Hebrews 11
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
To xɔse me
1Azɔ la, xɔse nye kaka ɖe nu siwo míekpɔ mɔ na la dzi kple dziɖoɖo ɖe nu siwo míekpɔ o la ŋu. 2To xɔse mee ame siwo do ŋgɔ la kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le Mawu gbɔ.
3To xɔse me míese egɔme be Mawu ɖe gbe, eye xexea me va dzɔ, ale be wòwɔ nu si wokpɔna la tso nu si womekpɔna o la me.
4To xɔse me Abel tsɔ vɔsasa si nyo wu Kain tɔ la na Mawu. To xɔse me wokafui be enye ame dzɔdzɔe esi Mawu ƒo nu nyui tso eƒe vɔsa la ŋu. To xɔse me wògale nu ƒom ko, togbɔ be eku hã.
5To xɔse me wokɔ Enɔk dzoe tso agbe sia me, ale be meɖɔ ku kpɔ o, ale womegakpɔe o, elabena Mawu kɔe dzoe. Elabena hafi woakɔe dzoe la, wogblɔ tso eŋu be Mawu kpɔ ŋudzedze le eya amea ŋuti. 6Xɔse manɔmee la ame aɖeke mate ŋu adze Mawu ŋu o, elabena ame si va Mawu gbɔ la ele be wòaxɔe se be Mawu li eye wòɖoa eteƒe na ame siwo dinɛ vevie.
7To xɔse me esi woxlɔ̃ nu Noa tso nu siwo mekpɔ dzɔ haɖe o ŋuti la etsɔ vɔvɔ̃ kɔkɔe kpa aɖakaʋu be wòaɖe eya kple eƒe ƒomea. To eƒe xɔse me wòbu fɔ xexea me, eye wòzu dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me la ƒe domenyila.
8To xɔse me esi woyɔ Abraham be wòayi teƒe si wòava xɔ wòazu eƒe domenyinu la, eɖo to, eye wòyi, togbɔ be menya afi si yim wònɔ o hã. 9To xɔse me ewɔ nɔƒe ɖe ŋugbedodonyigba la dzi, eye wònɔ afi ma abe amedzro si le dzronyigba dzi la ene, elabena enɔ avɔgbadɔwo me. Nenema kee nye Isak kple Yakob ame siwo hã nye ŋugbedodo ma ke ƒe domenyilawo kplii. 10Elabena Abraham nɔ mɔ kpɔm na du si Mawu ŋutɔ nye egɔmeɖola, aɖaŋuwɔla kple etula.
11To xɔse me esi Abraham tsi xɔ ƒe geɖe hã la, ete ŋu dzi Vi. Nenema kee nye srɔ̃a Sara hã, ame si tsi ko tsã. To xɔse me Abraham zu fofo, elabena Mawu ame si do ŋugbe nɛ la, bui nuteƒewɔlae. 12Ale to ame ɖeka sia dzi, ame si ŋu míate ŋu agblɔ le be megale ŋutsu me o la, dzidzime geɖe siwo sɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli ŋu kple ƒutake ene la va dzɔ.
13Ame siawo katã va ku esime wogalé xɔse me ɖe asi ko. Womexɔ nu siwo ƒe ŋugbe wodo na wo la o, ɖeko wokpɔ wo, do dzaa na wo le adzɔge, eye woʋu eme be amedzrowo kple mɔzɔlawo yewonye le anyigba dzi le afii. 14Ame siwo gblɔ nya siawo tɔgbi la ɖee fia be wole woawo ŋutɔ ƒe dedu dim. 15Nenye be du si me wotso la ŋuti bum wonɔ la, anye ne mɔnukpɔkpɔ anɔ wo si be woatrɔ ayi. 16Le esia teƒe la, wole du si nyo wu esi nye dziƒotɔ la dim. Eya ta menye ŋukpe na Mawu be woayɔe be woƒe Mawu o, elabena edzra du nyui aɖe ɖo ɖi na wo.
17To xɔse me esi Mawu do Abraham kpɔ la, etsɔ via Isak be yeasa vɔe, eya ame si xɔ ŋugbedodoawo la nɔ klalo be yeatsɔ Via ŋutsuvi ɖeka hɔ̃ɔ la asa vɔe, 18togbɔ be Mawu gblɔ nɛ be, “To Isak dzi la, dzidzimevi siwo katã ƒe ŋugbe wodo na wò la ava dzɔ” hã. 19Abraham dze sii be Mawu ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre, eye woate ŋu agblɔe ko be exɔ Isak tso ku me.
20To xɔse me Isak yra Yakob kple Esau, ku ɖe nu si woava nye le etsɔ me ŋuti.
21To xɔse me Yakob yra Yosef viŋutsuwo le esime eƒe kuɣi ɖo, eye wòziɔ ɖe eƒe atitɔɖeŋu ŋuti hesubɔ Mawu.
22To xɔse me esime Yosef ƒe kuɣi ɖo la, eƒo nu tso Israelviwo ƒe gododo le Egipte ŋuti, eye wògblɔ ɖoɖo tso eƒe ƒuwo ŋuti na wo.
23To xɔse me Mose dzilawo ɣlae ɣleti etɔ̃ sɔŋ le edzidzi vɔ megbe, elabena wokpɔe dze sii be menye vidzĩ dzodzro aɖe koe wònye o, eya ta womevɔ̃ na fia la ƒe se dzi dada o.
24To xɔse me esi Mose va tsi la, egbe be womayɔ ye be Farao vinyɔnu ƒe viŋutsu o 25ke boŋ elɔ̃ be yeakpe fu kple Mawu ƒe amewo wu be yease nu vɔ̃ ƒe vivi hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko. 26Ebu vlododo le “Kristo” ta nu xɔasi wu kesinɔnu siwo katã nɔ Egipte, elabena enɔ mɔ kpɔm na eƒe fetu gã si nɔ ŋgɔgbe. 27To xɔse me Mose dzo le Egipte, eye mevɔ̃ na fia la ƒe dziku o, ke boŋ edo vevi nu, elabena ekpɔ eya ame si womekpɔna kple ŋku o. 28To xɔse me Mose ɖo Ŋutitotoŋkekenyui kple ʋuhehlẽ ɖi anyi, ale be nugblẽla si wu ŋgɔgbeviwo la maka asi Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu o.
29To xɔse me Israelviwo tso Ƒu Dzĩ la abe anyigba ƒuƒui dzie wozɔ ene, gake esi Egiptetɔwo hã dze agbagba be yewoawɔ nenema la, wo katã tsi Ƒu Dzĩ la me.
30To xɔse me Yeriko ƒe gliwo mu esi Israelviwo ƒo xlãe ŋkeke adre.
31To xɔse me gbolo Rahab, esi wòxɔ ŋkutsalawo ta la, womewui kpe ɖe tosẽlawo ŋuti o.
32Ɖe wògahiã be mayi edzia? Ɣeyiɣi mele asinye be maƒo nu le Gideon, Barak, Samson, Yefta, David, Samuel kple Nyagblɔɖila bubuwo ŋuti o, 33ame siwo to xɔse me xɔ fiaɖuƒewo, ɖu dzi le dzɔdzɔenyenye me, eye woƒe asi su nu si ƒe ŋugbe wodo la dzi. Ame siawo de ga nu na dzatawo, 34tsi dzo ƒe aɖewo nu, eye wosi le yi nu, ame siwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ trɔ zu ŋusẽ, wozu kalẽtɔwo le aʋa me, eye woɖu dzronyigbadziʋakɔwo dzi. 35Wogbɔ agbe nyɔnu siwo ƒe lɔlɔ̃tɔwo ku, eye wotsɔ wo na wo agbagbe. Wowɔ funyafunya ame bubuwo, eye wogbe be womegana ablɔɖe yewo o, ale be tsitretsitsi si nyo wu la nasu yewo si. 36Woɖu fewu le ame aɖewo ŋu, woƒo ɖewo kple atam, ke wode ga bubuwo, eye wode wo gaxɔ me. 37Woƒu kpe wo, wodze wo kple laxalaxa ɖe eve, eye wowu wo kple yi. Wonɔ yiyim le alẽgbalẽwuwo kple gbɔ̃gbalẽwuwo me le ahedada gã aɖe me. Woti wo yome, eye wosẽ ŋuta le wo ŋu, 38womeɖi naneke le xexe sia me o. Wonɔ tsaglãla tsam le gbedzi, towo dzi, agadowo me kple agakpetowo me le anyigba dzi.
39Woɖi ɖase nyui le ame siawo katã ŋuti le woƒe xɔse ta, ke hã la, wo dometɔ aɖeke mexɔ nu si ƒe ŋugbe wodo la o. 40Mawu wɔ ɖoɖo si nyo wu la ɖe mía ŋuti, ale be ne wowɔ ɖeka kpli mí la hafi ko woade blibo.

Did you know?
Examples of Faith Throughout History
- Hebrews 11 defines faith as the assurance of things hoped for and conviction regarding things not seen, presenting a chronological survey of figures from Genesis through the era of the prophets.Sources: the Bible text itself
- The chapter highlights Abraham, Isaac, and Jacob dwelling in tents as strangers in the promised land, describing their nomadic lifestyle as an expression of looking forward to a permanent heavenly city.Sources: Abraham · Isaac · Jacob (Israel) · the Bible text itself
- The author traces Israelite history through key turning points, including Moses leaving the court and riches of Egypt, the crossing of the Red Sea, and the collapse of the fortified walls of Jericho.Sources: Egypt · Red Sea · Jericho
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Egypt · 30.129, 31.308 · verses 22, 26, 27
- Jericho · Today: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · verse 30
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org