Nations Bible

Isaiah 22

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Nyagblɔɖi ɖe Yerusalem ŋu

1Esiae nye nyagblɔɖi ɖe ŋutega balime la ŋu.

Nu kae ɖe mi ɖe nu

hafi mi katã miede xɔwo tame?

2O! Hoowɔwɔ ƒe du,

ʋunyaʋunya kple aglotutu ƒe du,

nu kae le wɔwòm?

Wò ame kukuwo la, menye yi nu wotsi o,

eye menye aʋa hãe wotsi o.

3Wò dumegãwo katã si dzo;

wotsɔ wo ɖokuiwo na futɔwo,

eye womeʋli wo ɖokui ta o.

Togbɔ be wosi dzo esi futɔ la megogo wo kura o

hã la, wolé wò amewo katã,

eye wozu aboyomewo.

4Eya ta megblɔ be, “Miɖe kɔ ɖa le ŋunye,

eye mina mɔm mafa avi vevie.

Migafa akɔ nam ɖe nye ameawo ƒe tsɔtsrɔ̃ ta o”,

5elabena Aƒetɔ Yehowa,

Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ɖo ŋkeke ɖi na ʋunyaʋunya,

nuwo fanyafanya kple ŋɔdzi le ŋutega balime la,

ŋkeke si dzi woamu gliwo aƒu anyi,

eye ɣli aɖi le towo tame.

6Elam kpla daku, eƒe tasiaɖam

kple sɔdolawo kpe ɖe eŋuti,

eye Kir ɖe nu le eƒe akpoxɔnu ŋu.

7Ale tasiaɖamwo yɔ wò balime nyuitɔ,

eye woɖe sɔdolawo ɖe wò agbowo nu.

8Ale Aƒetɔ la ɖe Yuda ƒe akpoxɔnuwo katã ɖa,

eye Yuda di xɔ si wotu ɖe ave me, si me aʋawɔnuwo nɔ la

vevie gbe ma gbe.

9Miekpɔ be gbagbãƒe geɖewo

le David ƒe du la ŋu,

eya ta mielɔ tsi ɖe anyigbeta la me.

10Miexlẽ xɔ siwo le Yerusalem,

hegbã woƒe gliwo be miagbugbɔ wo aglã.

11Mieɖe tsiʋe gã aɖe ɖe gli eveawo dome,

helɔ tsi le ta xoxo la me kɔ ɖe eme,

gake miebia ame si wɔe la ta se o,

alo miede bubu ame si wɔ ɖoɖo ɖe eŋu

tso blema ke la ŋu o.

12Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,

di tso mia si le ŋkeke ma dzi be,

miafa avi, afa konyi, alũ ta kolikoli.

13Ke mikpɔ ɖa, miele dzidzɔ kpɔm, le aglo tum.

Miewu nyiwo, tso alẽwo;

mieɖu lã, mieno wain, eye miegblɔ be,

“Mina miaɖu nu,

ano nu, elabena etsɔ miele kuku ge!”

14Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ nam be, “Womatsɔ nu vɔ̃ sia ake mi o va se ɖe miaƒe kugbe.” Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

15Ale Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ nye esi,

“Tso nàyi Sebna,

nuwo dzikpɔla, ame si le aƒea nu

la gbɔ, nàgblɔ nɛ be,

16‘Nu ka wɔm nèle le afi sia,

eye ame kae ɖe mɔ na wò be

naɖe yɔdo na ɖokuiwò ɖe afi sia hafi nèle yɔdo ɖem

ɖe kɔkɔƒe, eye nèle kpe gbãm be nàwɔ wò

dzudzɔƒe ɖe agakpewo tome?’

17“Kpɔ nyuie, elabena esusɔ vie Yehowa ƒe asi nasu dziwò,

eye wòatsɔ wò aƒu gbe. O! Ŋutsu kalẽtɔ.

18Aŋlɔ wò nogoe abe abo ene,

eye wòatsɔ wò aƒu gbe

ɖe anyigba gã aɖe dzi.

Afi ma nàku ɖo, eye afi ma

wò tasiaɖam ɖablawo atsi.

Wò ame si nye ŋukpe

na wò aƒetɔ ƒe aƒe.

19Maɖe wò ɖa le wò zi dzi,

eye woaxɔ wò nɔƒe kɔkɔ la le asi wò.

20“Gbe ma gbe la, mayɔ nye dɔla Eliakim, Hilkia ƒe vi. 21Matsɔ wò awu ʋlaya ado nɛ; atsɔ wò alidziblanu abla ali dzi nɛ, eye maxɔ wò nɔƒe atsɔ nɛ. Anye fofo na Yerusalemtɔwo kple Yuda ƒe aƒe la. 22Matsɔ David ƒe aƒe ƒe safui la aɖo abɔta nɛ. Nu sia nu si wòʋu la, ame aɖeke mate ŋu atui o, eye nu sia nu si wòtu la, ame aɖeke mate ŋu aʋui o. 23Maƒoe ɖe to abe tsyoti ene le teƒe sesẽ aɖe. Anye fiazikpui si ŋu bubu le na fofoa ƒe aƒe. 24Eƒe ƒome la katã ƒe ŋutikɔkɔe anɔ eya amea dzi, ɖe viawo kple eƒe dzidzimeviwo dzi. Anɔ nu siwo katã ŋu dɔ wowɔna le aƒe me la dzi; tso agbawo dzi va se ɖe tsinokpluwo dzi.”

25Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Le ŋkeke ma dzi la, tsyoti si woƒo ɖe teƒe sesẽ la aho. Woalãe, wòamu adze anyi, eye agba si wotsɔ ku ɖe eŋu la hã akaka.” Yehowae gblɔe.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

The Valley of Vision and the Palace Stewards

  • Facing impending siege, the people of Jerusalem inspected armaments in the House of the Forest, channeled water from the lower pool into reservoirs, and tore down residential houses to reinforce breaches in the walls of the City of David.Sources: the Bible text itself · Jerusalem
  • Shebna, the steward over the royal palace, was rebuked for carving an elaborate tomb for himself in the rock. God declared that Shebna would be ousted and replaced by Eliakim son of Hilkiah, who would receive the robe of office and the key to the house of David.Sources: the Bible text itself · Shebna · Eliakim
  • The invading army arrayed against the Valley of Vision included archers from Elam, a highland territory east of Babylonia, alongside warriors from Kir bearing shields.Sources: the Bible text itself · Elam · Kir

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 1, 5, 10, 21
  • Elam · 32.189, 48.258 · verse 6
  • House of the Forest of Lebanon · Today: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 8
  • City of David · 31.774, 35.236 · verse 9
  • Lower Pool · Today: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 9
  • Old Pool · Today: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 11

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.