Nations Bible

Isaiah 59

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Nu vɔ̃ me ʋuʋu kple ɖeɖekpɔkpɔ

1Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe alɔ mele kpuie akpa be mate ŋu aɖe ame,

alo eƒe to mexe be mate ŋu ase nu o;

2ke boŋ miaƒe nu vɔ̃woe ma mi

kple miaƒe Mawu dome.

Miaƒe nu vɔ̃woe na wòɣla eƒe ŋkume

ɖe mi be maɖo to mi o,

3elabena miaƒe asiwo ƒo ʋu,

eye vodada le asibidɛ ŋu na mi.

Miaƒe nuyiwo da alakpa,

eye miaƒe aɖewo gblɔ nya tovowo.

4Ame aɖeke meli si gblɔna be

wometso afia dzɔdzɔe o.

Ame aɖeke meʋlia eɖokui ta to mɔ dzɔdzɔe dzi o,

ke boŋ woɖoa ŋu ɖe nyahehe dzodzrowo ŋu.

Wodaa alakpa.

Wofɔa fuɖename ƒe fu hedzia nu vɔ̃ɖi.

5Woƒoa da ƒe aziwo, eye wolɔ̃a yiyiɖɔ.

Ame si ɖu woƒe aziwo la,

aku, eye ne ɖe gbã la,

ƒli ado tso eme.

6Woƒe yiyiɖɔ menyo na avɔ o.

Womate ŋu atsyɔ nu si wowɔ la o.

Woƒe dɔwɔwɔwo nye dɔwɔwɔ vɔ̃ɖiwo,

eye nu baɖa wɔwɔ le woƒe asiwo me.

7Woƒe afɔwo ƒua du gena ɖe nu vɔ̃ me,

eye woɖea abla le ʋu maɖifɔ kɔkɔ ɖi me.

Woƒe susuwo nye susu vɔ̃ɖiwo.

Gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ bɔ ɖe woƒe mɔwo dzi.

8Womenya ŋutifafa ƒe mɔ o.

Nu dzɔdzɔe wɔwɔ mele woƒe mɔwo dzi o.

Wotrɔ woƒe mɔwo wozu mɔ gɔglɔ̃wo,

eye ame siwo azɔ wo dzi ayi la,

manya ŋutifafa o,

9eya ta nuteƒewɔwɔ le adzɔge na mi,

eye dzɔdzɔenyenye metsɔ ɖe mia gbɔ o.

Miekpɔ mɔ na kekeli, ke viviti sɔŋ ƒo xlã mi.

Míekpɔ mɔ na xexea me ƒe kɔkɔ,

ke blukɔ me boŋ ko zɔm miele.

10Miele asi tsam le gli ŋu abe ŋkugbagbãtɔwo ene,

eye miele mɔ dim kple asi abe

ame siwo mele nu kpɔm o la ene.

Miele nu klim le ŋdɔkutsu dzatsi abe zã me ene,

eye míele lãmesesẽtɔwo dome abe ame kukuwo ene.

11Mi katã miele gbe tem abe sisiblisiwo ene,

eye miele xɔxlɔ̃m nublanuitɔe abe ahɔnɛwo ene.

Miele mɔ kpɔm na ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe,

gake miekpɔ ɖeke o.

Miele mɔ kpɔm na ɖeɖe,

gake metsɔ ɖe mia gbɔ o,

12elabena míaƒe dzidadawo sɔ gbɔ le ŋkuwò me

eye míaƒe nu vɔ̃wo le mía nu tsom.

Míenya míaƒe dzidadawo,

eye míedze si miaƒe nu vɔ̃,

13siwo nye aglãdzedze,

nugbeɖoɖo ɖe Yehowa ŋu,

megbetɔtrɔ̃ de míaƒe Mawu la, ameteteɖeto,

tsitretsitsi ɖe ame ŋu kple alakpanya

siwo míeɣla ɖe míaƒe dzi me la gbɔgblɔ.

14Ale wonya ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ do ɖe megbe,

eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ tsi tsitre ɖe adzɔge.

Nyateƒe le nu klim le kpɔdomewo,

eye nuteƒewɔwɔ mate ŋu age ɖe ame o.

15Ale nyateƒe mele afi aɖeke woakpɔ o,

eye ame si gbe nu le nu vɔ̃ɖi gbɔ la zu nuhaha.

Yehowa ɖo ŋku anyi hekpɔ nu,

ke mekpɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ le afi aɖeke o,

eye medzɔ dzi nɛ o.

16Yehowa kpɔ be ame aɖeke meli o.

Ewɔ moya nɛ be ame aɖeke meli si alé avu o,

ale wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe alɔ xɔ na eɖokui,

eye eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye lée ɖe te.

17Edo dzɔdzɔenyenye abe eƒe akɔtakpoxɔnu ene,

eye xɔxɔ ƒe gakuku le ta nɛ.

Etsɔ hlɔ̃biabia ƒe awuwo do,

eye wòtsɔ ŋuʋaʋã xatsa ɖe eɖokui ŋu

abe doɖedzi ene.

18Axe fe na wo ɖe nu siwo wowɔ la nu.

Atsɔ dɔmedzoe axe fee na eƒe futɔwo,

eye wòatsɔ teƒeɖoɖo axe fee na eƒe ketɔwo.

Atsɔ nu si dze la axe fee na ƒukpowo.

19Ɣetoɖoƒetɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ,

eye ɣedzeƒetɔwo

ade bubu eƒe ŋutikɔkɔe ŋu,

elabena ele vava ge abe tsiɖɔɖɔ

si le sisim kple ŋusẽ,

eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ nyae

ɖe du nu la ene.

20Yehowa be, “Ɖela ava Zion na Yakob ƒe

ame siwo trɔ tso woƒe nu vɔ̃wo me.”

21Yehowa be, “Nye la, esiae nye nye nubabla kpli wo. Nye Gbɔgbɔ si le dziwò, nye nya siwo metsɔ de nuwò la madzo le nuwò alo le viwòwo ƒe nu alo le wò dzidzimeviwo ƒe nu tso azɔ dzi yi ɖe mavɔ me o,” Yehowae gblɔe.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Divine Justice and the Redeemer of Zion

  • To illustrate profound moral breakdown and the collapse of civic justice, the passage uses vivid metaphors, describing truth stumbling in the public square and people groping along walls like the blind at midday.Sources: the Bible text itself
  • When no human champion or intercessor is found to uphold justice, the passage depicts God arming Himself for intervention, putting on righteousness as a breastplate, the helmet of salvation, and a cloak of zeal.Sources: the Bible text itself
  • The chapter promises that a Redeemer will arrive in Zion—the fortified southeastern hill of Jerusalem where David built his citadel—to deliver those among Jacob's descendants who turn away from transgression.Sources: the Bible text itself · Zion · Jacob (Israel)

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Zion · Today: Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 20

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.