Nations Bible

Hebrews 4

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Dzudzɔ si ŋugbe wodo na Mawu ƒe amewo

1Eya ta esi eƒe dzudzɔmeyiyi ƒe ŋugbedodo gali na mí ta la, mina míakpɔ nyuie be metsi mía dometɔ aɖeke nu o. 2Elabena wogblɔ nyanyui la na mí abe ale si wogblɔe na woawo hã ene. Gake nya si wose la, meɖe vi na wo o, elabena ame siwo see la mexɔe se o. 3Azɔ mí ame siwo xɔe se la ge ɖe dzudzɔ ma me abe ale si Mawu ŋutɔ gblɔe ene be,

“Eya ta meka atam le nye dziku me be,

womage ɖe nye dzudzɔƒe la me gbeɖe o.”

Ke hã la, ewu eƒe dɔ la nu tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke. 4Elabena eƒo nu tso ŋkeke adrea gbe ŋu le teƒe aɖe gblɔ be, “Eye le ŋkeke adrelia gbe la, Mawu dzudzɔ eɖokui tso eƒe dɔwɔnawo katã me.” 5Le nya sia ke me la, egagblɔ be “Womage ɖe nye dzudzɔƒe la me gbeɖe o.” 6Edze ƒãa be ame aɖewo age ɖe dzudzɔ ma me godoo, gake ame siwo wogblɔ nyanyui la na do ŋgɔ la mete ŋu ge ɖe eme o le woƒe tosesẽ ta. 7Eya ta Mawu gaɖo ŋkeke bubu anyi si wòyɔ be “Egbe.” Ewɔ esia le ɣeyiɣi geɖe megbe esi wòƒo nu na David abe ale si míegblɔe va yi ene be,

“Egbe ne miese eƒe gbe la,

migasẽ miaƒe dzi me o.”

8Elabena nenye ɖe Yosua kplɔ wo yi dzudzɔ la mee la, anye ne Mawu magaƒo nu tso ŋkeke bubu aɖeke ŋu emegbe o. 9Ekema dzudzɔ si woyɔna be Dzudzɔgbe dzudzɔ la li godoo na Mawu ƒe amewo. 10Ame sia ame si ge ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me la dzudzɔna tso eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo me abe ale si Mawu hã dzudzɔe ene. 11Eya ta mina míadze agbagba ɖe sia ɖe be míage ɖe dzudzɔ ma me, eye be ame aɖeke magatsi mɔta to tomaɖomaɖo me abe ŋgɔdoawo ene o.

12Elabena Mawu ƒe nya la le agbe le dɔ wɔm. Eɖana wu hɛ nuevee ɖe sia ɖe, eƒona ɖe ame yina ɖe eme ke, hemaa luʋɔ kple gbɔgbɔ me, maa ƒunukpeƒewo kple ƒutomemiwo dome, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu tamesusuwo kple dzimedidiwo. 13Naneke mele nuwɔwɔ blibo la me si le ɣaɣla ɖe Mawu o. Woklo nu le nu sia nu dzi, eye wòle ƒeƒle le Mawu, ame si míava na akɔntae la ƒe ŋkume.

Yesu, míaƒe Osɔfogã si ƒo anyigbadzitɔwo katã ta

14Eya ta esi nunɔlagã, Mawu Vi Yesu le mía si, ame si yi dziƒo ta la, mina míalé xɔse si me míeʋu la me ɖe asi sesĩe. 15Elabena menye nunɔlagã si mate ŋu ase veve kpli mí le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me lae le mía si o, ke boŋ nunɔlagã si le mía si la, wotee kpɔ le mɔ sia mɔ nu abe míawo ke ene, ɖekoe nu vɔ̃ mele eya ŋu o. 16Eya ta mina míate va Mawu ƒe amenuveve fiazikpui la gbɔ kple dzideƒo, be wòakpɔ nublanui na mí, eye wòave mía nu akpe ɖe mía ŋu le míaƒe xaxaɣiwo.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

The promise of God’s rest

  • Hebrews 4 sets God’s rest on the seventh day beside a rest the people had not yet entered. It recalls that on the seventh day God rested from all his works, finished since the foundation of the world. Because Joshua did not give them rest, the chapter says, God later spoke of another day, and a Sabbath rest remains for the people of God.Sources: the Bible text itself
  • Those who first heard the good news, the chapter says, gained nothing from the message because they did not share the faith of those who understood it, and they did not enter God’s rest because of disobedience, after God had sworn in anger that they never would. Long afterward he named a day “Today” and spoke through David, urging hearers not to harden their hearts if they heard his voice. That David is identified as the eighth and youngest son of Jesse, a citizen of Bethlehem, who early on tended his father’s sheep on the uplands of Judah.Sources: the Bible text itself · David
  • The same chapter calls the word of God living and active, sharper than any double-edged sword, and able to judge the thoughts and intentions of the heart, and it says nothing in all creation is hidden from God’s sight. It then speaks of Jesus, the Son of God, as a great high priest who has passed through the heavens, tempted in every way as others are, yet without sin, so that people may approach the throne of grace with confidence.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.