Ezra 7
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Ezra va Yerusalem
1Le nu siawo megbe, le Persia fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu me la, Ezra, Seraya ƒe vi, Azaria ƒe vi, Hilkia ƒe vi, 2Salum ƒe vi, Zadok ƒe vi, Ahitub ƒe vi, 3Amaria ƒe vi, Azaria ƒe vi, Merayot ƒe vi, 4Zerahia ƒe vi, Uzi ƒe vi, Buki ƒe vi, 5Abisua ƒe vi, Finehas ƒe vi, Eleaza ƒe vi kple nunɔlagã Aron ƒe vi. 6Ezra sia tso Babilonia va. Enye sefiala si bi ɖe Mose ƒe Se, si Yehowa, Israel ƒe Mawu la de la me. Fia la na nu sia nu si wòbiae, elabena Yehowa, eƒe Mawu la ƒe asi nɔ eya amea dzi. 7Israelviwo dometɔ aɖewo, siwo dome nunɔlawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔla aɖewo nɔ la va Yerusalem le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me.
8Ezra va ɖo Yerusalem le dzinu atɔ̃lia me le fia la ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me. 9Edze mɔ tso Babilonia le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, eye wòva ɖo Yerusalem le dzinu atɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, elabena eƒe Mawu la ƒe amenuvevesi nɔ edzi. 10Ezra tsɔ eɖokui na Yehowa ƒe Se la sɔsrɔ̃ kple emeléle ɖe asi eye nenema kee wòtsɔ eɖokui na eƒe sededewo kple ɖoɖowo fiafia le Israel.
Fia Artazerses ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na Ezra
11Esiae nye agbalẽ si Fia Artazerses ŋlɔ tsɔ na Ezra, nunɔla kple Sefiala, ŋutsu si bi ɖe Yehowa ƒe sededewo kple ɖoɖo siwo wòwɔ na Israel la me:
12Tso: Artazerses, fiawo dzi fia gbɔ,
Na: Nunɔla Ezra, Dziƒo Mawu la ƒe Sefiala:
Medo gbe na wò.
13Azɔ la, mele se dem be, ne Israelvi aɖe si le nye fiaɖuƒe me kple nunɔla alo Levitɔ siwo di be yewoayi Yerusalem kpli wò la, woayi faa. 14Fia la kple eƒe aɖaŋuɖola adreawoe le dɔwòm be nàyi Yuda kple Yerusalem aɖabia gbe wo tso ale si wolé wò Mawu ƒe Se si le asiwò me la me ɖe asii. 15Gawu la, tsɔ klosalo kple sika siwo fia la kple eƒe aɖaŋuɖolawo na Israel ƒe Mawu la faa la, Mawu si ƒe nɔƒe nye Yerusalem la ɖe asi. 16Kpe ɖe klosalo kple sika siwo katã nàkpɔ tso Babilonia nuto la me ŋu, nenema kee nye ameawo kple nunɔlawo ƒe lɔlɔ̃nununanawo na woƒe Mawu ƒe gbedoxɔ le Yerusalem. 17Kpɔ egbɔ be yetsɔ ga sia ƒle nyitsuwo, agbowo kple alẽviwo kpe ɖe wo ŋuti nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo ŋu, eye nàtsɔ wo asa vɔe le wò Mawu ƒe vɔsamlekpui dzi le gbedoxɔ la me le Yerusalem.
18Emegbe la, wò kple nɔviwò Yudatɔwo miate ŋu awɔ klosalo kple sika si susɔ la ŋu dɔ ale si dze mia ŋu le miaƒe Mawu la ƒe lɔlɔ̃nu me. 19Tsɔ nu siwo katã wode asi na wò hena Yerusalem ƒe Mawu la hena eƒe subɔsubɔ le wò Mawu la ƒe gbedoxɔ la me. 20Nu bubu aɖe si hiã na wò Mawu la ƒe gbedoxɔ, si nèdi be yeaƒle la, tsɔe le fia la ƒe nudzraɖoƒe faa.
21Azɔ la, nye Fia Artazerses, mele gbe ɖem na nudzraɖoƒedzikpɔla siwo katã le Frat tɔsisi la godo be, woatsɔ nu sia nu si nunɔla Ezra, Dziƒo Mawu la ƒe Sefiala, abia mi la nɛ kaba 22va se ɖe klosalo “tɔn” etɔ̃ kple afã, lu agba blaeve-vɔ-eve, wain adzafi eve kple afã, amitimi atukpa eve kple afã kple dze agbɔsɔsɔ si sinu wòdi la dzi. 23Nu sia nu si Dziƒo Mawu la gblɔ da ɖi ko la, wonewɔe kple dzo na Dziƒo Mawu la ƒe gbedoxɔ. Nu ka ŋuti dziku anɔ fia la ƒe fiaɖuƒe kple via ŋutsuwo dzi? 24Minyae hã be miekpɔ mɔ aɖo nudzɔdzɔ, adzɔ kple mɔtaho nunɔlawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo, gbedoxɔŋudzɔlawo alo dɔ bubu aɖe wɔla si le Mawu ƒe aƒe sia me la dzi o.
25Ke wò, Ezra, le wò Mawu ƒe nunya si wòna wò nu la, tia nyadrɔ̃lawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo, ame siwo nya wò Mawu la ƒe Sewo nyuie, ne woakpɔ ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔ na ame siwo le Frat tɔsisi la godo. Ke fia se la ame siwo menya Seawo nyuie o. 26Ame si mewɔ ɖe wò Mawu la ƒe Sewo dzi alo fia la ƒe sewo dzi o la, ele be woahe to nɛ kple ku alo anyae le dua me, axɔ eƒe nunɔamesiwo le esi loo, alo adee gaxɔ me.
27Woakafu Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu la, ame si tsɔe de fia la ƒe dzi me be wòade bubu Yehowa ƒe aƒe la ŋu le Yerusalem alea, 28ame si trɔ eƒe amenuveve kɔ ɖe dzinye le fia la kple eƒe aɖaŋuɖolawo kple fia la ƒe dɔnunɔla ŋusẽtɔ mawo ƒe ŋkume. Esi Yehowa, nye Mawu la ƒe asi nɔ dzinye ta la, dzi ɖo ƒonye, eye meƒo ame ŋkuta siwo tso Israel la nu ƒu be woayi kplim.

Did you know?
Ezra's Mission and the Decree of Artaxerxes
- Ezra is introduced with a priestly genealogy tracing back to Aaron through Hilkiah, the high priest who discovered the Book of the Law under King Josiah. Described as a skilled scribe, Ezra set his heart to study the Law of the Lord, practice it, and teach its decrees in Israel.Sources: Ezra · Hilkiah · the Bible text itself
- The Persian monarch Artaxerxes is traditionally identified as Artaxerxes I Longimanus, whose seventh year of reign corresponds to 458 BC. His royal decree granted Ezra broad authority to lead returning Israelites, appoint magistrates west of the Euphrates, and draw provisions and funds from the royal treasury.Sources: Artaxerxes · Persia · the Bible text itself
- Ezra and his fellow travelers set out from Babylon on the first day of the first month and arrived in Jerusalem on the first day of the fifth month. The narrative emphasizes that this four-month overland journey succeeded because the gracious hand of God was upon him.Sources: Ezra · the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Babylon · 32.543, 44.422 · verse 1
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 1, 6, 7, 8, 9, 13, 14, 15, 16, 17, 19, 27, 28
- Persia · 34.806, 48.516 · verse 1
- Babylonia · 32.543, 44.422 · verses 6, 9, 16
- Beyond the River · 31.777, 35.234 · verses 21, 25
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org