Ezekiel 13
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Fɔbubu alakpanyagblɔɖilawo
1Yehowa ƒe nya va nam be, 2“Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe nyagblɔɖila siwo le nya gblɔm ɖi fifia la ŋu. Gblɔe na wo dometɔ siwo gblɔa nya ɖi tso woawo ŋutɔ ƒe susu me be, ‘Mise Yehowa ƒe nya!’ ” 3Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Baba na nyagblɔɖila siwo nye abunɛtɔwo, ame siwo dzea woawo ŋutɔ ƒe gbɔgbɔ yome, eye womekpɔa naneke o! 4O Israel, wò nyagblɔɖilawo le abe abei siwo le gli gbagbãwo dome ene. 5Mieyi glia ƒe gbagbãƒewo ne miadzrae ɖo na Israel ƒe aƒe la, ale be wòate ŋu anɔ te sesĩe le aʋa me le Yehowa ƒe ŋkeke la dzi o. 6Woƒe ŋutegawo nye aʋatso, eye woƒe nukakawo nye alakpa; wogblɔna be, “Yehowae gblɔe,” le esime Yehowa medɔ wo o, ke wokpɔa mɔ be, yewoƒe nyawo nava eme. 7Ɖe miekpɔa aʋatsoŋutegawo, eye miekaa alakpanu esi miegblɔ be, “Yehowae gblɔe” evɔ nyemegblɔ nenema oa?
8“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Le miaƒe nya dzodzrowo kple miaƒe alakpaŋutegawo ta la, metso ɖe mia ŋu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 9Makɔ nye asi dzi ɖe nyagblɔɖila siwo kpɔa alakpaŋutegawo ŋu, eye womanɔ nye amewo ƒe aɖaŋudelawo dome o. Wokaa aʋatsonukakawo, womaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe Israel ƒe aƒemetɔwo dome o, eye womage ɖe Israel ƒe anyigba dzi hã o. Ekema mianya be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.’ ”
10“Le esime wokplɔ nye amewo trae to gbɔgblɔ me be, ‘Ŋutifafa’ li, esime ŋutifafa menɔ anyi o, eye ne wotu gli masemasẽ aɖe la, wosiaa akalo nɛ la, 11eya ta gblɔ na akalosilawo be, gli la le mumu ge. Tsi adza bababa, maɖo tsikpe ɖa, eye mana ahom sesẽwo natu. 12Ne gli la mu la, ɖe amewo mabia mi be, ‘Afi ka akalo si miesi nɛ la le o’ mahã?”
13“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Eya ta le nye dɔmedzoe me la, mana ya sesẽ aɖe naƒo, eye le nye dziku me la, mana tsikpe kple tsi nadza bababa, eye woagblẽ nu. 14Mamu gli si miesi akalo na, magbãe wòasɔ kple anyigba, ale be eƒe gɔmeɖoɖo natsi gota. Ne emu la, atsrɔ̃ mi, ekema mianyae be, nyee nye Yehowa. 15Ale maɖe nye dziku helĩhelĩ ɖe gli la kple ame siwo si akalo nɛ la ŋu. Magblɔ na mi be, “Gli la megali o, eya ta ame siwo si akalo nɛ la hã maganɔ anyi o. 16Israel ƒe nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi le Yerusalem la, kpɔ ŋutifafa ƒe ŋutega, le esime ŋutifafa aɖeke menɔ anyi o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” ’
17“Azɔ, ame vi, trɔ wò mo ɖe wò amewo ƒe vinyɔnuvi siwo gblɔ nya ɖi le woawo ŋutɔ ƒe susu nu la ŋu. Gblɔ nya ɖi tsi tsitre ɖe wo ŋu, 18nàgblɔ be nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Baba na nyɔnu siwo doa dzokawo ɖe woƒe alɔnuwo katã, eye wowɔa motsyɔnu didime vovovowo ɖe ta, ale be woatre mɔ na amewo. Ɖe miatre mɔ na nye amewo ƒe agbe, ke miaɖe miawo ŋutɔ tɔa? 19Miegblɔ nya vlowo ɖe ŋunye le nye amewo dome ɖe lu asiʋlo ʋɛ aɖewo kple abolo kakɛwo ta. To miaƒe aʋatsokaka na nye ame siwo ɖoa to miaƒe alakpanyawo me la, miewu ame siwo maku hafi o, eye mieɖe ame siwo matsi agbe hafi o la ƒe agbe.’
20“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Metsi tsitre ɖe miaƒe dzoka siwo mietsɔna ɖea amewo abe xeviwo ene la ŋuti, eye maɖe wo ɖa le miaƒe abɔwo ŋu. Mana ablɔɖe ame siwo mietre mɔ na abe xeviwo ene. 21Mavuvu miaƒe motsyɔnuwo, maɖe nye amewo tso miaƒe asi me, eye womaganɔ miaƒe ŋusẽ te o. Ekema mianya be nyee nye Yehowa. 22Esi mietsɔ alakpa ɖe dzi le ame dzɔdzɔewo ƒo le esime nyemeda nuxaxa ɖe wo dzi o, eye esi miedo ŋusẽ ame vɔ̃ɖiwo be womagaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃ɖiwo ŋu o, ale be woaɖe woƒe agbe o ta la, 23miagakpɔ alakpaŋutegawo o, eye miagagblɔ alakpanyawo ɖi o. Maɖe nye amewo tso miaƒe asi me. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’ ”
Did you know?
False Prophets and Magical Charms
- Ezekiel compares deceptive prophets to builders who construct a flimsy wall and coat it with whitewash to hide its weakness. Their false promises of peace are depicted as fragile plaster that will be completely washed away when violent storms, torrents of rain, and hailstones strike.Sources: the Bible text itself
- The chapter also addresses women who practiced folk divination, sewing magic charms onto their wrists and crafting special veils to control or exploit people. These practices were carried out for minimal payments, described by the prophet as mere handfuls of barley and scraps of bread.Sources: the Bible text itself
- As a consequence of their deceit, false prophets were warned that they would be removed from the council of the people, omitted from the official genealogical register of Israel, and barred from ever returning to the land.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 16
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org