Ezekiel 6
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Nyagblɔɖi ɖe Israel ƒe towo ŋuti
1Yehowa ƒe nya va gbɔnye be, 2“Ame vi, trɔ mo de Israel ƒe towo; gblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu, 3eye nàgblɔ be, ‘O Israel ƒe towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nyawo. Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na towo kple togbɛwo, na agadowo kple balimewo: mele yi tsɔ ge ɖe mia ŋu, eye magblẽ miaƒe nuxeƒewo. 4Woagbã miaƒe vɔsamlekpuiwo, woakaka vɔsamlekpui siwo dzi miedoa dzudzɔ ʋeʋĩ le, eye mawu miaƒe amewo le miaƒe legbawo ŋgɔ. 5Matsɔ Israelvi kukuwo amlɔ woƒe legbawo ŋgɔ, eye makaka miaƒe ƒuwo aƒo xlã miaƒe vɔsamlekpuiwo. 6Afi sia afi si mianɔ la, miaƒe duwo azu aƒedo, eye woagbã miaƒe nuxeƒewo, woagbã miaƒe vɔsamlekpuiwo, eye woatsrɔ̃ wo; woagbã miaƒe legbawo, woagbã miaƒe vɔsamlekpui siwo dzi miedoa dzudzɔ ʋeʋĩ le, eye woatsrɔ̃ nu siwo miewɔ. 7Woawu miaƒe amewo le mia dome, eye mianya be nyee nye Yehowa.’ ”
8“Ke maɖe ame aɖewo ya, elabena mia dometɔ aɖewo asi le yinu ne wokaka mi ɖe anyigba dzi kple dukɔwo dome. 9Ekema le dukɔ siwo me woɖe aboyo wo yi la, ame siwo asi la, aɖo ŋku dzinye. Woaɖo ŋku ale si woƒe ahasiwɔdzi siwo trɔ le yonyeme kple ale si woƒe ŋkuwo nɔ woƒe legbawo ŋu la na mese vevee la dzi, woase veve ɖe nu vɔ̃ɖi siwo wowɔ kple woƒe wɔna nyɔŋuwo katã ta. 10Woanya be nyee nye Yehowa; nyemedo ŋɔdzi na wo dzodzro be mahe dzɔgbevɔ̃e sia va wo dzii o.”
11“Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Miƒo asikpe, mitu afɔ anyi, eye miado ɣli be, “Ao!” Le Israel ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃ɖiwo kple ŋunyɔnuwo katã ta, elabena yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wo. 12Ame si le adzɔge ʋĩi la, dɔvɔ̃ awui, ame si le kpuiƒe la, yi awui, eye ame si atsi agbe la, aku le dɔwuame ta. Alea mawɔ nye dziku ŋu dɔ ɖe wo ŋutie. 13Ale woanya be nyee nye Yehowa, ne woƒe ame kukuwo mlɔ woƒe legbawo dome, eye ɖewo ƒo xlã woƒe vɔsamlekpuiwo le nuxeƒe ɖe sia ɖe kple to ɖe sia ɖe dzi, le ati dama kple oɖumti dama ɖe sia ɖe te, teƒe siwo katã wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na woƒe legbawo katã le. 14Mado nye asi ɖa ɖe wo ŋu, eye mana woƒe anyigba nazu gbegbe, tso gbegbe la to yi Dibla, afi sia afi si woanɔ. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’ ”

Did you know?
Judgment on Idolatry on the Mountains of Israel
- Ezekiel directs his prophecy specifically against the mountains, hills, ravines, and valleys of Israel because these elevated and secluded natural sites were the primary locations where pagan high places, altars, and incense shrines flourished under leafy oaks and green trees.Sources: the Bible text itself
- The prophet is instructed to accompany his message with expressive physical gestures, including clapping his hands and stomping his feet, to dramatize the shock, grief, and solemnity of the impending judgment by sword, famine, and plague.Sources: the Bible text itself
- Despite announcing widespread desolation across the land, the text promises that a remnant will survive the sword and reflect upon their actions while scattered in captivity among the nations.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Riblah · Today: Rableh · 34.460, 36.573 · verse 14
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org