Isaiah 36
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Senakerib do ŋɔdzi na Yerusalem
1Le Fia Hezekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienelia me la, Asiria fia, Senakerib ɖe to ɖe Yuda du siwo katã woglã la, eye wòɖu wo dzi. 2Emegbe la, Asiria fia dɔ eƒe aʋafia kple aʋakɔ gã aɖe tso Lakis ɖo ɖe Fia Hezekia le Yerusalem. Esi aʋafia la kple eŋumewo va tɔ ɖe Dzigbeta la ƒe tɔʋu to, le mɔ si ɖo ta avɔnyala ƒe nunyaƒe la, 3Hilkia ƒe vi, Eliakim, ame si nye fiasã la ƒe dɔdzikpɔla, Sebna, agbalẽŋlɔla kple Asaf ƒe vi, Yoa, si nye nuŋlɔla la do go yi ɖakpee.
4Aʋafia la gblɔ na wo be, “Gblɔ na Hezekia be:
“ ‘Ale Asiria fia, fiagã la gblɔe nye esi: Nu ka dzi nètu wò dzideƒo sia ɖo? 5Ègblɔ be, aʋawɔmɔnu tɔxɛwo kple aʋawɔwɔ ƒe ŋusẽ le asiwò, ke nya ƒuƒluwo ko gblɔm nèle. Ame ka ŋu nèle ŋu ɖom ɖo hafi dze aglã ɖe ŋunye? 6Kpɔ ɖa, èle ŋu ɖom ɖe Egipte, aƒla ŋeŋe, atizɔti ma ŋu. Esi ne ame aɖe ziɔ ɖe eŋu la, aŋɔ asi nɛ ahade abi eŋu. Nenemae nye Egipte fia, Farao, na ame sia ame si aɖo ŋu ɖe eŋu. 7Ke ne ègblɔ nam be, “Yehowa, miaƒe Mawu la ŋue miele ŋu ɖom ɖo la,” ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwoe Hezekia gbã hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, “Ele na mi be miasubɔ le vɔsamlekpui sia ŋgɔ oa?”
8“ ‘Va azɔ nàtso gbe kple nye amegã, Asiria fia. Matsɔ sɔ akpe eve na wò, ne ànya kpɔ edolawo ko. 9Ekema aleke nàte ŋu anya nye amegã ƒe dɔla si nye suetɔ, togbɔ be nèle ŋu ɖom ɖe Egipte ŋu be woakpe ɖe ŋuwò kple tasiaɖam kple sɔwo? 10Gawu la, ɖe meva be madze anyigba sia dzi, ahatsrɔ̃e Yehowa manɔmea? Yehowa ŋutɔe gblɔ nam be maho aʋa ɖe dukɔ sia ŋuti ne matsrɔ̃e.’ ”
11Tete Eliakim, Sebna kple Yoa gblɔ na aʋafia la be, “Míeɖe kuku, ƒo nu na wò dɔlawo le Aramgbe me, elabena míese Aramgbe. Mègaƒo nu na mi le Hebrigbe me o. Ne menye nenema o la, ame siwo nɔ anyi ɖe glia dzi la ase wò nyawo gɔme.”
12Aʋafiagã Rabsaki ɖo eŋu na wo be, “Ɖe wobe miaƒe amegã kple miawo gbɔ ko nye amegã ɖom ɖo be magblɔ nya siawo na, eye ame siwo le glia dzi la mele eme oa? Woawo kple miawo siaa, miaɖu miawo ŋutɔ ƒe afɔdzi, eye miano miawo ŋutɔ ƒe aɖuɖɔ.”
13Tete aʋafiagã la te va hedo ɣli gblɔ le Hebrigbe me be, “Mise Asiria fia, fiagã la ƒe nyawo! 14Ale fia la gblɔe nye esi, migana Hezekia nable mi o. Mate ŋu aɖe mi o! 15Migana Hezekia nable mia nu be, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu o, esime wògblɔ be, ‘Yehowa aɖe mi godoo; womatsɔ du sia ade asi na Asiria fia o.’
16“Migaɖo to Hezekia o. Ale Asiria fia gblɔe nye esi: ‘Mido va gbɔnye, miawɔ ŋutifafa kplim.’ Ekema ame sia ame aɖu eƒe waintsetse kple gbotsetse, eye wòano eya ŋutɔ ƒe vudometsi 17va se ɖe esime mava akplɔ mi ayi anyigba si ɖi mia tɔ la dzi, anyigba si dzi bli kple wain yeye, abolo kple waingblewo bɔ ɖo.
18“Migana Hezekia nable mi esi wògblɔ be, ‘Yehowa aɖe mi’ o. Ɖe dukɔ aɖe ƒe Mawu te ŋu ɖe eƒe anyigba tso Asiria fia ƒe asi me kpɔa? 19Afi ka Hamat kple Arpad ƒe mawuwo le? Afi ka Sefarvaim ƒe mawuwo le? Ɖe wote ŋu xɔ Samaria le asinyea? 20Ke mawuwo dometɔ kawoe le dukɔ siawo katã me si te ŋu ɖe eƒe anyigbawo tso nye asi me kpɔ hafi Yehowa ya ate ŋu aɖe Yerusalem tso nye asimea?”
21Ke ameawo katã zi ɖoɖoe, eye womeɖo nya aɖeke ŋu nɛ o, elabena fia la de se na wo be, “Migaɖo eŋu nɛ o.”
22Tete Hilkia ƒe vi, Eliakim, fiasã la dɔdzikpɔla, agbalẽŋlɔla Sebna kple Asaf ƒe vi, Yoa, si nye nuŋlɔla la dze awu le wo ɖokuiwo ŋu heyi Fia Hezekia gbɔ, eye wogblɔ nu siwo katã aʋafiagã la gblɔ la nɛ.

Did you know?
Sennacherib's Threat Against Jerusalem
- The term Rabshakeh was not a personal name, but a high-ranking title designating the chief cup-bearer or vizier of the Assyrian royal court. Sennacherib sent this official from Lachish to Jerusalem with a large army to demand the surrender of King Hezekiah.Sources: Rabshakeh · Lachish · the Bible text itself
- Hezekiah's ministers asked the Assyrian envoy to speak in Aramaic, a language used for international diplomacy that the common people would not understand. Rabshakeh refused and intentionally shouted in Hebrew so that the guards and civilians sitting on the city wall would hear his threats directly.Sources: Rabshakeh · the Bible text itself
- The Judean delegation sent out to meet the Assyrian envoy included Eliakim the palace administrator, Shebna the royal scribe, and Joah the recorder. After listening to the envoy's speech defying their God and their king, they returned to Hezekiah in deep mourning with their clothes torn.Sources: Eliakim · Shebna · Joah · the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Assyria · 36.359, 43.153 · verses 1, 2, 4, 8, 13, 15, 16, 18
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 2, 7, 20
- Lachish · Today: Tell ed Duweir · 31.565, 34.849 · verse 2
- Upper Pool · Today: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 2
- Egypt · 30.129, 31.308 · verses 6, 9
- Hamath · Today: Hama · 35.136, 36.750 · verse 19
- Samaria · 32.276, 35.195 · verse 19
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org