Ezekiel 11
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Ʋɔnudɔdrɔ̃ Israel ƒe kplɔlawo
1Tete Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi, eye wòkɔm yi Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nu. Ŋutsu blaeve vɔ atɔ̃ wonɔ agbo la nu, eye mekpɔ Yazania, Azur ƒe vi kple Pelatia, Benaya ƒe vi, ameawo nunɔlawo le ameawo dome. 2Yehowa gblɔ nam be, “Ame vi, ame siawoe le nugbe ɖom ɖe dua ŋu, eye wole aɖaŋu vɔ̃ ɖom na amewo le dua me. 3Wogblɔna be, ‘Menye ɣeyiɣi kpui aɖe koe susɔ woatu xɔwo oa?’ Du sia nye nuɖaze aɖe, eye míawoe nye lã la. 4Eya ta migblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu; ame vi, gblɔ nya ɖi.”
5Tete Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va dzinye, eye wògblɔ nam be magblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: nya ma gblɔm miele, O! Israel ƒe aƒe, ke menya nu siwo le miaƒe susu me. 6Miewu ame geɖewo le du sia me, eye miaƒe ablɔwo dzi yɔ fũu kple ame kukuwo.
7“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ame kuku siwo mietsɔ ƒu gbe ɖe afi ma lae nye lã la, eye du siae nye nuɖaze la, gake manya mi do goe le dua me. 8Mievɔ̃a yi, eye yie nye nu si matsɔ ɖe mia ŋu.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 9Manya mi do goe le dua me, ahatsɔ mi ade asi na amedzrowo, eye mahe to na mi. 10Miatsi yi nu, eye madrɔ̃ ʋɔnu mi le Israel ƒe liƒowo dzi. Ekema mianya be nyee nye Yehowa. 11Du sia manye nuɖaze na mi o alo mianye lã le eme o. Madrɔ̃ ʋɔnu mi le Israel ƒe liƒowo dzi, 12eye mianya be nyee nye Yehowa, elabena miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu alo wɔ nye sewo dzi o, ke boŋ miewɔa nu siwo dukɔ siwo ƒo xlã mi la wɔna.”
13Azɔ la, esi menɔ nya gblɔm ɖi la, Pelatia, Benaya ƒe vi ku. Tete metsyɔ mo anyi hedo ɣli sesĩe be, “A! Aƒetɔ Yehowa! Ɖe nàtsrɔ̃ Israel ƒe ame mamlɛawo keŋkeŋua?”
14Yehowa ƒe nya va nam be, 15“Ame vi, nɔviwò siwo nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple ʋu le aboyome kpli wò kple Israel ƒe aƒe blibo la ŋue Yerusalemtɔwo gblɔ le be, ‘Wole adzɔge ke tso Yehowa gbɔ; wotsɔ anyigba sia na mí be wòanye míatɔ.’ ”
Ŋugbedodo tso Israel ƒe tɔtrɔ gbɔ ŋuti
16“Eya ta gblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: togbɔ be meɖo wo ɖe didiƒe, ɖe dukɔwo dome, eye mekaka wo ɖe anyigbawo dzi hã la, menye sitsoƒe na wo ɣeyiɣi kpui aɖe le anyigba siwo dzi woyi.’
17“Eya ta gblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Maƒo mia nu ƒu tso dukɔawo dome, makplɔ mi agbɔe tso anyigba siwo dzi wokaka mi ɖo, eye magatsɔ Israel ƒe anyigba ana mi.’
18“Woagbugbɔ va edzi, eye woaɖe eƒe aklamakpakpɛ maɖinuwo katã kple legba nyɔŋuwo katã ɖa. 19Mana dzi si to mɔ ɖeka wo, eye made gbɔgbɔ yeye wo me. Maɖe kpedzi la ɖa le wo me, eye mana lãkusidzi wo. 20Ekema woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi, eye woakpɔ egbɔ be, yewowɔ nye seawo dzi. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu. 21Ke ame siwo ƒe dzi ku ɖe woƒe aklamakpakpɛ maɖinuwo kple legba nyɔŋuwo ŋu la, mana nu siwo wowɔ la nava woawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
22Tete kerubiawo keke woƒe aʋalawo esime tasiaɖamfɔtiawo nɔ wo xa, eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe nɔ wo tame. 23Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yi dzi tso dua me, eye wòtɔ ɖe to si le dua ƒe ɣedzeƒe la tame. 24Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi hedam ɖe aboyome siwo nɔ Babilonia la dome le ŋutega si Mawu ƒe Gbɔgbɔ na mekpɔ la me.
Tete ŋutega si mekpɔ la, dzo le gbɔnye, 25eye megblɔ nu siwo katã Yehowa ɖe fiam la na aboyomeawo.

Did you know?
Judgment on Jerusalem and Hope for the Exiles
- At the east gate of the temple in Jerusalem, Ezekiel saw twenty-five leaders, including Jaazaniah son of Azzur and Pelatiah son of Benaiah, offering wicked counsel and claiming the city would protect them like a cooking pot. While Ezekiel was delivering God's message of judgment, Pelatiah died suddenly, prompting the prophet to mourn and plead for the remnant of Israel.Sources: the Bible text itself · Pelatiah · Jaazaniah · Azur
- While the inhabitants remaining in Jerusalem claimed the exiled community was rejected and far from the LORD, God announced that he would be a sanctuary for the exiles among the nations. He promised to gather them, remove their heart of stone, and grant them a heart of flesh obedient to his statutes.Sources: the Bible text itself
- Ezekiel watched the cherubim spread their wings as the glory of the LORD departed from the midst of Jerusalem and rested over the mountain to the east. The vision concluded as the Spirit carried Ezekiel back to the exiles in Chaldea, where he reported everything he had seen.Sources: the Bible text itself · Chaldea · Jerusalem
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- East Gate · Today: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 1
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 9, 15, 24
- Chaldea · 30.962, 46.104 · verse 24
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org