Nations Bible

Hebrews 6

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

1Eya ta mina míaɖe asi le gɔmedzenuwo fiafia tso Kristo ŋuti ŋu, eye míaɖe zɔ ayi ɖe tsitsi ɖe edzi me. Migana míagbugbɔ gɔmeɖokpe aɖo na dzimetɔtrɔ tso nu siwo kplɔa ame yia ku me alo míagbugbɔ gɔmeɖokpe aɖo na xɔse le Mawu me, 2nufiafia tso mawutsideta ŋu, asidada ɖe ame dzi, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple ʋɔnudɔdrɔ̃ mavɔ ŋuti o. 3Esia míawɔ ne Mawu lɔ̃.

4Ke ame siwo dze anyi la, aleke woawɔ agbugbɔ wo va dzimetɔtrɔ me? Wonye ame siwo nɔ Mawu ƒe kekeli me kpɔ. Woɖɔ dziƒo ƒe nunana kpɔ, eye wokpɔ gome hã le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, 5ame siawo ɖɔ Mawu ƒe nya la ƒe nyonyo kple ŋusẽ siwo le xexe si gbɔna la me hã kpɔ. 6Ke wode megbe! Be woagbugbɔ wo ava dzimetɔtrɔ mee la nye nu sesẽ, elabena to woƒe megbedede me, wogbugbɔ Mawu ƒe Vi la gale kaklãm ɖe ati ŋuti, eye wole ŋukpe domii le gaglãgbe.

7Anyigba si noa tsi si dzana ɖe edzi zi geɖe, eye wòwɔa nuku nyuie na agbledela siwo ŋlɔa anyigba la xɔa yayra tso Mawu gbɔ. 8Ke ne anyigba la mie ŋuwo kple aŋɔkawo la, meganyo na naneke o, eye ŋɔdzi li be ele fiƒode te. Mlɔeba la, woatɔ dzoe.

9Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be míele nu ƒom alea hã la, kakaɖedzi le mía si be nya siawo meku ɖe mia ŋu o. Ke boŋ miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ le ku nyuiwo tsem le miaƒe agbe me. 10Mawu menye nuteƒemawɔla o, eya ta maŋlɔ dɔ nyui si míewɔ nɛ kple lɔlɔ̃ si míeɖe fiae be míekpe ɖe eƒe ame kɔkɔewo ŋu eye míegale nu siawo wɔm fifia la be gbeɖe o. 11Enye míaƒe didi be mia dometɔ ɖe sia ɖe nalé nu siawo wɔwɔ me ɖe asi va se ɖe nuwuwu kple ŋkubiã, ale be miaƒe mɔkpɔkpɔ nade blibo. 12Míedi be ame aɖeke nazu kuviatɔ o, ke boŋ ame sia ame nasrɔ̃ ame siwo to xɔse kple dzigbɔɖi me nyi nu si ŋugbe wodo na wo la ƒe dome ƒe kpɔɖeŋu.

13Esi Mawu do ŋugbe na Abraham, eye ame aɖeke meli lolo wui wòayɔ aka atam o ta la, eta eya ŋutɔ ɖokui, 14hegblɔ be, “Mayra wò godoo, eye mana dzidzimevi geɖewo wò.” 15Ale, esime Abraham gbɔ dzi ɖi blewuu la, ŋugbedodo sia va eme nɛ pɛpɛpɛ.

16Ne ame aɖe be yeaka atam la, eyɔa ame bubu si ƒe ŋkɔ kple ŋusẽ kɔ wu eya ŋutɔ tɔ la ka atam lae heɖoa kpe nya si wògblɔ la dzi, eye wòtsia nyaʋiʋli ɖe sia ɖe nu. 17Esi wònye be Mawu di be yeana eme nakɔ nyuie na ŋugbedodo ƒe domenyilawo be nu si ƒe ŋugbe yedo matrɔ o ta la, eka atam tsɔ ɖo kpe eƒe ŋugbedodo la dzi. 18Mawu wɔ esia, ale be to nu eve siwo metrɔna o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le gbeɖe o la dzi, mí ame siwo si yi ɖaku ɖe mɔkpɔkpɔ si wona mí la ŋu la nakpɔ dzideƒo gã aɖe. 19Mɔkpɔkpɔ sia le mia si abe luʋɔ ƒe seke sesẽ si maʋã akpɔ o la ene. Etea ŋu gena ɖe kɔkɔeƒe le xɔmetsovɔ la godo, 20afi si Yesu ame si do ŋgɔ na mí la ge ɖo ɖe mía nu. Eya va zu nunɔlagã abe Melkizedek ene tegbee.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Maturity, God's oath, and a priest forever

  • A dictionary entry explains the name Abraham as "father of a multitude" and calls him the heir of the promises. Hebrews 6 quotes God's words to him, "I will surely bless you and multiply your descendants," and says that after waiting patiently he obtained the promise.Sources: Abraham · the Bible text itself
  • The chapter describes an ordinary custom: people swear by someone greater than themselves, and the oath confirms what was said and ends all argument. Since there was no one greater, God swore by himself, so the heirs of the promise would see that his purpose does not change. The letter speaks of two unchangeable things in which it is impossible for God to lie, and of this hope as an anchor for the soul.Sources: the Bible text itself
  • A dictionary entry gives Melchizedek's name as "king of righteousness" and calls him king of Salem. It says that all that is known of him is recorded in Genesis 14:18-20, and that the Old Testament mentions him again only in Psalm 110:4. Hebrews 6 ends with Jesus, as forerunner, entering the inner sanctuary behind the curtain and becoming a high priest forever in Melchizedek's order, a comparison the letter sets out in the next chapter, where Melchizedek is the type of a priest who lives forever.Sources: Melchisedec · the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.