Ezekiel 37
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Ƒu ƒuƒuwo ƒe balime
1Yehowa ƒe asi va dzinye, eye Yehowa ƒe Gbɔgbɔ kplɔm do goe, eye wòdam ɖe balime aɖe ƒe titina; balime la yɔ fũu kple ƒuwo. 2Ekplɔm tso afii yi afi mɛ le wo dome, eye mekpɔ ƒu geɖewo le balime la ƒe anyigba. Ƒuawo ƒu kplakplakpla. 3Ebiam be, “Ame vi, ƒu siawo ate ŋu anɔ agbea?”
Megblɔ be, “O! Aƒetɔ Yehowa, wò ɖeka koe nya.”
4Tete wògblɔ nam be, “Gblɔ nya ɖi na ƒu siawo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ƒu ƒuƒuwo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya. 5Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na ƒu siawoe nye, mana gbɔgbɔ nage ɖe mia me, eye miagbɔ agbe. 6Made lãmeka mia me, lã naɖo mia ŋu, eye mafa ayi ɖe mia ŋu. Made yagbɔgbɔ mia me, eye miagbɔ agbe. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’ ”
7Ale megblɔ nya ɖi abe ale si wòɖo nam ene. Esi menɔ nya la gblɔm ɖi la, hoowɔwɔ sesẽ aɖe ɖi, eye ƒuawo ƒo ƒu hetɔ ɖe wo nɔewo nu. 8Meda ŋku ɖi, eye mekpɔ lãmekawo kple lã ɖo ƒuawo ŋu eye ayi fa ɖe wo ŋu, gake gbɔgbɔ mege ɖe wo me o.
9Eye wògblɔ nam be, “Gblɔ nya ɖi na ya, gblɔ nya ɖi, Ame vi, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Va, o, gbɔgbɔ, va tso ya eneawo me, eye nàgbɔ ɖe ame siwo wowu la me be woagbɔ agbe.’ ” 10Ale megblɔ nya ɖi abe ale si wòɖo nam ene, eye gbɔgbɔ ge ɖe wo me. Wogbɔ agbe, eye wotsi tsitre; aʋakɔ gã aɖee.
11Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ƒu siawo nye Israel ƒe aƒe blibo la. Wobe, ‘Míaƒe ƒuwo ƒu kplakplakpla; míaƒe mɔkpɔkpɔ bu; woɖe mí ɖa.’ 12Eya ta gblɔ nya ɖi, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: O, nye amewo, mele miaƒe yɔdowo ʋu ge, eye maɖe mi tso wo me: magbugbɔ mi ava Israelnyigba dzi. 13Ekema mi, nye amewo, mianya be nyee nye Yehowa, ne meʋu miaƒe yɔdowo, eye meɖe mi do goe tso wo me. 14Made nye Gbɔgbɔ mia me, mianɔ agbe, eye mana mianɔ miawo ŋutɔ miaƒe anyigba dzi. Ekema mianya be nye, Yehowa, meƒo nu, eye mewɔe hã; Yehowae gblɔe.’ ”
Dukɔ ɖeka le fia ɖeka te
15Yehowa ƒe nya va nam, 16“Ame vi, tsɔ ati aɖe, eye nàŋlɔ ɖe edzi be, ‘Enye Yuda kple Israelvi siwo dea ha kplii la tɔ.’ Emegbe la, nàtsɔ ati bubu, eye nàŋlɔ ɖe edzi be, ‘Efraim ƒe ati, enye Yosef kple Israel ƒe aƒe siwo katã dea ha kplii la tɔ.’ 17Tɔ wo ɖe wo nɔewo nu ale be woazu ɖeka le wò asi me.
18“Ne mia detɔwo bia wò be, ‘magblɔ nu si nèfia to esia me na mí oa?’ la, 19nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ Yosef ƒe ati, ati si le Efraim ƒe asi me la kple Israel ƒe to siwo katã dea ha kplii la tɔ, eye matɔe ɖe Yuda ƒe ati nu, eye woazu ɖeka le nye asi me.’ 20Lé ati siwo dzi nèŋlɔ nu ɖo la ɖe woƒe ŋkume, 21eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Maɖe Israelviwo ɖa tso dukɔ siwo me woyi la me. Maƒo wo nu ƒu tso teƒeawo katã, eye makplɔ wo ava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. 22Mawɔ wo dukɔ ɖekae le anyigba la dzi, le Israel ƒe towo dzi. Fia ɖeka aɖu wo katã dzi, womaganye dukɔ eve akpɔ o loo alo woama wo ɖe fiaɖuƒe eve me o. 23Womagagblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo kple woƒe legbawo alo ametikpakpɛ nyɔŋuwo alo kple woƒe nu vɔ̃wo dometɔ aɖeke o, elabena maɖe wo tso woƒe megbededewo katã me, eye makɔ wo ŋu. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu.
24“ ‘Nye dɔla, David anye woƒe fia, eye kplɔla ɖeka anɔ wo si. Woazɔ ɖe nye seawo nu, eye woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi. 25Woanɔ anyigba si metsɔ na nye dɔla Yakob, anyigba si dzi mia fofowo nɔ la dzi. Woawo kple wo viwo kple wo viwo ƒe viwo anɔ afi ma tegbetegbe, eye David, nye dɔla, anye woƒe fiaviŋutsu tegbetegbe. 26Mawɔ ŋutifafa ƒe nubabla kpli wo, wòanye nubabla mavɔ. Maɖo wo gɔme anyi, madzi woƒe xexlẽme ɖe edzi, eye mali ke nye kɔkɔeƒe la ɖe wo dome tegbetegbe. 27Nye nɔƒe anɔ wo dome; manye woƒe Mawu, eye woanye nye amewo. 28Ekema dukɔwo anya be, nye Aƒetɔ lae wɔ Israel kɔkɔe le esime nye Kɔkɔeƒe la le wo dome tegbetegbe.’ ”
Did you know?
The Valley of Dry Bones and the Restoration of Israel
- Ezekiel is brought by the Spirit into a valley filled with dry bones, which God identifies as the whole house of Israel saying their hope is lost. Through the prophet's words, the bones assemble, receive flesh and skin, and are filled with breath from the four winds, symbolizing God raising the people from exile and restoring them to their land.Sources: the Bible text itself
- God directs Ezekiel to write on two separate wooden sticks—one representing Judah and the other representing Joseph and Ephraim—and hold them together so they become one. This sign represents the reunification of the divided northern and southern kingdoms into a single nation ruled by one shepherd called David.Sources: the Bible text itself · Ephraim · David
- The restored people are promised permanent dwelling in the land originally given to Jacob, accompanied by an everlasting covenant of peace. God declares that his sanctuary will be set among them forever, serving as a sign of their sanctification to all nations.Sources: the Bible text itself · Jacob (Israel)
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org