Nations Bible

Esther 5

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Ester ƒo koko na Fia la

1Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Ester do eƒe fiawu, eye wòyi fiasã la ƒe xɔxɔnu emetɔ me le afi si amewo ƒoa ƒu ɖo le fiasã la me la ŋgɔ. Fia la nɔ eƒe fiazikpui dzi le afi ma hedze ŋgɔ mɔa nu. 2Esi wòkpɔ Fianyɔnu Ester wòtsi tsitre ɖe afi ma la, edo dzaa nɛ, eye wòtsɔ sikafiatikplɔ si wolé ɖe asi la do ɖee. Ale Ester te ɖe eŋu, eye wòlé fiatikplɔ la tame.

3Fia la biae be, “Nu kae nye wò didi, Fianyɔnu Ester? Nu ka nàbia? Nu sia nu si nàbia la, mana wò, ne èbia nye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃ hã, matsɔe na wò!”

4Ester ɖo eŋu be, “Ne edze ŋuwò la, medi be wò kple Haman miava kplɔ̃ si meɖo na wò egbe la ŋu.”

5Fia la gblɔ na eƒe subɔlawo be, “Miyi miagblɔ na Haman be wòaɖe abla ava, ale be miawɔ ɖe Ester ƒe didi dzi.”

Ale fia la kple Haman woyi kplɔ̃ si Ester ɖo la ŋu.

6Esi wonɔ wain nom la, fia la gblɔ na Ester be, “Gblɔ nu si tututu nèhiã la nam azɔ, eye matsɔe na wò, ne èbia nye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃ hã, matsɔe na wò!”

7Ester ɖo eŋu be, “Esiae nye nye biabia kple kukuɖeɖe. 8Nenye be fia la nyo dɔ me nam, eye nenye be edze fia la ŋu be wòawɔ ɖe nye didi kple biabia dzi la, ekema fia la kple Haman negava ɖu nu le kplɔ̃ si maɖo na wò etsɔ la ŋu. Ekema maɖo fia la ƒe biabia ŋu nɛ.”

Haman do dɔmedzoe ɖe Mordekai ŋu

9Esi wokaka le kplɔ̃a ŋu la, Haman dzo kple dzidzɔ gã aɖe. Esi wòkpɔ Mordekai le agboa nu, eye Mordekai metsi tsitre alo dzo nyanyanya le eŋkume o la, edo dɔmedzoe ŋutɔ. 10Ke eɖu eɖokui dzi, yi aƒe me, eye wòyɔ exɔlɔ̃wo kple srɔ̃a Zeres. 11Eƒo adegbe le eƒe gakpɔkpɔ vivivo, viŋutsuwo ƒe agbɔsɔsɔ, ale si fia la doe ɖe dzii kple ale si wòzu ame gãtɔ si kplɔ fia la ɖo le fiaɖuƒe la me la ŋu. 12Eyi edzi be, “Ɛ̃, menye ema koe o; Fianyɔnu Ester kpe nye kple fia la ɖeɖe pɛ ko ɖe kplɔ̃ si wòɖo na mí la ŋu. Gawu la, egakpe mí na etsɔ hã! 13Ke esiawo katã maɖi ƒo nam o, zi ale si Mordekai, Yudatɔ ma nɔ anyi ɖe fia la ƒe agbo nu mele kpɔkpɔm.”

14Zeres, Haman srɔ̃ kple Haman xɔlɔ̃wo katã gblɔ nɛ be, “Enyo; tu kadeveti aɖe wòakɔ mita blaeve-vɔ-etɔ̃. Ne ŋu ke la, nàbia fia la be wòana mɔ wò nade ka ve na Mordekai ɖe kadeveti la ŋu. Ne èwɔ esia vɔ la, ekema àte ŋu agayi kplɔ̃ la ŋu kple fia la kple dzidzɔ.” Aɖaŋu sia dze Haman ŋu ŋutɔ, eya ta wòna wotu kadeveti la.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Esther Before the King and Haman's Plot

  • When Esther entered the inner court in her royal attire, King Ahasuerus extended the golden scepter toward her, signifying his favor and inviting her to present her request.Sources: the Bible text itself
  • Haman served as the vizier or prime minister to King Ahasuerus and is identified as an Agagite, linking him to the royal family of the Amalekites, historical enemies of the Jews.Sources: Haman · the Bible text itself
  • Frustrated that Mordecai would neither rise nor tremble before him at the king's gate, Haman followed the advice of his wife Zeresh and his friends to construct a gallows fifty cubits high.Sources: Zeresh · the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.