua ame, xɔa eƒe nuwo, gake nu si dim miele la masu mia si o. Miewɔa dzre, eye miewɔa avu hã, gake nuawo mesua mia si o, elabena miebiaa Mawu o. 3Ne miebia la, miaƒe asi mesua edzi o, elabe miebia kple susu vɔ̃ɖi, miebia nu siwo miawɔ yakayaka na mía ɖokuiwo.

4Mi ahasiwɔlawo! Ɖe mienya be ne miedze xɔlɔ̃ xexea me la, ekema mielé fu Mawu oa? Ame sia ame si dze xɔlɔ̃ xexea me la nye Mawu ƒe futɔ. 5Alo ɖe miesusu be dzodzroe mawunya gblɔ be gbɔgbɔ si wòde mía me la ʋãa ŋu veviea? 6Ke ena amenuveve geɖe mí. Esia ta mawunya gblɔ be,

“Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu,

ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la nu.”

7Eya ta mibɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Mawu te. Mitsi tsitre sesĩe ɖe Abosam ŋuti, ekema asi le mia nu. 8Mite ɖe Mawu ŋu kpokploe, eye eya hã atsɔ ɖe mia gbɔ. Mi, nu vɔ̃ wɔlawo, miklɔ miaƒe asiwo, eye mi ame siwo nye dzi eve me susulawo la, miklɔ miaƒe dziwo me. 9Milé blanui, mifa konyi, eye mifa avi. Mina miaƒe nukoko nazu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nazu blanuiléle. 10Mibɔbɔ mia ɖokui na Aƒetɔ la, ekema ado mi ɖe dzi.

11Nɔviwo, migagblẽ mia nɔewo ŋu o, ame si gblẽ nɔvia ŋu alo drɔ̃ ʋɔnui la tsi tsitre ɖe se la ŋu hedrɔ̃ ʋɔnui. Ne èdrɔ̃ ʋɔnu se la la, mèle edzi wɔm o, ke boŋ ènɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi hele ʋɔnu drɔ̃m se la. 12Senala kple ʋɔnudrɔ̃la ɖeka koe li, ame si tea ŋu ɖea ame, eye wotsrɔ̃a ame hã. Ke wò la, ame ka nènye be nàdrɔ̃ ʋɔnu hawòvi?

Adegbeƒoƒo le etsɔ si gbɔna ŋuti

13Azɔ la, miɖo to nyuie, mi ame siwo le gbɔgblɔm be, “Egbe alo etsɔ míayi du si alo ekemɛ me, anɔ anyi ƒe ɖeka, atsa asi, eye míakpɔ ga.” 14Nu ka ta? Elabena mienya nu si ava adzɔ etsɔ si gbɔna la gɔ̃ hã o. Nu ka miaƒe agbe nye? Miele abe afu si dona ɣeyiɣi kpui aɖe, eye wògabuna la ene. 15Ke boŋ migblɔ be, “Nenye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu la, míanɔ agbe, eye míawɔ nu si kple ekemɛ.” 16Ke nu si miewɔna la nye dada kple ɖokuidodoɖedzi ƒuƒlu. Adegbeƒoƒo siawo tɔgbi katã nye nu vɔ̃, 17eya ta ne ame aɖe nya nu nyui si wòle be wòawɔ, gake mewɔe o la, ewɔ nu vɔ̃.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Passions, the world, and humility

  • The chapter asks what causes conflicts and quarrels among those it addresses and answers that they come from passions at war within them. It says they crave what they do not have, kill and covet but cannot obtain it, and quarrel and fight; they do not have because they do not ask, and when they ask they do not receive, because they ask with wrong motives, so that they may squander it on their pleasures.Sources: the Bible text itself
  • It calls them adulteresses and says that friendship with the world is hostility toward God, so that whoever chooses to be a friend of the world renders himself an enemy of God. It quotes the words that God opposes the proud but gives grace to the humble, then tells them to submit to God, resist the devil so that he will flee, draw near to God so that He will draw near, cleanse their hands, and purify their hearts.Sources: the Bible text itself
  • Those who say they will go to this or that city, spend a year there, carry on business, and make a profit are told that they do not even know what will happen tomorrow, and that they are a mist that appears for a little while and then vanishes. Instead they ought to say, "If the Lord is willing, we will live and do this or that"; boasting in such proud intentions is called evil, and anyone who knows the right thing to do yet fails to do it is guilty of sin.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.