Ezekiel 30
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Konyifaha na Egipte
1Yehowa ƒe nya va nam be, 2“Ame vi, gblɔ nya ɖi be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Mifa avi, miagblɔ be,
Baba na ŋkeke ma,
3elabena ŋkeke ma gogo,
Yehowa ƒe ŋkeke ma tu aƒe,
ŋkeke si dzi blukɔ ado,
ŋkeke si ahe dzɔgbevɔ̃e va dukɔwo dzi.
4Yi aɖe atso ɖe Egipte ŋu,
eye ŋɔdzi aɖo Kus.
Ne ame ku le Egipte la,
woalɔ Egipte ƒe kesinɔnuwo adzoe,
eye woakaka eƒe gɔmeɖoɖo ƒe agunu.
5Kus kple Libia, Lidia kple Arabia katã, Kub kple dukɔ siwo katã me tɔwo le nubabla la me la, atsi yinu kpe ɖe Egiptetɔwo ŋu.’
6“Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Egipte dzi nɔlawo adze anyi,
eye eƒe ŋusẽ si dzi wòdana ɖo la ayi to
tso Migdol va se ɖe Aswan;
woatsi yinu le eme.’
Aƒetɔ Yehowa gblɔe.
7“Woazu gbegbe le anyigba
siwo wogblẽ la dome,
eye woƒe duwo anɔ du
siwo wogbã la dome.
8Ekema woanya be nyee nye Yehowa,
ne metɔ dzo Egipte,
eye mefanya eƒe kpeɖeŋutɔwo katã.
9“Gbe ma gbe la, ame dɔdɔwo atso gbɔnye anɔ tɔdziʋuwo me be woado ŋɔdzi na Kus le eƒe ɖokuiŋudzedze me. Vɔvɔ̃ aɖo wo le Egipte ƒe dzɔgbevɔ̃eŋkeke la ta, elabena ele vava ge godoo.
10“ ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Matsrɔ̃ Egipte ameha gã la to Nebukadnezar,
Babilonia fia ƒe asi dzi.
11Woakplɔ eya kple eƒe aʋakɔ,
ame siwo mekpɔa nublanui na
amewo le dukɔwo katã dome o la,
vɛ be woagblẽ anyigba la.
Woaɖe woƒe yi le aku me ɖe Egipte ŋu,
eye woana ame kukuwo nayɔ anyigba la dzi.
12Mana Nil tɔsisi la namie,
eye madzra anyigba la na ame vɔ̃ɖiwo.
Mana amedzrowo ƒe asi nagblẽ anyigba la
kple nu sia nu si le edzi.
Nye, Yehowae ƒo nu.
13“ ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Magbã woƒe legbawo, eye maɖe aklamakpakpɛ
siwo le Memfis la ɖa.
Dziɖula aɖeke maganɔ Egipte azɔ o,
eye mana vɔvɔ̃ naɖo ame sia
ame le anyigba la dzi.
14Mana Egipte ƒe dzigbeme nazu gbegbe,
matɔ dzo Zoan, eye mahe to na Tebes.
15Matrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe Pelusium,
Egipte ƒe mɔ sesẽtɔ la dzi,
eye matsrɔ̃ Tebes ƒe amehawo.
16Matɔ dzo Egipte;
Pelusium anɔ ŋeŋem kple vevesese,
ahom akplɔ Tebes adzoe,
eye Memfis axaxa le nyadzɔɖeamedziwo ta.
17Heliopolis kple Bubastis ƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu,
eye duawo me tɔwo ŋutɔ aɖe aboyo wo ɖokuiwo.
18Tapanhes ƒe ŋkeke ado viviti,
ne mekaka Egipte ƒe kɔkuti;
afi mae Egipte ƒe ŋusẽ, si dzi wòdana ɖo la,
aɖo eƒe seƒe le.
Lilikpo atsyɔ edzi, eye woaɖe aboyo
eƒe duwo me tɔwo.
19Ale mahe to na Egipte,
eye wòanya be nyee nye Yehowa.’ ”
20Le ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke adrelia gbe la, Yehowa ƒe gbe va nam be, 21“Ame vi, meŋe Farao, Egipte fia ƒe abɔ ɖeka. Womeblae kple avɔ wòatsya o, eye womeblae kple ati be, wòagasẽ alé yi o. 22Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Metso ɖe Farao, Egipte fia ŋu. Maŋe eƒe abɔ eveawo, eye mana yi nage le esi. 23Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye maka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi. 24Mado ŋusẽ Babilonia fia ƒe abɔwo, eye matsɔ nye yi ade asi nɛ, ke maŋe Farao ƒe abɔwo, eye wòanɔ ŋeŋem le eŋkume abe ame si ŋu wode kubi ene. 25Mado ŋusẽ Babilonia fia ƒe abɔwo, ke Farao ya ƒe abɔwo aku ɖe eŋuti. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, ne metsɔ nye yi de asi na Babilonia fia be woanyee le yame ɖe Egipte ŋu. 26Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye makaka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’ ”

Did you know?
Judgment on Egypt and Her Allies
- Ezekiel names Nebuchadnezzar, the king of Babylon, as the instrument chosen to bring ruin upon Egypt and defeat its multitudes.Sources: Nebuchadnezzar · the Bible text itself
- The oracle lists major religious and administrative centers across Egypt, including Memphis (Noph), Thebes (No), and the key fortified border city of Pelusium (Sin).Sources: Memphis · Pelusium · Thebes · the Bible text itself
- The prophecy also warns Egypt's regional allies and neighbors, such as Cush to the south, that they will share in the panic and collapse when Egypt falls.Sources: Cush · the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Cush · Today: Cush 1 · 16.935, 33.751 · verses 4, 5, 9
- Egypt · 30.129, 31.308 · verses 4, 5, 6, 7, 8, 9, 10, 11, 12, 13, 15, 16, 18, 19, 21, 22, 23, 24, 25, 26
- Arabia · Today: Arabian Peninsula · 23.000, 46.000 · verse 5
- Libya · 32.821, 21.851 · verse 5
- Syene · Today: Aswan · 24.089, 32.900 · verse 6
- Babylon · 32.543, 44.422 · verses 10, 24, 25
- Nile · Today: Nile River · 31.465, 30.367 · verse 12
- Memphis · 29.849, 31.253 · verses 13, 16
- Pathros · Today: Upper Egypt · 24.100, 32.700 · verse 14
- Thebes · 25.721, 32.610 · verses 14, 15, 16
- Zoan · Today: Tanis · 30.977, 31.880 · verse 14
- Pelusium · Today: Tell el Farama · 31.043, 32.546 · verses 15, 16
- Heliopolis · Today: Ain Shams · 30.129, 31.308 · verse 17
- Pi-beseth · Today: Tell Basteh · 30.573, 31.510 · verse 17
- Tahpanhes · Today: Tell Defenneh · 30.861, 32.171 · verse 18
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org