Nations Bible

Ezekiel 8

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Legbasubɔsubɔ le gbedoxɔ la me

1Le ƒe adelia ƒe ɣleti adelia me, le ŋkeke atɔ̃lia gbe la, esi menɔ nye aƒe me, esime Yuda ƒe ametsitsiwo nɔ anyi ɖe nye ŋkume la, Aƒetɔ Yehowa ƒe asi va dzinye le afi ma. 2Mefɔ kɔ dzi, eye mekpɔ nane abe ame ene. Tso eƒe afi si dze abe ali gbɔ ene yi anyigba lɔƒo la le abe dzo bibi ene, eye tso afi ma yi dzi lɔƒo la, eƒe dzedzeme le abe ga keklẽ ene. 3Edo nane si le abe asi ene ɖa, eye wolé nye taɖa. Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi yi anyigba kple dziƒo dome, eye le Mawu ƒe ŋutega aɖe me la, ekɔm yi Yerusalem, yi ɖe xɔxɔnu emetɔ ƒe agbo anyiehetɔ ƒe mɔnu, afi si legba si nyɔa ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe le Mawu me la le. 4Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe le nye ŋkume le afi ma abe ale si wònɔ le ŋutega si mekpɔ le bali la me ene.

5Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, kpɔ anyiehe lɔƒo.” Mekpɔ afi ma, eye mekpɔ legba si he ŋuʋaʋã vɛ le mɔnu si le vɔsamlekpui la ƒe agbo ƒe anyiehe.

6Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu si wɔm wolea? Èkpɔ ŋunyɔnu siwo Israel ƒe aƒe la le wɔwɔm le afi sia? Èkpɔ ŋunyɔnu siwo anyam ɖa boo tso nye teƒe kɔkɔe la gbɔa? Ke àgakpɔ nu bubu siwo nyɔ ŋu sãa wu esiawo.”

7Eye wòkplɔm yi xɔxɔnu la ƒe mɔnu. Melé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye mekpɔ do aɖe le gli la me. 8Egblɔ nam be, “Ame vi, azɔ la, ku do ɖe gli la me.” Ale meku do ɖe gli la me, eye mekpɔ mɔnu aɖe le afi ma.

9Eye wògblɔ nam be, “Yi ɖe eme, eye nàkpɔ nu vɔ̃ɖi kple ŋunyɔnu siwo wole wɔwɔm le afi ma” 10Ale meyi, eye mekpɔ be wota nu siwo tana kple lã nyɔŋuwo kple Israel ƒe aƒe la ƒe legba ƒomeviwo katã ɖe gliawo ŋu va kpe ɖo. 11Ametsitsi blaadre tso Israel ƒe aƒe la me tsi tsitre ɖe wo ŋgɔ, eye Yaazania, Safan ƒe vi, nɔ tsitre ɖe wo dome. Ɖe sia ɖe lé sonu ɖe asi, eye dzudzɔ ʋeʋĩ ƒe babla nɔ dzi dem.

12Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu si Israel ƒe aƒe la ƒe ametsitsiwo le wɔwɔm le viviti la me, wo dometɔ ɖe sia ɖe le eya ŋutɔ ƒe legba ƒe nɔƒea? Wogblɔ be, ‘Yehowa mele mía kpɔm o; Yehowa gble anyigba la ɖi.’ ” 13Eye wògagblɔ nam be, “Àkpɔ wo woaganɔ nu siwo nyɔ ŋu wu esiawo gɔ̃ hã la wɔm.”

14Emegbe la, ekplɔm yi Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbo si le anyiehe la gbɔ, eye mekpɔ nyɔnuwo wonɔ anyi ɖe afi ma henɔ fafam na Tamuz. 15Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu sia? Èle nu siwo nyɔ ŋu wu esia gɔ̃ hã kpɔ ge.”

16Ekplɔm yi Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu emetɔ, eye le afi ma la, ŋutsu abe blaeve vɔ atɔ̃ ene nɔ gbedoxɔ la ƒe mɔnu le akpata la kple vɔsamlekpui la dome. Wotrɔ megbe do ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la gbɔ, wodze ŋgɔ ɣedzeƒe, eye wonɔ ta dem agu na ɣe le ɣedzeƒe.

17Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu sia? Nya tsɛe wònye be Yuda ƒe aƒe nanɔ ŋunyɔnu siawo wɔm le afi sia? Ɖe woagana ŋutasesẽ naxɔ anyigba la dzi, eye woanɔ dziku dom nam madzudzɔmadzudzɔea? Kpɔ ale si wotsɔ atilɔ la ɖo ŋɔtinu la ɖa! 18Le esia ta la, matu nu kpli wo le dziku me. Nyemakpɔ nublanui na wo loo alo aɖewo o. Togbɔ be woado ɣli ɖe tome nam hã la, nyemaɖo to wo o.”

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Idolatry Revealed in the Jerusalem Temple

  • While sitting in his home among the exiled elders of Judah, Ezekiel experienced a vision in which he was lifted between earth and heaven and transported directly to the temple in Jerusalem.Sources: the Bible text itself · Jerusalem
  • In the hidden chambers of the temple court, Ezekiel was shown seventy elders of Israel—including Jaazaniah son of Shaphan—burning incense before wall carvings of crawling creatures and detestable beasts.Sources: the Bible text itself · Jaazaniah · Shaphan
  • The vision details various foreign religious practices within the sacred precincts, including women mourning for the deity Tammuz at the north gate and twenty-five men turning their backs on the temple to bow toward the rising sun in the east.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 3

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.