Nations Bible

Ezekiel 34

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Alẽkplɔlawo kple alẽwo

1Yehowa ƒe nya va nam be, 2“Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe alẽkplɔlawo ŋu. Gblɔ nya ɖi be nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Babaa na Israel ƒe alẽkplɔlawo, ame siwo léa be na woawo ŋutɔ ɖokuiwo ko! Ɖe alẽkplɔlawo makpɔ alẽhawo dzi oa? 3Mienoa woƒe notsi, miedoa awu siwo wotsɔ woƒe alẽfu wɔe, eye miewua lã damitɔwo, ke mieléa be na alẽhawo o. 4Miedo ŋusẽ alẽ siwo gbɔdzɔ o, mieda gbe le alẽ siwo dze dɔ la ŋu o, eye miebla abi na esiwo nu vevi wɔ o. Miekplɔ esiwo tra mɔ la gbɔe o, eye miedi esiwo bu o. Miekplɔ wo kple dzimagbɔɖi, eye miewɔ funyafunya wo. 5Ale wokaka, elabena alẽkplɔla aɖeke mele wo si o, eye esi wokaka la, wozu nuɖuɖu na lã wɔadãwo. 6Nye alẽwo tsa tsaglalã le towo kple togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi. Wokaka ɖe afi sia afi le anyigba dzi, eye ame aɖeke medi wo o.’

7“Eya ta, mi alẽkplɔlawo, mise Yehowa ƒe nya. 8‘Nye Aƒetɔ Yehowa, meta nye agbe be, esi alẽkplɔla meli na nye alẽawo o, zi ale si woha nye alẽawo, eye wozu nuɖuɖu na lã wɔadãwo, eye esi nye alẽkplɔlawo medi nye alẽawo o, ke boŋ wolé be na woawo ŋutɔ ɖokui, eye menye na nye alẽawo o ta la, 9eya ta o, alẽkplɔlawo, mise Yehowa ƒe nyawo.’ 10Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Metso ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye mana woana akɔnta tso nye alẽha ŋu. Mana woadzudzɔ alẽawo kpɔkplɔ ale be, alẽkplɔlawo magate ŋu ana nuɖuɖu wo ɖokuiwo o. Maɖe nye alẽha tso woƒe nu me, eye womaganye nuɖuɖu na wo o.’

11“Elabena esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ, ‘Nye ŋutɔ madi nye alẽwo, eye makpɔ wo dzi. 12Abe ale si alẽkplɔla kpɔa eƒe alẽ siwo ka hlẽ dzi ne ele wo gbɔ ene la, nenemae makpɔ nye alẽawo dzii. Maɖe wo tso teƒe siwo katã woka hlẽ yi la le lilikpowo kple viviti ƒe ŋkeke aɖe dzi. 13Maɖe wo tso dukɔwo me, maƒo ƒu wo tso anyigbawo dzi, eye makplɔ wo ava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Mana woaɖu gbe le Israel towo dzi, le Israel ƒe baliwo me kple amenɔƒewo katã le anyigba la dzi. 14Makpɔ wo dzi le lãnyiƒe nyui aɖe, eye Israel ƒe tonyigbawo anye woƒe gbeɖuƒe. Afi ma woatsyɔ akɔ anyi ɖe gbeɖuƒe nyui aɖe, eye afi ma woaɖu gbe le lãnyiƒe dama aɖe le Israel ƒe towo dzi. 15Nye ŋutɔ makpɔ nye alẽwo dzi, eye mana woamlɔ anyi.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 16Madi nye alẽ bubuawo, eye makplɔ mɔtralawo agbɔe. Mabla abi na esiwo nu vevi wɔ, mado ŋusẽ esiwo gbɔdzɔ, ke mawu esiwo da ami kple esiwo nye lãmesẽtɔwo la. Makpɔ nye alẽawo dzi kple dzɔdzɔenyenye.

17“Ke na mi, nye alẽawo la, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. ‘Madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ ɖeka kple alẽ bubu dome kple le agbowo kple gbɔ̃wo dome. 18Ɖe mesɔ gbɔ na mi be miaɖu gbe le lãnyiƒe damawo oa? Ɖe wòle be miatu afɔ miaƒe lãnyiƒe si susɔ la dzia? Mesɔ gbɔ na mi be miano tsi nyui oa? Ɖe wòle be miatsɔ miaƒe afɔ ablu ba ɖe tsi si susɔ la mea? 19Ɖe wòle be nye alẽha naɖu gbe si dzi mietu afɔe eye woano tsi si me miefa ba ɖo kple miaƒe afɔwoa?’

20“Eya ta nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na woe nye, ‘Kpɔ ɖa, nye ŋutɔ madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ damiwo kple alẽ ɖikuwo dome. 21Esi mietsɔ axadame kple abɔta mimi lã ŋusẽmanɔŋutɔwo katã ɖo, eye mietu dzo wo va se ɖe esime mienya wo de gbe la, 22maɖe nye alẽha la, eye womagaha wo azɔ o. Madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ ɖeka kple bubu dome. 23Mana alẽkplɔla ɖeka nye dɔla David nakplɔ wo, eye wòakpɔ wo dzi abe woƒe alẽkplɔla ene. 24Nye, Yehowa, manye woƒe Mawu, eye nye dɔla, David anye fiavi ŋutsuvi anɔ wo dome.’ Nye, Yehowae gblɔe.

25“ ‘Mabla ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye maɖe lã wɔadãwo ɖa le anyigba la dzi, ale be woanɔ gbegbe, eye woadɔ alɔ̃ le avewo me le dedinɔnɔ me. 26Mayra wo kpe ɖe teƒe siwo ƒo xlã nye to la ŋu. Mana tsi nadza le tsidzaɣi, yayra ƒe agbafie anɔ anyi. 27Atiwo le gbedzi atse ku, eye anyigba ana nuku nyuiwo, eye amewo anɔ dedie le woƒe anyigba dzi. Woanya be nyee nye Yehowa, ne meŋe woƒe kɔkutimegawo, eye meɖe wo tso ame siwo wɔ wo kluviwoe la ƒe asi me. 28Dukɔwo magaha wo azɔ o, eye lã wɔadãwo magavuvu wo o. Woanɔ anyi le dedinɔnɔ me, eye ame aɖeke magado ŋɔdzi na wo o. 29Mana anyigba si xɔ ŋkɔ le eƒe nukuwo ta la wo, womagakpe fu le dɔwuame ƒe asi me le woƒe anyigba dzi o, eye dukɔwo magaɖu fewu le wo ŋu azɔ o. 30Ekema woanya be nye, Yehowa, woƒe Mawu la meli kpli wo, eye woawo, Israel ƒe aƒe la me tɔwo, nye nye amewo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 31Mi, nye alẽwo, alẽwo le nye lãnyiƒe mienye, eye nyee nye miaƒe Mawu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ”

Did you know?

The Shepherds and the Flock of Israel

  • In ancient biblical imagery, leaders and rulers were often described as shepherds responsible for guiding and protecting the people. Ezekiel condemns the leaders of Israel for exploiting their position by feeding on the wool and meat while neglecting to heal, bind up, or seek out the vulnerable sheep in their care.Sources: the Bible text itself
  • Ezekiel's prophetic ministry began around 592 BC, centuries after the historical King David had tended sheep on the uplands of Judah. In this prophecy, God promises to appoint 'my servant David' as a single shepherd and prince to feed and protect the scattered flock.Sources: David · Prophecies of Ezekiel · the Bible text itself
  • The chapter culminates in a promised 'covenant of peace,' in which dangerous beasts are removed, seasonal rains bring agricultural abundance, and the broken bars of servitude are removed so the people may live without fear.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.