Nations Bible

Isaiah 14

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

1Yehowa akpɔ nublanui na Yakob,

aʋu ʋɔ atia Israel, eye wòatsɔ wo aɖo

woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.

Dukɔ bubu me tɔwo akpe ɖe wo ŋuti,

eye woawɔ ɖeka kple Yakob ƒe aƒe la.

2Dukɔwo akplɔ wo va woawo ŋutɔ nɔƒee.

Dukɔwo kple dɔlanyɔnuwo le Yehowa ƒe aƒe la dzi.

Ale woalé ame siwo ɖe aboyo wo la,

eye woaɖu gã ɖe ame siwo te wo ɖe to la dzi.

3Gbe si gbe Yehowa ana mi gbɔdzɔe tso miaƒe fukpekpewo, hiãkamewo kple dɔ sesẽ siwo miewɔ le aboyo me la, 4ado hamelo sia na Babilonia fia be,

Ale funyafunyawɔame la wu nue nye esi!

Ale eƒe ŋutasesẽ hã wu nue nye esi!

5Yehowa ŋe ame vɔ̃ɖi ƒe ameƒoti,

eye wòŋe fiawo ƒe tsiamiti

6siwo wotsɔ ƒo dukɔwo atraɖii,

eye le woƒe dɔmedzoe me,

wobɔbɔ dukɔwo ɖe anyi heti

wo yome kutɔkutɔe.

7Anyigbawo katã gbɔ ɖe eme le ŋutifafa me,

eye wode asi hadzidzi kple dzidzɔkpɔkpɔ me.

8Logotiwo kple Lebanon ƒe sedatiwo

le dzidzɔ kpɔm ɖe ŋu wò, eye wogblɔ be,

“Azɔ esi wolã wo ƒu anyi la,

atidzela aɖeke magava lã mi aƒu anyi o.”

9Tsĩeƒe le dzadzraɖo wɔm be

woado go wò ne èva.

Ènyɔ ame kukuwo ƒe gbɔgbɔwo be woado go wò,

ame siwo nye dziɖulawo le xexe sia me kpɔ.

Èna ame siwo ɖu fia ɖe xexemedukɔwo dzi kpɔla tso

le woƒe fiazikpuiwo dzi.

10Wo katã woaɖo eŋu na wò kple gbe ɖeka be,

“Wò hã èzu ame beli abe míawo ke ene;

èle abe mia dometɔ ɖeka ene azɔ.”

11Wotsɔ wò atsyɔ̃ɖoɖo katã ɖi ɖe yɔ me kpe ɖe

wò kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi ŋuti.

Nyẽwo le dodom le tewò,

eye ŋɔviwo le tatam le dziwò.

12Aleke nèhege tso dziƒoe, o ŋukeɣletivi!

Wokɔ wò ƒu gbe ɖe anyigba dzi;

wò ame si te dukɔwo ɖe anyi kpɔ!

13Ègblɔ le wò dzi me be,

“Malia nu ayi ɖe dziƒo.

Mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo tame.

Manɔ nye fiazikpui dzi le takpekpeto la dzi,

le to kɔkɔe la tame ʋĩi ke.

14Malia ayi ɖe lilikpowo tame ke,

eye mawɔ ɖokuinye be masɔ ta kple Dziƒoʋĩtɔ la.”

15Ke wohe wò ƒu gbe ɖe yɔ me,

ɖe tsiẽƒe ƒe gogloƒe ke.

16Ame siwo kpɔ wò la, woafɔ ŋku ɖe dziwò,

eye woabu nu si dzɔ ɖe dziwò la ŋuti ahabia be,

“Ɖe menye ame siae nye ame si ʋuʋu anyigba la,

eye wòna fiaɖuƒewo dzo nyanyanya,

17ame si na xexea me zu gbegbe,

ame si gbã du gãwo, eye wòɖe aboyo emenɔlawo oa?”

18Dukɔwo katã ƒe fiawo mlɔ anyi ɖe

woƒe yɔdowo me le bubu me.

19Ke wo ya la, wokɔ wò ƒu gbe ɖe wò yɔdo me

abe atilɔ si gbɔ wogbe nu le la ene.

Wolɔ ame siwo wowu kple ame siwo tsi yi nu la li kɔe ɖe dziwò,

ame siwo woɖi ɖe agakpetowo ƒe gogloƒe ke,

eye wole abe ŋutilã kuku siwo wofanya kple afɔ la ene.

20Womaɖi wò abe woawo ene o,

elabena ègblẽ wò anyigba, eye nèwu wò amewo.

Womagayɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋkɔ azɔ o.

21Dzra teƒe ɖo ne nàwu ŋutsuwo

le afi ma, ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta.

Womatsi tsitre be woanyi anyigba la ƒe dome,

eye woatso du gãwo, wòaxɔ anyigba la dzi o.

22Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be,

“Matso ɖe wo ŋuti.

Maɖe Babilonia ƒe ŋkɔ, ame siwo tsi agbe,

viawo kple eƒe dzidzimeviwo ɖa”

Yehowae gblɔe.

23“Mana wòazu hlɔ̃madɛwo nɔƒe,

eye matsɔ gbegblẽ ƒe xa akplɔ woe.”

Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

24Nyagblɔɖi la ɖi Asiria ŋu. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ka atam be,

“Le nyateƒe me, ale si meɖoe la, nenemae wòanɔ,

eye ale si meɖo ɖe ta me la, nenema wòava emee.

25Magbã Asiriatɔwo le nye anyigba dzi,

eye mafanya wo le nye towo tame.

Maɖe kɔkuti ɖa le nye amewo ƒe kɔ,

eye maɖe eƒe agba kpekpe ɖa le woƒe abɔta.”

26Esia nye ɖoɖo si mewɔ ɖe xexea me katã ŋu,

nye asi si mekɔ ɖe dukɔwo katã dzi,

27elabena esiae Yehowa,

Dziƒoʋakɔwo katã ƒe Aƒetɔ la ɖo.

Ame kae ate ŋu agblẽ eme?

Ekɔ eƒe asiwo dzi,

ame kae ate ŋu aɖiɖii?

Nyagblɔɖi ɖe Filisitɔwo ŋu

28Mexɔ nyagblɔɖi sia le ƒe si me fia Ahaz ku.

29Mi Filistitɔwo, migakpɔ dzidzɔ be ameƒoti si wotsɔ ƒo mi la ŋe o,

elabena da vɔ̃ɖi ado tso da ma ke me,

eye eƒe metsonu nye da vɔ̃ɖi si noa aɖi,

eƒe kutsetse anye da to aʋala si yɔ fũu kple aɖi.

30Ame dahewo ƒe ame dahe akpɔ nyuiƒe,

eye hiãtɔwo atsyɔ akɔ anyi le dedinɔnɔ me.

Ke matsɔ dɔtoto atsrɔ̃ wò ame siwo tsi agbe la.

31Fa avi, o agbo! Do ɣli, o du! Mi

Filistitɔwo katã milolõ.

Dzudzɔ babla tso anyiehe,

eye ame beli aɖeke mele woƒe aʋakɔwo dome o.

32Ŋuɖoɖo kae woana dukɔ ma ƒe ame dɔdɔawo?

“Yehowa gaɖo Zion te, eye le afi ma hiãtɔ akpɔ sitsoƒe.”

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

The Fall of Babylon and Oracle Against Philistia

  • The title Lucifer, meaning brilliant star, is applied in Isaiah 14:12 to the proud king of Babylon within a poem mocking his sudden fall from grandeur into the depths of Sheol.Sources: Lucifer · the Bible text itself
  • The poem personifies the ancient forests, describing the majestic cedars and cypresses of Lebanon rejoicing over the tyrant's defeat because no woodcutter would come to fell them anymore.Sources: Lebanon · the Bible text itself
  • The closing oracle was delivered in the year King Ahaz of Judah died, warning the neighboring land of Philistia that their relief at a broken rod would be short-lived against impending destruction from the north.Sources: Ahaz · Philistia · the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Babylon · 32.543, 44.422 · verses 4, 22, 23
  • Lebanon · 33.540, 35.584 · verse 8
  • Zaphon · Today: Jebel Aqra · 35.953, 35.969 · verse 13
  • Assyria · 36.359, 43.153 · verse 25
  • Philistia · 31.664, 34.546 · verses 29, 31
  • Zion · Today: Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 32

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.