Isaiah 40
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Akɔfafa na Mawu ƒe amewo
1Mifa akɔ, mifa akɔ na nye amewo,
miaƒe Mawu lae gblɔe.
2De dzi ƒo na Yerusalem, eye nàgblɔ nɛ be,
eƒe dɔ sesẽ wɔwɔ wu enu.
Woxe fe ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta be ekpɔ teƒeɖoɖo eve
tso Yehowa gbɔ ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta.
3Ame si le ɣli dom le gbea dzi ƒe gbe enye esi:
“Midzra Yehowa ƒe mɔ ɖo le gbegbe.
Mita mɔ dzɔdzɔe ɖe gbedadaƒo na miaƒe Mawu la.
4Balimewo katã akɔ kpo, eye woabɔbɔ to
kple togbɛ ɖe sia ɖe ɖe anyi;
anyigba tsakliwo katã azu zɔzrɔ̃e,
eye teƒe siwo katã kɔ kpo la azu sɔsɔe.
5Woaɖe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go,
eye amegbetɔƒomea katã akpɔe,
elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.”
6Gbe aɖe ɖi be, “Ɖe gbeƒã!”
eye mebia be, “Nu ka ƒe gbeƒã maɖe?”
“Amegbetɔwo katã le abe gbe ene,
eye woƒe atsyɔ̃ le abe seƒoƒo le gbe me ene.
7Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna,
elabena Yehowa ƒe gbɔgbɔ gbɔ ɖe wo dzi.
Vavãe amewo katã le abe gbe ene.
8Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna,
ke miaƒe Mawu ƒe nya nɔa anyi tegbee.”
9Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Zion,
lia to kɔkɔ aɖe.
Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Yerusalem, kɔ wò gbe dzi nàdo ɣli,
kɔ gbe dzi, mègavɔ̃ o;
gblɔ na Yuda ƒe duwo be,
“Miaƒe Mawue nye esi!”
10Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Mawu gbɔna kple ŋusẽ,
eye eƒe abɔ le dzi be yeaɖu fia.
Kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋuti,
eye eƒe teƒeɖoɖo hã kpe ɖe eŋuti.
11Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔla ene;
alé alẽviawo ɖe abɔdome,
alé wo ɖe eƒe akɔnu,
eye wòakplɔ alẽnɔwo kple beléle.
12Ame kae dzidze tsi ɖe eƒe asiʋlome
alo tsɔ eƒe asi ƒe kekeme dzidze dziƒoe?
Ame kae lɔ ke si le anyigba la ɖe nudonu me
alo da towo le nudanu me
kple togbɛwo le nudanu dzi?
13Ame kae ase Yehowa ƒe susu gɔme
alo anye eƒe aɖaŋudela aɖo aɖaŋu nɛ?
14Ame ka gbɔ Yehowa yi be wòaɖe nugɔme nɛ
alo wòafia mɔ dzɔdzɔetɔe?
Ame kae fia nunya alo gɔmesese ƒe mɔe?
15Vavãe dukɔwo le abe tsi si ge toŋtoŋ tso tɔkpo me ene,
wobu wo abe ʋuʋudedi le nudanu dzi ene,
eye wòda ƒukpowo le nudanu dzi
abe ʋuʋudedi ko wonye ene.
16Lebanon ƒe avemetiwo mesɔ gbɔ
woatsɔ awɔ nakee ado dzoe le vɔsamlekpui dzi o,
eye eƒe lãhawo hã mesɔ
gbɔ ade numevɔsawo nu o.
17Dukɔwo katã menye naneke le eƒe ŋkume o.
Ebua wo abe nu maɖinuwo ko ene, eye wonye tofloko.
18Ekema ame ka míatsɔ asɔ kple Mawu,
eye nɔnɔme ka míatsɔ asɔ kplii?
19Legba nye aɖaŋuwɔla ƒe nuwɔwɔ.
Sikanutulae tsɔ sika fa ɖe eŋu,
eye wòtsɔ klosalo wɔ kɔsɔkɔsɔ de nɛ.
20Ame dahe si, si nu siawo mele o la
wɔa ati si megblẽna o la ŋu dɔ.
Edia atikpala si aɖaŋu le mo na be
wòakpa aklamakpakpɛ,
eye wòalii be mamu adze anyi o.
21Ɖe mienya oa? Ɖe miesee oa?
Ɖe womegblɔe na mi tso gɔmedzedzea me ke oa?
Ɖe miese egɔme tso anyigba
ƒe gɔmeɖoanyiɣi ke oa?
22Eyae nye ame si nɔ fiazi dzi le xexea me godoo tame,
eye anyigbadzinɔlawo le abe abɔwo ene le ete.
Ekeke dziƒowo abe avɔ ene,
eye wòwɔe abe avɔgbadɔ si me wonɔna la ene.
23Eɖea bubu le amegãwo dzi,
eye wòwɔa xexe sia me dziɖulawo
wozua nu maɖinuwo.
24Womekpɔ do wo o, womekpɔ ƒã wo o,
womekpɔ to ke ɖe anyigba me o,
kasia egbɔ ɖe wo dzi,
woyrɔ, eye ya va kplɔ wo dzoe abe atsa ene.
25Kɔkɔetɔ la be, “Ame ka miatsɔm asɔ kplii
alo ame kae sɔ kplim?”
26Miwu mo dzi ne miakpɔ dziƒo.
Ame ka wɔ nu siawo katã?
Ame si ɖe dziƒoŋunuwo ɖe go ɖekaɖeka,
eye wòna ŋkɔ ɖe sia ɖe lae.
Le eƒe ŋusẽ triakɔ kple eƒe alɔ sesẽ la ta,
mena ɖeke bu le wo dome o.
27O! Yakob, nu ka ta nègblɔ ale, eye O! Israel,
nu ka ta nègblɔ be,
“Nye mo ɣla ɖe Yehowa, eye nye Mawu
metsɔ ɖeke le nye nyawo me o?”
28Ɖe mènyae oa? Ɖe mèsee oa?
Yehowae nye Mawu mavɔtɔ la.
Eyae nye anyigba ƒe seƒe ke Wɔla.
Ɖeɖi metea eŋu alo nu tia kɔ nɛ o.
Eƒe nugɔmesese goglo.
Ame aɖeke mate ŋu adzro eme akpɔ o.
29Ena ŋusẽ ame siwo ŋu ɖeɖi te,
eye wòdoa ŋusẽ ame siwo gbɔdzɔ.
30Nu tia kɔ na sɔhɛwo gɔ̃ hã, eye wogbɔdzɔna.
Nenema ke ŋusẽ vɔna le ɖekakpuiwo ŋu,
eye wodzea anyi,
31gake ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa la
ƒe ŋusẽ gaɖoa yeye me.
Woadzo ayi dzi abe hɔ̃wo ene.
Woaƒu du, gake ɖeɖi mate wo ŋu o.
Woazɔ azɔli, gake nu mati kɔ na wo o.
Did you know?
Comfort for God's People
- Isaiah 40 opens with a message of comfort for Jerusalem and Zion, declaring that the city's forced labor is ended and her iniquity pardoned. Zion, a prominent hill of Jerusalem associated with the City of David, is summoned to ascend a high mountain as a herald of good news to the towns of Judah.Sources: the Bible text itself · Jerusalem · Zion
- To emphasize the incomparable scale of the Creator, the chapter notes that even the vast timber and wildlife of Lebanon, the celebrated northern mountain range, would not suffice to provide wood and beasts for an adequate burnt offering.Sources: the Bible text itself · Lebanon
- The passage balances cosmic imagery of measuring the heavens and weighing the mountains with tender pastoral care, portraying God as a shepherd who gathers vulnerable lambs in his arms and gently leads nursing ewes.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 2, 9
- Zion · Today: Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 9
- Lebanon · 33.540, 35.584 · verse 16
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org