Ezekiel 39
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
1“Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Gog ŋu, eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Metso ɖe ŋuwò, O! Gog, wò ame si nye Mesek kple Tubal ƒe amegã. 2Matrɔ wò to eme ahe wò. Makplɔ wò tso keke anyiehe ke, eye mana nàtso ɖe Israel ƒe towo ŋu. 3Ekema maƒo wò da le wò miasi me, eye mana wò datiwo nage tso wò nuɖusime. 4Àdze anyi ɖe Israel ƒe towo dzi, wò kple wò aʋawɔlawo katã kple dukɔ siwo le dziwò. Mana nàzu nuɖuɖu na xevi ʋulãɖulawo kple lã wɔadãwo katã. 5Àdze anyi ɖe gbedzi, elabena meƒo nu; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 6Mana dzo nadze Magog kple ame siwo le dedinɔnɔ me le ƒutanyigbawo dzi la dzi, eye woanya be, nyee nye Yehowa.
7“ ‘Mana woanya nye ŋkɔ kɔkɔe la le nye amewo, Israelviwo dome. Nyemagana woagado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la o, eye dukɔwo anya be, nye, Yehowae nye Kɔkɔetɔ la le Israel. 8Egbɔna! Ava eme godoo, Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Egbee nye ŋkeke si ŋu meƒo nu tsoe.
9“ ‘Ekema ame siwo le Israel ƒe duwo me la, ado go, eye woawɔ woƒe aʋawɔnuwo ŋu dɔ abe dzodonuwo ene, woatɔ dzo wo, akpoxɔnu ɖagbitɔwo kple gãtɔwo siaa, woƒe dawo kple datiwo siaa, woƒe kpowo kple akplɔwo siaa. Woawɔ wo ŋu dɔ hena dzododo ƒe adre sɔŋ. 10Mahiã wo be woafɔ nake le gbedzi loo alo alãe le avewo me o, elabena woawɔ aʋawɔnuwo ŋu dɔ abe dzodonuwo ene. Emegbe la, woada adzo ame siwo da adzo wo, eye woaha ame siwo ha wo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
11“ ‘Gbe ma gbe la, mana ameɖiƒe Gog le Israel le ame siwo zɔa mɔ yia ɣetoɖoƒe, ɖoa ta Atsiaƒu la gbɔ la ƒe balime. Axe mɔ na mɔzɔlawo, elabena woaɖi Gog kple eƒe ameha la katã ɖe afi ma. Ale woayɔe be Hamɔn Gog ƒe balime.
12“ ‘Israel ƒe aƒe la anɔ wo ɖim ale be wòakɔ anyigba la ŋuti ɣleti adre. 13Anyigba la dzi tɔwo katã aɖi wo, eye gbe si gbe woade bubu ŋutinye la, anye ŋkeke si dzi woaɖo ŋkui la na wo.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 14Woatsɔ amewo ɖaa be woakɔ anyigba la ŋuti. Ame aɖewo azɔ ato anyigba la dzi, hekpe ɖe woawo ŋu la, ame bubuwo aɖi ame kuku siwo aganɔ anyigba kokoko.
“ ‘Le ɣleti adrea ƒe nuwuwu la, woagadze woƒe nudidi gɔme. 15Ne wole anyigba la dzi tsam, eye wo dometɔ ɖeka kpɔ ameƒu aɖe la, ade dzesi teƒe la va se ɖe esime yɔdokulawo aɖii ɖe Hamɔn Gog ƒe Balime. 16Kpe ɖe nu sia ŋu la, du si woyɔna be Hamona hã anɔ afi ma. Ale woakɔ anyigba la ŋuti.’
17“Ame vi, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Yɔ xevi ɖe sia ɖe ƒomevi kple lã wɔadãwo katã. Gblɔ na wo be, ‘Miƒo ƒu, eye mi katã miva tso goawo katã me hena vɔsa si mele dzadzram ɖo na mi, vɔsa gã la le Israel ƒe towo dzi. Afi ma miaɖu lã, eye miano ʋu. 18Miaɖu amegãwo ƒe lã, eye miano anyigbadzifiawo ƒe ʋu abe agbowo kple alẽviwo, gbɔ̃wo kple nyitsuwo wonye ene; lã siawo katã nye lã damiwo tso Basan. 19Le nye vɔsa si mele dzadzram ɖo na mi ƒe ŋkekea dzi la, miaɖu lãmi aɖi ƒo, eye miano ʋu va se ɖe esime miamu. 20Le nye kplɔ̃ la ŋu la, miaɖu sɔwo kple sɔdolawo, kalẽtɔwo kple aʋawɔla ƒomevi ɖe sia ɖe ƒe lã wòati mi’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
21“Maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le dukɔwo dome, eye dukɔwo katã akpɔ to si mehe na wo kple asi si meda ɖe wo dzi. 22Tso gbe ma gbe dzi la, Israel ƒe aƒe la anya be nyee nye Yehowa, woƒe Mawu. 23Dukɔawo hã anya be Israelviwo yi aboyome le woƒe nu vɔ̃wo ta, elabena womewɔ nuteƒe nam o. Eya ta meɣla nye ŋkume ɖe wo, metsɔ wo de asi na woƒe futɔwo, eye wo katã wotsi yi nu. 24Mewɔ nu ɖe wo ŋu le woƒe makɔmakɔnyenye kple woƒe dzidadawo nu, eye meɣla nye mo ɖe wo.
25“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Azɔ la, makplɔ Yakob agbɔe tso aboyome, makpɔ nublanui na Israelviwo katã, eye maʋã ŋu ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la ta. 26Woaŋlɔ woƒe ŋukpe kple aglã siwo katã wodze ɖe ŋunye la be, esime wonɔ dedie le woƒe anyigba si dzi ame aɖeke medo ŋɔdzi na wo le o. 27Ne mekplɔ wo gbɔe tso woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi la, maɖe ɖokuinye afia kɔkɔe le dukɔ geɖewo ŋkume. 28Ekema woanya be nyee nye Yehowa, woƒe Mawu, elabena togbɔ be meɖo wo ɖe aboyome ɖe dukɔwo dome hã la, maƒo wo nu ƒu, woava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye nyemagblẽ ɖeke ɖi o. 29Nyemagaɣla nye mo ɖe wo o, elabena makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe Israel ƒe aƒe la dzi.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”

Did you know?
The Defeat of Gog and Restoration of Israel
- The burial of Gog's fallen horde is described as taking seven months to cleanse the land. It takes place east of the Sea in the Valley of the Travelers, which is given the symbolic name the Valley of Hamon-gog, meaning the multitude of Gog, alongside a city named Hamonah.Sources: the Bible text itself · Hamonah · Valley of Hamongog
- Ezekiel addresses Gog as the chief prince of Meshech and Tubal from the land of Magog. Ancient traditions often linked Meshech with the Moschi between the Black and Caspian Seas, while early writers such as Jerome associated Magog with northern steppe peoples.Sources: the Bible text itself · Meshech · Magog
- The text depicts the inhabitants of Israel gathering abandoned wooden weapons—including shields, bows, arrows, and spears—to use as fuel for seven years, removing the need to harvest timber from the forests.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Meshech · Today: about 200 km around Gordion · 39.655, 31.994 · verse 1
- Tubal · Today: Tabal · 37.296, 36.254 · verse 1
- Salt Sea · Today: Dead Sea · 31.500, 35.500 · verse 11
- Hamonah · Today: in Abarim · 31.754, 35.715 · verse 16
- Bashan · 32.781, 35.935 · verse 18
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org